ƐNTƐNƐTI JI WEMADADOXU Watchtower Tɔ
Watchtower
ƐNTƐNƐTI JI WEMADADOXU
Aja
À
  • À
  • à
  • Á
  • á
  • É
  • é
  • È
  • è
  • Ɛ
  • ɛ
  • Ɖ
  • ɖ
  • Ó
  • ó
  • Ò
  • ò
  • Ú
  • ú
  • Ù
  • ù
  • Í
  • í
  • Ì
  • ì
  • Ɔ́
  • ɔ́
  • Ɔ̀
  • ɔ̀
  • Ɔ̌
  • Ӡ
  • ӡ
  • BIBLA
  • WEMAWO
  • BƆBƆWO
  • mwbr19 octobre kpashi. 1-7
  • Agbenɔnɔ koɖo sumɔsumɔdɔ bɔbɔ nukplawema nyɔsoxuwo (octobre 2019)

Video ɖe deli nɔ ecɛ ci èsɔ o.

Mìɖe kuku, kɔpi nɔ video lɔ do go cukaɖa ɖeka.

  • Agbenɔnɔ koɖo sumɔsumɔdɔ bɔbɔ nukplawema nyɔsoxuwo (octobre 2019)
  • Agbenɔnɔ koɖo sumɔsumɔdɔ bɔbɔ nukplawema nyɔsoxuwo—2019
  • Enyɔta hwɛhwɛwo
  • 7-13 OCTOBRE
  • 14-20 OCTOBRE
  • 21-27 OCTOBRE
  • Biblia gblɔ be Yesu ‘ɖe gbeƒã na gbɔgbɔwo le gaxɔ me.’ (1 Pet. 3:19) Nu kae nya sia fia?
  • 28 OCTOBRE–3 NOVEMBRE
Agbenɔnɔ koɖo sumɔsumɔdɔ bɔbɔ nukplawema nyɔsoxuwo—2019
mwbr19 octobre kpashi. 1-7

Agbenɔnɔ koɖo sumɔsumɔdɔ bɔbɔ nukplawema nyɔsoxuwo

7-13 OCTOBRE

MAWU NYƆ MƐ DƆKUNUWO | ƷAKI 3-5

“Dasɛ nunya ci yí so Mawu gbɔ”

cl-EW 221-222 mm. 9-10

Ðe Nèzãa “Nunya si Tso Dziƒo” le Wò Agbenɔnɔ Mea?

9 “Gbã la, ele dzadzɛ.” Be woanɔ dzadzɛ fia be woanɔ kɔkɔe ɖimaƒomaƒoe, menye le gotagome ko o ke le ememe hã. Biblia yɔ nunya tɔ ɖe dzi ŋu, gake dziƒo nunya mate ŋu age ɖe dzi si tamesusu, dzodzro, kple taɖodzinu vɔ̃wo ƒo ɖii la me o. (Lododowo 2:10; Mateo 15:19, 20) Gake ne míaƒe dzi me le dzadzɛ—si nye vaseɖe afisi wòanya wɔ na amegbetɔ madeblibowo ase ɖo—la, ‘míatsri vɔ̃ eye míawɔ nyui.’ (Psalmo 37:27; Lododowo 3:7) Ðe mesɔ ŋutɔ be dzadzɛnyenyee nye nɔnɔme gbãtɔ si woyɔ be ehiã hena nunya ƒe amesisusu oa? Nya lae nye be ne míele dzadzɛ le agbenɔnɔ kple gbɔgbɔ me o la, aleke míate ŋu aɖe nunya si tso dziƒo ƒe nɔnɔme bubuawo afia ŋutɔŋutɔe?

