Agbenɔnɔ koɖo sumɔsumɔdɔ bɔbɔ nukplawema nyɔsoxuwo
6-12 MAI
MAWU NYƆ MƐ DƆKUNUWO | 2 KORƐNTITƆWO 4-6
“Mìdenanɔ ta o”
w04-EW 8/15 25 mm. 16-17
Ðeɖi Tea Wo Ŋu Gake Womenaa Ta O
16 Le nyateƒe me la, míaƒe gbɔgbɔmelãmesẽ ta kpɔkpɔ le vevie wu. Ne ƒomedodo kplikplikpli le mía kple Yehowa Mawu dome la, nu ate ŋu ati kɔ na mí le ŋutilã me, gake míado kpo esubɔsubɔ o. Yehowae “naa lãmesesẽ amesiwo ŋu ɖeɖi te, eye wònaa ŋusẽ geɖe ame beliwo.” (Yesaya 40:28, 29) Apostolo Paulo, amesi ŋutɔ kpɔe be nyateƒee nya siawo nye, ŋlɔ be: “Ðeɖi metea mía ŋu o; ke ne míaƒe gotame gblẽna hã la, míaƒe ememe la zua yeye gbesiagbe.”—Korintotɔwo II, 4:16.
17 De dzesi nyagbɔgblɔ “gbesiagbe.” Esia fia be míawɔ ɖoɖo siwo Yehowa wɔ na mí la ŋudɔ gbesiagbe. Nu ti kɔ na dutanyanyuigblɔla aɖe si subɔ nuteƒewɔwɔtɔe ƒe 43, la le ŋutilã me eye dzi ɖe le eƒo ɣeaɖewoɣi. Gake mena ta o. Egblɔ be: “Ezu numame nam be mafɔ kaba ale be hafi madze dɔ ɖesiaɖe gɔme la, mezãa ɣeyiɣi doa gbe ɖa na Yehowa hexlẽa eƒe Nya la. Nuwɔwɔ alea gbesiagbe kpe ɖe ŋunye medo dzi vaseɖe fifia.” Vavãe, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ado ŋusẽ mí ne míedoa gbe ɖa nɛ edziedzi, ẽ, ne míedonɛ ɖa nɛ “gbesiagbe,” eye míedea ŋugble le eƒe nɔnɔme nyuiawo kple eƒe ŋugbedodowo ŋu.
it-1-F 759-760
Ejidodo
Egbele veviɖe mɔ mìdaɖe susu so Kristotɔwo mɔkpɔkpɔ lɔ ji gbeɖe o, emɔkpɔkpɔ lɔ yí nyi agbe mavɔ ci mɛ nuvɔn ɖekɛ dagbele mì nu le o. Nɔ mìku do alɔmɛ nɔ yumɛcitɔwo can ɔ, emɔkpɔkpɔ lɔ daglo o. (Rɔm 5:4, 5; 1Tɛs 1:3; Enyɔ 2:10) Egbɛmɛ funkpekpewo davaɖyi ŋɖe nɔ wosɔ wo sɔ koɖo hwecinu mɔkpɔkpɔ lɔ avamɛ o. (Rɔm 8:18-25) Efunkpekpe ɖekpokpui, nɔ ésɛnŋ ɖeeɖe can anyi “ɖabaxoxo ɖeka” nu han nɔ mɛ ci yí mavɔmavɔ le susumɛ nɔ. (2Kor 4:16-18) Mɛ ci yí ɖoɖoɔ ŋwi mɔ, efunkpekpewo nyi hwenu kleŋ ɖe nu, yí ku kpla Kristotɔwo mɔkpɔkpɔ lɔ sɛnsinɖe atɛnŋ aze nɔ emɔkpɔkpɔbudoamɛ koɖo egbejimanɔmanɔ nɔ Yehowa Mawu.
