Enuɖetinɔnyɔ nɔ Akpaxwe 14
Kristotɔ gbãtɔawo ɖe gbeƒã Fiaɖuƒeŋutinya nyuia yi anyigba ƒe seƒe ke. Yesu fia afi si woaɖe gbeƒã le la wo eye wòkpe ɖe wo ŋu nukutɔe wofia nu amewo le wo degbe me. Yehowa na wo dzideƒo kple ŋusẽ be woaɖu yometiti sesẽwo dzi.
Yesu na apostolo Yohanes kpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe le ŋutega aɖe me. Le ŋutega bubu me la, Yohanes kpɔ Dziƒofiaɖuƒea wòɖu Satana dzi eye wòxɔ ŋusẽ le esi tegbee. Yohanes kpɔ Yesu wònɔ Fia ɖum eye eƒe hatidziɖula ame 144,000-awo le eŋu. Yohanes gakpɔ anyigba bliboa wòzu paradiso. Ame sia ame le Yehowa subɔm le ŋutifafa me eye wowɔ ɖeka.