10 “Emegbe edia ŋutifafa.” Dziƒo nunya ʋãa mí be míati ŋutifafa, si nye Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsewo dometɔ ɖeka, yome. (Galatiatɔwo 5:22) Míeʋlina be míatsri mama dede “ŋutifafa ƒe nublanu” si bla Yehowa ƒe amewo ɖekae la me. (Efesotɔwo 4:3) Míewɔa nusianu si míate ŋui hã be míakpɔ ŋutifafa si le mía kple amewo dome la ta ne nugɔmemasemase aɖe do mo ɖa. Nukata esia le vevie? Biblia gblɔ be: ‘Miyi edzi mianɔ anyi le ŋutifafa me, eye lɔlɔ̃ kple ŋutifafa Mawu la anɔ anyi kpli mi.’ (Korintotɔwo II, 13:11) Eyata zi alesi míeyi edzi nɔ anyi kple amewo le ŋutifafa me la, ŋutifafa Mawu la anɔ anyi kpli mí. Alesi míewɔa nu ɖe mía hati tadeagulawo ŋui la wɔa akpa vevi aɖe le mía kple Yehowa dome ƒomedodo me. Aleke míate ŋu aɖee afia be míenye ŋutifafalɔ̃lawoe? Bu eƒe kpɔɖeŋu aɖe ŋu kpɔ.

cl-EW 223-224 mm. 12

Ðe Nèzãa “Nunya si Tso Dziƒo” le Wò Agbenɔnɔ Mea?

12 “Esea nu gɔme na ame.” Nukae wòfia be woanye nugɔmesenamela? Agbalẽnyalawo gblɔ be Helagbe me nya si gɔme woɖe le Yakobo 3:17 be “esea nu gɔme na ame” nye nya si gɔmeɖeɖe sesẽ. Gbegɔmeɖelawo zã nyawo abe “efaa tu,” “eléa eɖokui,” kple “ebua ame ŋu.” Le nyaa ŋutɔŋutɔ nu la, Helagbe me nya la gɔmee nye “eɖea asi le nya ŋu.” Aleke míate ŋu aɖee afia be míezãa nunya si tso dziƒo le go sia mee?

cl-EW 224-225 mm. 14-15

Ðe Nèzãa “Nunya si Tso Dziƒo” le Wò Agbenɔnɔ Mea?

14 “Elɔ̃na faa be yeaɖo to.” Helagbe me nya si gɔme woɖe be “elɔ̃na faa be yeaɖo to” megadze le teƒe bubu aɖeke le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me o. Agbalẽnyala aɖe gblɔ be “asrafowo ƒe hehexɔxɔ mee wolɔ̃a [nya sia] zazã le.” Gɔmesese si dze le eme enye “be woaxɔ nya ade eme bɔbɔe” kple “be woabɔbɔ ɖe ame te.” Amesi nunya si tso dziƒo fiaa mɔe la lɔ̃na faa be yeabɔbɔ ɖe nya si Ŋɔŋlɔawo gblɔ la te. Womenyanɛ le eŋu be enye amesi wɔa eƒe nyametsotso eye wògbea nya sia nya si tsi tre ɖe etɔ ŋu la xɔxɔ o. Ke boŋ ne wofia Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzi si me kɔ ƒãe be akpa si wòle mesɔ o alo be nyametsotso si wòwɔ mesɔ o la, elɔ̃na faa be yeawɔ tɔtrɔ kaba. Amesia tɔgbee wonya wò be nènyea?

“Nublanuikpɔkpɔ Kple Kutsetse Nyuiwo Yɔe Fũ”

15 “Nublanuikpɔkpɔ kple kutsetse nyuiwo yɔe fũ.” Nublanuikpɔkpɔ nye nunya si tso dziƒo ƒe akpa vevi aɖe, elabena wogblɔ le nunya sia ŋu be “nublanuikpɔkpɔ . . . yɔe fũ.” De dzesii be woyɔ “nublanuikpɔkpɔ” kple “kutsetse nyuiwo” siaa ɖekae. Esia sɔ, elabena le Biblia me la, zi geɖe nublanuikpɔkpɔ fia ɖetsɔtsɔ le eme na amewo vevie, enye dɔmetɔtrɔ ɖe ame ŋu si tsea nyuiwɔwɔ ƒe ku geɖe. Numekugbalẽ aɖe ɖe nublanuikpɔkpɔ gɔme be enye “vevesese ɖe nɔnɔme manyomanyo si me ame aɖe ge ɖo la nu kple agbagbadzedze be woawɔ nane tso eŋu.” Eyata mawumenunya menye esi me vevemasemaseɖeamenu alo ɖekematsɔleme le o, eye menye nunyanya ɖe susu me eŋudɔmawɔmawɔe hãe wònye o. Ke boŋ enye esi sea veve ɖe ame nu lɔlɔ̃tɔe, etsoa dzi me na ame, eye etsɔa ɖe le amewo ƒe nɔnɔmewo me. Aleke míate ŋu aɖee afiae be nublanuikpɔkpɔ yɔ mí fũ?

cl-EW 226-227 mm. 18-19

Ðe Nèzãa “Nunya si Tso Dziƒo” le Wò Agbenɔnɔ Mea?

18 “Medea vovototo ame me o.” Mawu ƒe nunya ɖua ameƒomeviwo dome nazãbubu kple dukɔmevinyenye ƒe dada ɖesiaɖe dzi. Ne nunya sia le mía kplɔm la, enaa míedzea agbagba be míaɖe ameŋkumekpɔkpɔ ƒe nɔnɔme ɖesiaɖe ɖa le míaƒe dzi me. (Yakobo 2:9) Míenɔa te ɖe amewo ƒe sukudede, gakpɔkpɔ, alo agbanɔamedzi si le ame si le hamea me dzi wɔa nu ɖe wo ŋu ameŋkumekpɔkpɔtɔe o; eye míedoa vlo mía hati tadeagula aɖeke hã o, eɖanye ɖoƒe tsɛ ka ke wole o. Ne Yehowa ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia amesiawo la, ke godoo la ele be míabu wo be wodze be míaɖe míaƒe lɔlɔ̃ afia wo.

19 “Alakpa mele eme o.” Helagbe me nya si gɔme woɖe be “alakpanuwɔla” ate ŋu aku ɖe “fefewɔla si trɔ eɖokui ɖe nɔnɔme aɖe me” ŋu. Le blemaɣeyiɣiwo me la, Hela kple Roma fefewɔlawo ɖɔa amemo gãwo le woƒe fefewo wɔwɔ me. Eyata Helagbe me nya si wozã na “alakpanuwɔla” va ku ɖe ayemenuwɔwɔ, alo alakpanuwɔwɔ ŋu. Menye alesi míewɔa nu ɖe amewo ŋu dzi koe wòle be mawumenunya ƒe akpa sia nakpɔ ŋusẽ ɖo o ke ele be wòakpɔe ɖe alesi míebua woe hã dzi.

Bibla mɛ nuxɔafiwo jiji

w08-EW 11/15 20 mm. 6

Nya Vevi Siwo Tso Yakobo Kple Petro Ƒe Agbalẽawo Me

4:5—Ŋɔŋlɔ ka me nyawo yɔmee Yakobo le le afi sia? Menye mawunyakpukpui aɖe koŋ yɔmee Yakobo le o. Gake anɔ eme be gɔmesese si le nya siwo le mawunyakpukpui siwo gbɔna me ŋu la dzie wòtu eƒe nya siawo siwo tso gbɔgbɔ me la ɖo: 1 Mose 6:5; 8:21; Lododowo 21:10; kple Galatiatɔwo 5:17.

w97-EW 11/15 20-21 mm. 8

Xɔse Na Míegbɔa Dzi Ði Hedoa Gbe Ða

8 Nuvɔ̃ wònye be míaƒo nu tsi tre ɖe haxɔsetɔ ŋu. (Yakobo 4:11, 12) Ke hã ame aɖewo ɖea ɖeklemi wo hati Kristotɔwo, ɖewohĩ le esi woa ŋutɔwo wobua wo ɖokui ame dzɔdzɔewoe alo esi wodi be yewoada ame bubuwo ɖe anyi atsɔ ado yewo ɖokui ɖe dzi ta. (Psalmo 50:20; Lododowo 3:29) Helagbe me nya si gɔme woɖe be ‘ƒo nu tsi tre ɖe ame ŋu’ gɔmee nye fuléle eye wòfia ami ɖeɖe ɖe nya alo aʋatsonutsotso. Esia sɔ kple fɔbuʋɔnu dɔdrɔ̃ nɔvi. Aleke esia nye ‘vlododo Mawu ƒe sea kple ʋɔnudɔdrɔ̃e’? Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ‘tsɔ aɖaŋudzedze ɖe Mawu ƒe sedede ɖa’ eye wotsɔ woa ŋutɔwo ƒe dzidzenuwo drɔ̃ ʋɔnu amewoe. (Marko 7:1-13) Nenema ke ne míebu fɔ nɔvi si Yehowa mabu fɔe o la, ɖe manye ‘ʋɔnudɔdrɔ̃ Mawu ƒe sea’ ahanɔ fiafiam vɔ̃ɖitɔe be mede tututu oa? Eye ne míeɖea ɖeklemi mía nɔvi la, ke menye lɔlɔ̃ ƒe sea dzi wɔmee míele o.—Romatɔwo 13:8-10.