Bibla mɛ nuxɔafiwo jiji
w12-EW 2/1 28-29
“Na Dzi Nadzɔ Yehowa”
David Splane, si hã nye Dziɖuhaa me tɔ la, ɖe Ŋɔŋlɔawo me nyati sia me. (2 Korintotɔwo 4:7) Nu kae nye nu xɔasia? Sidzedze alo nunya yea? Nuƒolaa ɖo eŋu be, “Kpao.” Egblɔ be: “Kesinɔnu si ŋu apostolo Paulo nɔ nu ƒom tsoe ye nye ‘subɔsubɔdɔ sia’ si me míenana ‘nyateƒea dzena’ le.” (2 Korintotɔwo 4:1, 2, 5) Nɔviŋutsu Splane ɖo ŋku edzi na sukuviawo be ɣleti atɔ̃ siwo wotsɔ srɔ̃ nui la dzra wo ɖo ɖe subɔsubɔdɔ tɔxɛ aɖe ŋu. Ele be woade asixɔxɔ gã dɔdeasi sia ŋu.
Nuƒolaa ɖe nu me be “anyigoewo,” si ŋu Paulo ƒo nu tsoe la, le tsitre ɖi na míaƒe ŋutilã. Etsɔ anyigoe sɔ kple nugoe si wotsɔ sika wɔ. Womezãa nugoe siwo wowɔ kple sika la edziedzi o. Ke wozãa anyigoewo ya ɖe dɔ vovovowo wɔwɔ ŋu. Ne míetsɔ nu xɔasi aɖe de sikanugoe me la, ɖewohĩ míatsi dzi ɖe nugoa ŋutɔ ŋu abe ale si ko míetsia dzi ɖe nu xɔasia ŋui ene. Nɔviŋutsu Splane gblɔ na sukuviawo be: “Menye mia ŋutɔwo mia ɖokuiwo dzie miedi be yewoahe susu ayii o. Abe dutanyanyuigblɔlawo ene la, miedi be yewoahe susu ayi Yehowa dzi. Anyigoewo koe mienye.”
w09-EW 11/15 21 mm. 7
Mina Míaƒe Nɔvilɔlɔ̃ Nayi Edzi Anɔ Dzidzim Ðe Edzi
7 Ke míawo ya ɖe? Aleke míate ŋu ‘akeke mía ɖokuiwo’ le nɔvilɔlɔ̃ ɖeɖe fia me? Le dzɔdzɔme nu la, enɔa bɔbɔe na ame siwo nye hatiwo alo ame siwo tso to ɖeka me alo doa gbe ɖeka la be woaɖe lɔlɔ̃ afia wo nɔewo. Eye zi geɖe la, ame siwo lɔ̃a modzakaɖeɖe ƒomevi ɖeka la zãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ wɔa nu ɖekae. Gake ne edzɔ be nu siwo me míewɔa ɖeka le kple Kristotɔ aɖewo la wɔnɛ be míekpɔa vovo ɖe nɔvi bubuwo ŋu o la, ke ehiã be ‘míakeke mía ɖokuiwo.’ Nunya anɔ eme be míabia mía ɖokui be: ‘Ƒãa hafi mekpɔa gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa alo hadomewɔna aɖe me kple nɔvi siwo menye nye zɔhɛ kplikplikpliwo oa? Le Fiaɖuƒe Akpata me la, ɖe nyemedea ha kple ame yeyewo tututu o le esi mesusui be ele be ɣeyiɣi aɖe nava yi hafi woava dze anye xɔ̃nyewo ta? Ðe medoa gbe na tsitsiawo kple ɖeviwo siaa le hamea mea?’
13-19 MAI
MAWU NYƆ MƐ DƆKUNUWO | 2 KORƐNTITƆWO 7-10
“Kpedonunana sumɔsumɔdɔ mìwo tɔ”
w98-EW 11/1 25 mm. 1
“Amesi Na Nu Kple Dzidzɔ La, Eyae Mawu Lɔ̃na”
Gbã la, Paulo ƒo nu tso Makedoniatɔwo, amesiwo ƒe tsotso ɖe kpekpeɖeŋua nana ŋuti nye kpɔɖeŋu nyui la ŋuti na Korintotɔwo. Paulo ŋlɔe bena: “Xaxa me dodokpɔ geɖe me woƒe dzidzɔ ƒe agbɔsɔsɔ fũ kple woƒe ahedada, si nu sẽ la, gba go le woƒe dzimekɔkɔ ƒe kesinɔnuwo me.” Mehiã be woaƒoe ɖe Makedoniatɔwo nu hafi woana nu o. Ke boŋ Paulo gblɔ be ‘wotsɔ kukuɖeɖe vevie bia mí be yewoakpɔ gome le lɔlɔ̃nu faa nunana ƒe mɔnukpɔkpɔa me.’ Makedoniatɔwo ƒe dɔmenyonyo si woɖe fia kple dzidzɔ la gadze ƒã wu ne míebu eŋu kpɔ be ‘ahedada kolikoli’ mee woawo ŋutɔ nɔ hafi.—Korintotɔwo II, 8:2-4.
kr-EW 209 mm. 1
Kpekpeɖeŋunana Ƒe Subɔsubɔdɔ La
LE ƑE 46 M.Ŋ. me lɔƒo la, dɔ gã aɖe to le Yudea. Nuɖuɖu vɔ le dua me eye ʋɛ siwo susɔ la xɔ asi ale gbegbe be Kristo yomedzela siwo le Yudea la mate ŋu aƒle wo o. Dɔ wu wo ɖi tsi ɖe wo ŋu, eye woɖe ŋu ɖi na ku le dɔwuame ta. Ke hã, eteƒe madidi o, woakpɔ Yehowa ƒe xɔname teƒe le mɔ aɖe si Kristo yomedzelawo mekpɔ ɣemaɣi kpɔ o nu. Nu kae dzɔ?
kr-EW 209-210 mm. 4-6
Kpekpeɖeŋunana Ƒe Subɔsubɔdɔ La
4 Paulo ɖe nu me le eƒe agbalẽ evelia si wòŋlɔ na Korintotɔwo me be Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ma ɖe akpa eve. Togbɔ be Kristotɔ amesiaminawoe Paulo ŋlɔ agbalẽ sia na hã la, egbea, emenyawo ku ɖe Kristo ƒe ‘alẽ bubuawo’ hã ŋu. (Yoh. 10:16) Míaƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa gbãtɔae nye ‘subɔsubɔdɔ si dzraa amewo kple Mawu dome ɖo,’ si nye míaƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa. (2 Kor. 5:18-20; 1 Tim. 2:3-6) Akpa eveliae nye subɔsubɔdɔ si míewɔna tsɔ naa kpekpeɖeŋu míaƒe haxɔsetɔwo. Paulo yɔe tẽe be ‘kpekpeɖeŋunana ƒe subɔsubɔdɔ.’ (2 Kor. 8:4) Helagbe me nya di·a·ko·niʹa gɔmee woɖe be “subɔsubɔdɔ” le nyagbɔgblɔ siwo nye ‘subɔsubɔdɔ si dzraa amewo kple Mawu dome ɖo’ kpakple ‘kpekpeɖeŋunana ƒe subɔsubɔdɔ’ siaa me. Nu ka tae esia ɖe dzesi?
5 Esi Paulo zã Helagbe me nya ɖeka na dɔ eve siawo la, efia be ebu kpekpeɖeŋunadɔa hã be ele ko abe subɔsubɔdɔ bubu siwo Kristo hamea wɔna ene. Egblɔ do ŋgɔ le eƒe agbalẽ gbãtɔ me be: “Subɔsubɔdɔ vovovowoe li, ke hã, Aƒetɔ [ɖeka] ma kee; eye dɔ vovovowoe li, . . . Gake gbɔgbɔ ɖeka ma kee wɔa dɔ siawo katã.” (1 Kor. 12:4-6, 11) Azɔ hã Paulo gblɔ tso subɔsubɔdɔ vovovo siwo katã hamea wɔna la ŋu be wonye “subɔsubɔdɔ kɔkɔe.” (Rom. 12:1, 6-8) Mewɔ nuku o be ekpɔe be esɔ be yeazã yeƒe ɣeyiɣi ƒe akpa aɖe atsɔ ‘asubɔ ame kɔkɔewo’!—Rom. 15:25, 26.
