Enuɖetinɔnyɔ nɔ Akpaxwe 2
Nu ka tae Yehowa na tsiɖɔɖɔ va tsrɔ̃ xexe si nɔ anyi ɣemaɣi? Tso amegbetɔwo ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze ke la, nyui kple vɔ̃ ƒe ʋiʋli aɖe dze egɔme. Ame aɖewo abe Adam, Xawa kple wo viŋutsu Kain tiae be yewoawɔ nu vɔ̃. Ame bubuwo abe Abel kple Noa ene ya tiae be yewoawɔ nu nyui. Ame geɖe va vɔ̃ɖi ale gbegbe be Yehowa tsrɔ̃ xexe vɔ̃ɖi ma. Akpa sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔe be Yehowa kpɔa nu siwo míewɔna eye maɖe mɔ vɔ̃ naɖu nyui dzi gbeɖe o.