14-20 OCTOBRE

MAWU NYƆ MƐ DƆKUNUWO | 1 PIƐ 1-2

“Mí [ɖo] a nyi amɛ kɔkwɛwo”

w17.02-EW 9 mm. 5

Tafe—La ‘Nunana Blibo’ Wònye Tso Fofo La Gbɔ

5 Aleke míate ŋu aɖee afia be míelɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔa? Míaƒe agbenɔnɔe aɖee afia. Yehowa di tso mía si be míanɔ kɔkɔe. (Xlẽ 1 Petro 1:15, 16.) Esia fia be Yehowa ɖeɖe koe wòle be míasubɔ eye míaɖo toe tso dzi blibo me. Ne wole mía yome tim gɔ̃ hã la, míewɔa míaƒe ŋutete katã be míanɔ agbe ɖe Mawu ƒe se kple mɔfiame dzɔdzɔeawo nu. Ne míewɔa nu si le eteƒe la, míenana míaƒe kekeli klẽna eye enyea ŋutikɔkɔe na Yehowa ƒe ŋkɔa. (Mat. 5:14-16) Esi míenye dukɔ kɔkɔe ta la, míetoa míaƒe agbenɔnɔ dzi ɖenɛ fiana be Yehowa ƒe sewo nyo eye Satana ƒe nutsotsowo nye alakpa. Esi míede blibo o ta la, mí katã míedaa vo, eya ta ne edzɔ alea la, míetrɔa dzi me eye míeɖea asi le nuwɔna siwo doa vlo Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu.—Ps. 79:9.

lvs-EW 77 mm. 6

Ale Si Míatia Nu Siwo Míatsɔ Aɖe Modzakae

6 Yehowa gblɔ na mí be: “Minɔ kɔkɔe, elabena nye la, mele kɔkɔe.” (1 Petro 1:14-16; 2 Petro 3:11) Ne míaƒe subɔsubɔ le dzadzɛ alo le kɔkɔe ko hafi wòadze Yehowa ŋu. (5 Mose 15:21) Míaƒe subɔsubɔ mate ŋu adza le Yehowa ŋkume nenye be míewɔa nu siwo wòlé fui, abe agbe gbegblẽ nɔnɔ, ŋutasesẽ alo gbɔgbɔyɔyɔ ene o. (Romatɔwo 6:12-14; 8:13) Nenema kee, ne míetsɔa nu siawo ɖea modzakae la, mado dzidzɔ na Yehowa o. Esia awɔe be míaƒe subɔsubɔ madza le Yehowa ŋkume o, eye madze eŋu hã o, eye esia ate ŋu agblẽ nu le mía kplii dome ƒomedodoa ŋu vevie.

Bibla mɛ nuxɔafiwo jiji

w08-EW 11/15 21 mm. 9

Nya Vevi Siwo Tso Yakobo Kple Petro Ƒe Agbalẽawo Me

1:10-12. Edzro mawudɔlawo vevie be yewoakpɔ gbɔgbɔ me nyateƒenya goglo siwo Mawu ƒe blema nyagblɔɖilawo ŋlɔ ɖi tso Kristotɔ amesiaminawo ƒe hame la ŋu me tsitotsito ahase wo gɔme. Ke hã, esime Yehowa va ɖo hame la anyi hete ezazã ko hafi nu siawo me va kɔ. (Ef. 3:10) Ðe mele be míasrɔ̃ mawudɔlawo ƒe kpɔɖeŋua ahatsɔ kutrikuku vevie adzro “Mawu ƒe nu goglowo” me oa?—1 Kor. 2:10.