6 Paulo kpe ɖe Korinto nɔviawo ŋu be woase egɔme be kpekpeɖeŋunadɔa nye woƒe subɔsubɔdɔa kple tadedeagu si wotsɔna naa Yehowa ƒe akpa aɖe. Eɖe nu me be esi Kristotɔwo ‘bɔbɔna ɖe Kristo la ŋuti nya nyuia te’ tae wowɔa kpekpeɖeŋunadɔwo ɖo. (2 Kor. 9:13) Esia fia be didi vevie si le Kristotɔwo me be yewoatsɔ Kristo ƒe nufiafiawo ade dɔwɔwɔ mee ʋãa wo wonaa kpekpeɖeŋu wo nɔvi xɔsetɔwo. Le Paulo ƒe nya nu la, nu siwo wowɔna tsɔ kpena ɖe wo nɔviwo ŋu dɔmenyotɔe la nye “Mawu ƒe amenuveve geɖe” si wòɖe fia to woamawo dzi. (2 Kor. 9:14; 1 Pet. 4:10) Eya ta esɔ ŋutɔ be esi December 1, 1975 ƒe Gbetakpɔxɔ nɔ nu ƒom tso kpekpeɖeŋunana mía nɔviwo le hiãɣi ŋu la, egblɔ be: “Ele be míaka ɖe edzi bliboe be Yehowa Mawu kple Via Yesu Kristo wodea asixɔxɔ gã aɖe subɔsubɔdɔ sia ƒomevi ŋu.” Ɛ̃, míaƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔea ƒe akpa vevi aɖee kpekpeɖeŋunadɔa nye vavã.—Rom. 12:1, 7; 2 Kor. 8:7; Heb. 13:16.
kr-EW 196 mm. 10
Afi Si Wokpɔa Ga Le Na Fiaɖuƒea Ƒe Dɔwo Wɔwɔ
10 Gbã la, míedzɔa nu faa elabena míelɔ̃ Yehowa eye míedi be míawɔ ‘nu si dzea eŋu.’ (1 Yoh. 3:22) Edzea Yehowa ŋu ŋutɔ ne esubɔlawo dzɔ nu faa tso dzi me. Mina míadzro nya siwo apostolo Paulo gblɔ tso Kristotɔwo ƒe nudzɔdzɔ ŋu la me kpɔ. (Mixlẽ 2 Korintotɔwo 9:7.) Kristotɔ vavã mehena ɖe megbe le nudzɔdzɔ ŋu alo tsɔa dzizizi wɔnɛ o. Ke boŋ edzɔa nu le esi “wòɖo le eƒe dzi me” be yeadzɔe ta. Esia fia be edea ŋugble tso hiahiã si li kple akpa si wòate ŋu awɔ le eme ŋu hafi dzɔa nu. Yehowa melɔ̃a nu le ame siawo tɔgbi gbɔ o, elabena “ame si naa nu kple dzidzɔ lae Mawu lɔ̃na.” Woɖe nya sia gɔme le Biblia aɖe me be: “Mawu lɔ̃a ame siwo lɔ̃a nunana.”
