Enuɖetinɔnyɔ nɔ Akpaxwe 9
Akpa sia ƒo nu tso ɖeviwo, nyagblɔɖilawo kple fia siwo xɔ Yehowa dzi se le mɔ wɔnukuwo nu la ŋu. Israel nyɔnuvi aɖe si nɔ Siria-nyigba dzi la xɔe se be Yehowa ƒe nyagblɔɖila ate ŋu ada dɔ na Naaman. Nyagblɔɖila Elisa ka ɖe edzi bliboe be Yehowa akpɔ ye ta tso aʋawɔla siwo nye eƒe futɔwo la si me. Nunɔlagã Yehoyada de eƒe agbe afɔku me tsɔ kpɔ Yehoas ta le eƒe ɖevime tso mamaa vɔ̃ɖi Ataliya si me. Fia Hizkiya ka ɖe edzi be Yehowa axɔ na Yerusalem eye mevɔ̃ Asiriatɔwo ƒe ŋɔdzidodoa o. Fia Yosiya ɖe trɔ̃subɔsubɔ ɖa le anyigba la dzi, eɖɔ gbedoxɔa ɖo eye wòna dukɔa gatrɔ ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu.