Enuɖetinɔnyɔ nɔ Akpaxwe 10
Yehowa nye Fia ɖe nuwo katã dzi. Eyae kpɔ ŋusẽ ɖe nuwo katã dzi eye akpɔ ŋusẽ ɖe nuwo katã dzi ɣesiaɣi. Le kpɔɖeŋu me, exɔ na Yeremiya esime wodee vudo me be wòaku. Eɖe Sadrak, Mesak kple Abednego tso kpodzo bibi aɖe me eye wòɖe Daniel tso dzatawo si me. Yehowa kpɔ Esta ta ale be wòate ŋu axɔ na eƒe dukɔ bliboa. Mawu maɖe mɔ nu vlo wɔwɔ nayi edzi tegbee o. Nyagblɔɖi siwo ƒo nu tso legba gã la kple ati gã la ŋu ɖo kpe edzi be eteƒe madidi o Yehowa ƒe Fiaɖuƒea ava ɖe nu vlo wɔwɔwo katã ɖa eye eya ŋutɔ ƒe Fiaɖuƒea naɖu anyigbaa dzi.