Bibla mɛ nuxɔafiwo jiji
w16.01-EW 9 mm. 2
Mawu Ƒe “Nunana Faa Si Wu Gbɔgblɔ” La Neʋã Wò
2 Paulo nyae be Yesu ƒe vɔsa la ɖo kpe edzi be Mawu ƒe ŋugbedodo nyuiawo katã ava eme godoo. (Xlẽ 2 Korintotɔwo 1:20.) Esia fia be Mawu ƒe “nunana faa si wu gbɔgblɔ” lae nye Yesu ƒe vɔsa la kpakple nu siwo katã Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ kple eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o ʋãnɛ wòwɔna na mí. Asixɔxɔ si gbegbe le nunana sia ŋu la gɔme sese me goglo ŋutɔ. Dɔ kae wòle be nunana tɔxɛ sia nawɔ ɖe mía dzi? Eye nu kae wòle be wòaʋã mí míawɔ esi míele dzadzram ɖo ɖe Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi si dze Kuɖa, March 23, 2016 dzi ŋu?
g99-EW 7/8 18-19
Ðe Nane Gblẽ le Ame Ðokui Dada Ŋua?
Le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la, wozãa dɔwɔnya kau·khaʹo·mai si gɔme woɖe be “da, kpɔ dzidzɔ, ƒo adegbe,” le susu gbegblẽ kple susu nyui nu. Le kpɔɖeŋu me, Paulo gblɔ be míate ŋu ‘aƒo adegbe le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe mɔkpɔkpɔ la ta.’ Eɖo aɖaŋu hã be: “Amesi ƒoa adegbe la, naƒo adegbe le Aƒetɔ la me.” (Romatɔwo 5:2; Korintotɔwo II, 10:17) Esia fia dada le Yehowa ta be enye míaƒe Mawu, eye enye seselelãme si ate ŋu ana míaƒo adegbe le ŋkɔ nyui kple bubu si le eŋu ta.
20-26 MAI
MAWU NYƆ MƐ DƆKUNUWO | 2 KORƐNTITƆWO 11-13
“Ŋja ɖeka le Pɔlu gbaza mɛ”
w08-EW 6/15 3-4
Ŋusẽ Nɔa Mía Ŋu Togbɔ Be Gbɔdzɔgbɔdzɔwo Le Mía Ŋu Hã
Mawu subɔla wɔnuteƒe bubu aɖe bia Yehowa be wòaɖe “ŋu aɖe” si le yeƒe “ŋutilã me,” si nye kuxi aɖe si nu gbe tsotso, la ɖa na ye. Apostolo Paulo ɖe kuku na Mawu vevie zi etɔ̃ be wòaɖe kuxi sia ɖa le ye dzi. Kuxi ka kee wòɖanye o, abe ale si ŋu tɔa ame wòdoa kpo vovo ene la, kuxi sia ate ŋu ana be Paulo magakpɔ dzidzɔ le Yehowa subɔsubɔ me o. Paulo gblɔ be, ɖeko wònɔ abe ɖe wònɔa ye ƒom ɣesiaɣi ene. Yehowa ɖo eŋu nɛ be: “Nye amenuveve sɔ gbɔ na wò; elabena nye ŋusẽ zua blibo le mewò le wò gbɔdzɔgbɔdzɔ me.” Yehowa meɖe ŋu si nɔ apostoloa ƒe ŋutilã me la ɖa nɛ o. Enɔ na Paulo be wòawɔ avu kple ŋu la, gake egblɔ yi edzi be: “Ne megbɔdzɔ la, ekema ŋusẽ ɖoa ŋunye.” (2 Kor. 12:7-10) Gɔmesese kae le eƒe nya siawo ŋu?
w06-EW 12/15 24 mm. 17-18
Yehowa Naa “Gbɔgbɔ Kɔkɔe Amesiwo Bianɛ La”
17 Mawu ɖo Paulo ƒe gbedodoɖaa ŋu nɛ be: “Nye amenuveve sɔ gbɔ na wò; elabena nye ŋusẽ zu blibo le gbɔdzɔgbɔdzɔ me.” Emegbe Paulo gblɔ be: “Eyata mele lɔlɔ̃m wu bena, maƒo adegbe le nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti boŋ, bene Kristo ƒe ŋusẽ nanɔ dzinye.” (Korintotɔwo II, 12:9; Psalmo 147:5) Esia fia be Paulo de dzesii be, to Kristo dzi la, Mawu ƒe ametakpɔkpɔ triakɔ vu tsyɔ ye dzi abe agbadɔ ene. Yehowa ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu na mí to mɔ ma tɔgbe nu egbea hã. Etsɔa eƒe ametakpɔkpɔ tsyɔa esubɔlawo dzi wòzua bebeƒe na wo.