it-2-F 1021 mm. 4

Amɛjikpɔtɔ

Amɛjikpɔtɔ Gangantɔ. Eze petii mɔ, Ezai 53:6 mɛ nyɔwo yí Piɛ yɔ do 1 Piɛ 2:25 mɛ, ci exo nuxu so mɛ ciwo yí le “shigbe lɛngbɔ ciwo yí bu ɛnɛ” nu. Énu kpe ni mɔ: “Vɔ, kakacɛ mɛ, mí trɔ kpanŋkɔ Lɛngbɔ Kplɔtɔ koɖo míwo klawo Jikpɔtɔ.” Mɛ ciwo eŋwlɛn nu ɖaɖa denyi mɛ ciwo dejeshi Yesu Kristo ɖɛ o. Ewaɖeɔ, eyi ji woto yí va Yehowa Mawu ci yí nyi Lɛngbɔ Kplɔtɔ Gangantɔ nɔ yi mɛwo gbɔ. Eyi taɖo kankandoji li mɔ, Yehowa Mawu ji Piɛ hɛn susu yikɔ. (Eha 23:1; 80:1; Ʒer 23:3; Eze. 34:12) Yehowa gbenyi amɛjikpɔtɔ, ci yí lenɔ ŋkuvi do nu nu. (Eha 17:3) Ŋkuvileledonunu (Gr., e·pi·sko·peʹ) agbetɛnŋ aca ka koɖo enyɔgbe ci wozannɔ nɔ ehwɛdoamɛ yi tɔ. Ecɛ han jɔ do Ʒeruzalɛmu ji le exwe sanŋdi ŋkɔtɔ K.H. ci dedo jeshi hwenu ‘woava le ŋkuvi [Gr., e·pi·sko·pesʹ]’ do nu o. (Lk 19:44) Atɛnŋ agbenyi enudoamɛji koɖo nyɔna hwenu ɖeka nɔ mɛ ciwo yí kanfukɔ Mawu hwenu “Á va ji [wo] kpɔ [Gr., e·pi·sko·pesʹ].”—1 Piɛ 2:12.

21-27 OCTOBRE

MAWU NYƆ MƐ DƆKUNUWO | 1 PIƐ 3-5

“Vɔvɔnu nɔ enuwo pleŋ gogo”

w13-EW 11/15 3 mm. 1

“Minɔ Ŋudzɔ Hena Gbedodoɖa”

ŊUTSU aɖe si wɔa zãdɔ tsã gblɔ be: “Zã ƒe ɣeyiɣi si me ŋudzɔnɔnɔ sesẽna le wue nye viviti tsiɖitsiɖi doɣi si doa ŋgɔ teti na agudzedze.” Anɔ eme godoo be zãdɔwɔla siwo wòhiã be woanɔ ŋudzɔ zã bliboa alɔ̃ ɖe nya sia dzi. Kristotɔ siwo li egbea hã le nɔnɔme ma tɔgbi me, elabena Satana ƒe xexea ƒe zã si do eteƒe didi la ɖo eƒe viviti tsiɖitsiɖi doɣi fifia. (Rom. 13:12) Afɔku gã wòanye be míanɔ alɔ̃ dɔm le ɣeyiɣi mamlɛ sia me! Ele be ‘míanɔ ŋute’ eye míawɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me nuxlɔ̃ame si nye be ‘míanɔ ŋudzɔ hena gbedodoɖa’ la dzi.—1 Pet. 4:7.

w99-EW 4/15 22 mm. 3

Alesi Míawɔ Akpɔ Gbɔgbɔmegbɔdzɔgbɔdzɔ Ðesiaɖe Ahaɖu Edzi

Mlɔeba la, apostolo Petro ƒe aɖaŋu si wòɖo lɔlɔ̃tɔe nanɔ susu me na mí vevie be: “Nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ. Eyaŋuti miɖu mia ɖokui dzi, eye minɔ mo xexi hena gbedodoɖa. Ke vevietɔ la mitsɔ lɔlɔ̃ lɔ̃ mia nɔewo vevie; elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nuvɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ dzi.” (Petro I, 4:7, 8) Ele bɔbɔe ŋutɔ be míaɖe mɔ amegbetɔ ƒe blibomademade—ame bubuwo kple mía ŋutɔwo tɔ—naxɔ míaƒe dzi kple susu me ava zu mɔxenu kple nuklikli na mí. Satana nya amegbetɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ sia nyuie. Amewo dome mamã ahato ema dzi aɖu wo dzi nye eƒe aɖaŋu vɔ̃awo dometɔ ɖeka. Eyata ele be míatso kaba atsɔ lɔlɔ̃ si nu sẽ atsyɔ mía nɔewo ƒe nuvɔ̃wo dzi, eye ‘míagana mɔ Abosam o.’—Efesotɔwo 4:25-27.

w18.03-EW 14-15 mm. 2-3

Amedzrowɔwɔ—Ehea Dzidzɔ Vɛ, Eye Ehiã Vevie Ŋutɔ!

2 Petro gblɔ dzideƒonya geɖe na nɔvia Kristotɔwo; egblɔ na wo hã be: “Miwɔ amedzro na mia nɔewo liʋiliʋĩlilĩ manɔmee.” (1 Pet. 4:9) Le Helagbe me la, nya “amedzrowɔwɔ” fia “amedzrowo lɔlɔ̃, alo dɔmenyonyo na amedzrowo.” Gake de dzesii be, Petro gblɔ na wo be, “Miwɔ amedzro na mia nɔewo,” si fia be woawɔ amedzro na nɔvi siwo wonya xoxo, siwo dome wonɔ. Aleke amedzrowɔwɔ aɖe vi na woe?

3 Ana wo dome nava nɔ kplikplikpli. Le kpɔɖeŋu me, bu ale si wònɔ le gowòme ŋu kpɔ. Èɖo ŋku ale si dzi dzɔ wò esi nɔvi aɖe kpe wò va eƒe me la dzia? Ðe mèɖoa ŋku ŋkeke ma dzi kple dzidzɔ oa? Esi wò ŋutɔ nèkpe hamea me tɔwo va wò aƒe me la, ɖe mia kpli wo dome meva le kplikplikpli wu oa? Amedzrowɔwɔ na mía nɔvi Kristotɔwo nye mɔ nyui aɖe si dzi míato adze si wo nyuie wu. Ehiã be Kristotɔ siwo nɔ anyi le Petro ƒe ŋkekea me la nate ɖe wo nɔewo ŋu kplikplikpli wu esime nɔnɔmeawo nɔ sesẽm ɖe edzi. Nenema kee wòle le Kristotɔ siwo le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo me hã gome.—2 Tim. 3:1.

Bibla mɛ nuxɔafiwo jiji

w13-EW 6/15 23

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Biblia gblɔ be Yesu ‘ɖe gbeƒã na gbɔgbɔwo le gaxɔ me.’ (1 Pet. 3:19) Nu kae nya sia fia?

▪ Apostolo Petro gblɔ be gbɔgbɔ siawo nye “gbɔgbɔ siwo sẽ to, esime Mawu ƒe dzigbɔgbɔ blewu la nɔ lalam le Noa ƒe ŋkekeawo me.” (1 Pet. 3:20) Edze ƒãa be mawudɔla siwo wɔ ɖeka kple Satana esi wòdze aglã la ŋu nya gblɔm Petro nɔ. Yuda ƒo nu tso mawudɔla siwo “meyi edzi nɔ afi si woda wo ɖo le gɔmedzedzea me o” la ŋu eye wògblɔ be, Mawu tsɔ “babla mavɔwo dzra wo ɖo ɖi ɖe viviti tsiɖitsiɖi me hena ŋkeke gã la ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃.”—Yuda 6.

Mɔ ka nue mawudɔla siawo sẽ to le le Noa ƒe ŋkekea me? Do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa la, gbɔgbɔ vɔ̃ siawo do amegbetɔŋutilã heva anyigba dzi, evɔ menye Mawue dɔ wo hafi o. (1 Mose 6:2, 4) Gawu la, mawudɔla siwo va dɔ kple nyɔnuwo la wɔ nu si mele dzɔdzɔme nu o. Mawu mewɔ mawudɔlawo be woakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me kple nyɔnuwo o. (1 Mose 5:2) Woatsrɔ̃ mawudɔla tomaɖola vɔ̃ɖi siawo le Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi. Gake abe ale si Yuda ka nya ta ene la, wole “viviti tsiɖitsiɖi me”—ne míagblɔe la, wole gbɔgbɔmegaxɔ me fifia.