18 Le nyateƒe me la, agbadɔ mexea mɔ na tsidzadza alo yaƒoƒo o, ke boŋ ɖe wòkpɔa ame ta vaseɖe afi aɖe tso nusiawo si me. Nenema kee bebeƒe si Mawu nana mí to “Kristo ƒe ŋusẽ” me la, mexea mɔ ɖe dodokpɔwo kple nɔnɔme sesẽwo nu be woagava mía dzi o. Ke hã, ekpɔa mía ta le gbɔgbɔ me tso xexe sia ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo kple Satana, si nye xexea dziɖula la, ƒe amedzidzedze si me. (Nyaɖeɖefia 7:9, 15, 16) Eyata ne èle avu wɔm kple nɔnɔme sesẽ aɖe, si gbe vɔvɔ gɔ̃ hã la, kakaɖedzi nenɔ asiwò be avu si wɔm nèle la le nyanya na Yehowa, eye be ese “wò aƒadodo” la. (Yesaya 30:19; Korintotɔwo II, 1:3, 4) Paulo ŋlɔ bena: “Nuteƒewɔla enye Mawu, amesi mana mɔ bena, woate mi akpɔ awu alesi miate ŋui la o; ke ana gododo le eme hã akpe ɖe tetekpɔ ŋuti, bene miate ŋu atsɔe.”—Korintotɔwo I, 10:13; Filipitɔwo 4:6, 7.
w18.01-EW 9 mm. 8-9
“Edoa Ŋusẽ Ame Si Ŋu Ðeɖi Te”
8 Xlẽ Yesaya 40:30. Ŋutete kawoe ɖale mía si o, nu geɖewo li siwo míate ŋu awɔ le míawo ŋutɔwo míaƒe ŋusẽ me o. Ele vevie be nya ma nanɔ susu me na mí. Togbɔ be ŋutete geɖe nɔ apostolo Paulo si hã la, menye nu sia nu si wòdi be yeawɔ lae wòtea ŋu wɔna o. Esi wògblɔ eƒe dzimedidiwo na Mawu la, eɖo eŋu nɛ be: “Nye ŋusẽ zua blibo le wò gbɔdzɔgbɔdzɔ me.” Paulo se nu si esia fia gɔme. Eya ta eƒo nya ta be: “Ne megbɔdzɔ la, ekema mesẽa ŋu.” (2 Kor. 12:7-10) Eƒe nya mawo gɔme ɖe?
9 Paulo de dzesii be seɖoƒe li na yeƒe ŋutetewo, eya ta yehiã kpekpeɖeŋu tso ame si tri akɔ wu ye la gbɔ. Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ye ado ŋusẽ Paulo ne egbɔdzɔ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Mawu ƒe gbɔgbɔa ate ŋu akpe ɖe Paulo ŋu wòawɔ dɔ siwo manya wɔ nɛ gbeɖe le eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ me o. Nenemae wòle le míawo hã gome. Ne Yehowa na eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea mí la, ŋusẽ anɔ mía ŋu vavã!
Bibla mɛ nuxɔafiwo jiji
w18.12-EW 8 mm. 10-12
Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
“Dziƒo etɔ̃lia” si woyɔ le 2 Korintotɔwo 12:2 la ate ŋu anye Mesia Fiaɖuƒea, si le Yesu Kristo kple ame 144000, siwo le tsitre ɖi na “dziƒo yeye” la, si me.—2 Pet. 3:13.