Ɣekaɣie Yesu ‘ɖe gbeƒã na gbɔgbɔ siawo le gaxɔ me,’ eye alekee? Petro ŋlɔ bena Yesu wɔ esia esime “wogbɔ agbee le gbɔgbɔ me.” (1 Pet. 3:18, 19) De dzesii hã be Petro gblɔ be Yesu “ɖe gbeƒã.” Ale si Petro gblɔ nya la ɖee fia be nu sia dzɔ va yi xoxo hafi wòŋlɔ eƒe agbalẽ gbãtɔ. Eya ta edze abe le Yesu fɔfɔ ɖe tsitre ƒe ɣeyiɣi aɖe megbe la, egblɔ gbedeasi si nye to si woava he na mawudɔla vɔ̃ɖiawo la na wo. Menye mɔkpɔkpɔgbedeasi ye Yesu gblɔ na wo o. Ʋɔnudrɔ̃gbedeasi boŋ ye. (Yona 1:1, 2) Esi Yesu ɖe xɔse fia hewɔ nuteƒe va se ɖe ku me eye emegbe wofɔe ɖe tsitre la—eɖee fia be Abosam mekpɔ ŋusẽ ɖe ye dzi o—ŋusẽ le Yesu si be wòagblɔ ʋɔnudrɔ̃gbedeasi ma na wo.—Yoh. 14:30; 16:8-11.

Le etsɔme la, Yesu abla Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃ siawo eye wòatsɔ wo aƒu gbe ɖe aʋli me. (Luka 8:30, 31; Nyaɖ. 20:1-3) Gake va se ɖe ɣemaɣi la, mawudɔla maɖoto siawo le gbɔgbɔmeviviti tsiɖitsiɖi me, eye woava tsrɔ̃ wo godoo.—Nyaɖ. 20:7-10.

w08-EW 11/15 21 mm. 7

Nya Vevi Siwo Tso Yakobo Kple Petro Ƒe Agbalẽawo Me

4:6—Ame kawoe nye ‘ame kuku’ siwo “woɖe gbeƒã nya nyui la na”? Woawoe nye ‘ame siwo nye ame kukuwo le woƒe vodadawo kple nu vɔ̃wo me tsã,’ alo ku le gbɔgbɔ me, hafi wova se nya nyuia. (Ef. 2:1) Gake esi wonya xɔ nya nyuia dzi se ko la, ‘wogbɔ agbe’ le gbɔgbɔ me.

28 OCTOBRE–3 NOVEMBRE

MAWU NYƆ MƐ DƆKUNUWO | 2 PIƐ 1-3

“Ðo ŋkuvi ŋkeke Mawutɔ”

w06-EW 12/15 27 mm. 11

Yehowa ‘Atso Afia Dzɔdzɔe’

11 Ke aleke wòle be míase kakaɖedzi si Yesu na be Yehowa atso afia dzɔdzɔe “kaba” la gɔmee? Mawu ƒe Nya la ɖee fia be ‘togbɔ be Yehowa gbɔ dzi ɖi hã la,’ atso afia dzɔdzɔe kaba ɖe etsoɣi. (Luka 18:7, 8; Petro II, 3:9, 10) Le Noa ƒe ɣeyiɣia me la, wotsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo enumake le Tsiɖɔɖɔa me. Nenema kee le Lot ƒe ŋkekea me la, ame vɔ̃ɖiwo tsrɔ̃ esime dzo dza tso dziƒo. Yesu gblɔ be: “Nenema ke wòanɔ le ŋkeke si dzi Amegbetɔvi la laɖe eɖokui afia.” (Luka 17:27-30) “Tsɔtsrɔ̃ kpata” agava ame vɔ̃ɖiwo dzi ake. (Tesalonikatɔwo I, 5:2, 3) Le nyateƒe me la, míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be ne ɣeyiɣia de be Yehowa naɖe Satana ƒe xexea ɖa la, maɖe mɔ ŋkeke ɖeka pɛ gɔ̃ hã nadze edzi o.

w06-EW 12/15 19 mm. 18

“Yehowa Ƒe Ŋkeke Gã La Tu Aƒe”

18 Esia tae mewɔ nuku o ɖo be apostolo Petro xlɔ̃ nu mí be “[Yehowa] ƒe ŋkeke la ƒe vava” nenɔ susu me na mí vevie! Aleke míate ŋu awɔ esiae? Mɔ siwo nu míawɔe le la dometɔ ɖekae nye be míanɔ ‘agbe dzadzɛ kple mawusosroɖagbe nɔm.’ (Petro II, 3:11, 12) Fɔléle ɖe agbe siawo ƒomevi nɔnɔ ŋu akpe ɖe mía ŋu be míanɔ mɔ kpɔm na “Yehowa ƒe ŋkeke la” ƒe vava vevie. Helagbe me nya si gɔme woɖe le afisia be “woadi vevie” la fia “tsɔtsɔe dodo nua” le nyaa ŋutɔŋutɔ nu. Le nyateƒe me la, míate ŋu ado tsɔtsɔe ɣeyiɣi si kpɔtɔ hafi Yehowa ƒe ŋkekea nava la ŋutɔŋutɔ o. Ke hã, esi míele mɔ kpɔm na ŋkeke ma la, adze abe ɖee ɣeyiɣia le tsɔtsɔm na mí ene ne míelé fɔ ɖe Mawu subɔsubɔdɔwo ŋu le wɔwɔm vevie.—Korintotɔwo I, 15:58.

Bibla mɛ nuxɔafiwo jiji

w08-EW 11/15 22 mm. 2

Nya Vevi Siwo Tso Yakobo Kple Petro Ƒe Agbalẽawo Me

1:19—Ame kae nye “ŋukeɣletivi” la, ɣekaɣie wòdze, eye alekee míewɔ nya be nu sia dzɔ? Ŋukeɣletivi lae nye Yesu Kristo si le eƒe Fiaɖuƒeŋusẽ me. (Nyaɖ. 22:16) Le ƒe 1914 me la, Yesu zu Mesia Fia si do na nuwɔwɔwo katã, eye wònye dzesi na ŋkeke yeye aɖe ƒe gɔmedzedze. Yesu ƒe nɔnɔmetɔtrɔ ŋuti ŋutega la ɖe ŋutikɔkɔe si me Yesu anɔ le Fiaɖuƒeŋusẽ me la fia do ŋgɔ, eye wònye kpeɖodzi si na be míate ŋu aka ɖe Mawu ƒe nyagblɔɖinya la dzi bliboe. Nyagblɔɖinya ma me dzodzro nana kekeli klẽna le míaƒe dziwo me, si wɔnɛ be míedea dzesii be Ŋukeɣletivi la dze.

w08-EW 11/15 22 mm. 3

Nya Vevi Siwo Tso Yakobo Kple Petro Ƒe Agbalẽawo Me

2:4—Nu kae nye “Tartaro” la, eye ɣekaɣie wotsɔ mawudɔla dzeaglãwo ƒu gbe ɖe afi ma? Tartaro la nye gaxɔmenɔnɔ ƒe nɔnɔme ƒomevi aɖe si me wotsɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ aɖewo—amegbetɔwo mele eme o—de. Enye susu me ƒe viviti tsiɖitsiɖi me nɔnɔ ku ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo nyuiawo ŋu. Etsɔmemɔkpɔkpɔ aɖeke mele ame siwo le Tartaro la si o. Mawu tsɔ mawudɔla dzeaglãwo ƒu gbe ɖe Tartaro le Noa ƒe ŋkekea me, eye woanɔ nɔnɔme ɖigbɔ ma me va se ɖe esime woatsrɔ̃ wo.

    Wema ciwo yí le Ajagbe mɛ (2015-2025)
    To le mɛ
    Ðo mɛ
    • Aja
    • Miin
    • Cancanwo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Yizanzan sewo
    • Amɛ ŋtɔ nyɔtakankan totowo
    • Paramètres de confidentialité
    • JW.ORG
    • Ðo mɛ
    Miin