Enye “dziƒo etɔ̃lia,” elabe enye Fiaɖuƒe si wodo ɖe dzi, si de ŋgɔ sãsãsã, si ƒe nyonyome ƒo dziɖuɖu ɖe sia ɖe ta.
“Paradiso” si me wokɔ Paulo yi le ŋutegaa me la ate ŋu afia (1) Paradiso ŋutɔŋutɔ si ava xɔ anyigbaa dzi, (2) gbɔgbɔmeparadiso si anɔ anyi ɣemaɣi, si ade ŋgɔ sãsãsã wu gbɔgbɔmeparadiso si li fifia, eye (3) agate ŋu afia ‘Mawu ƒe paradiso’ si le dziƒo, si hã anɔ anyi le xexe yeyea me le ɣeyiɣi ma ke me.
it-1-F 753
Eshikiki
‘Eshikiki kɔkɔɛ.’ Kristotɔ ŋkɔtɔwo ‘kinɔ shi,’ (Rɔm 16:16; 1Kor 16:20; 2Kor 13:12; 1Tɛs 5:26) alo ‘kinɔ lɔnlɔn shi’ (1 Piɛ 5:14) nɔ wowonɔnɔwo. Ewa mɔ, mɛ ciwo yí ɖo vijinuɖekɛŋmɛ yí kinɔ shi nɔ nɔnɔ. Etɛnŋ nyi mɔ, Kristotɔ ŋkɔtɔ cɛwo gbedonamɛ lɔ sɔ koɖo lé Ebretɔwo kinɔ shi ɖeka nɔ amɛ yí sɔ donɔ gbe nɔ amɛ do sa. Ci Ŋwlɛnŋwlɛn lɔwo dedre eshikikinyɔ lɔ mɛ kitokito can ɔ, kankandoji li mɔ ‘eshikiki kɔkɔɛ’ alo “eshikiki lɔnlɔntɔ,” hɛn susu yikɔ lɔnlɔn adodwi koɖo ɖekawawa ci yí le Kristotɔwo hamɛ lɔ mɛ ji.—Ʒan 13:34, 35.
27 MAI–2 JUIN
MAWU NYƆ MƐ DƆKUNUWO | GALATITƆWO 1-3
“Ŋgbe nyɔ ni zeɖeka tiin”
w17.04-EW 27 mm. 16
Ðe Yehowa Ƒe Susu Le Dzɔdzɔenyenye Ŋu Le Asiwòa?
16 Xlẽ Galatiatɔwo 2:11-14. Amegbetɔvɔvɔ̃ ƒe mɔ̃ lae ɖe Petro. (Lod. 29:25) Togbɔ be Petro nya Yehowa ƒe susu le nyaa ŋu nyuie hã la, evɔ̃ na nu si Yudatɔ aʋatsotsotɔ siwo tso Yerusalem hamea me va la asusu. Apostolo Paulo, si hã nɔ kpekpea me le Yerusalem le ƒe 49 K.Ŋ. la, ka mo na Petro le Antiokia heƒo nu tsi tre ɖe eƒe alakpanuwɔwɔa ŋu. (Dɔw. 15:12; Gal. 2:13) Aleke Dukɔwo me tɔ siwo zu Kristotɔwo, siwo dzi Petro ƒe nu madzɔmadzɔ wɔwɔa te ɖo la awɔ nui? Ðe woaɖe mɔ nu si dzɔ la nazu nukikli na woa? Ðe subɔsubɔmɔnukpɔkpɔwo age le Petro si le eƒe vodadaa ta?
w13-EW 3/15 5 mm. 12
“Nukikli Aɖeke Meli Na” Ame Siwo Lɔ̃a Yehowa O
12 Amegbetɔvɔvɔ̃ kpe Petro dzi, eye esia na wòwɔ vodada ɣeaɖewoɣi; ke hã eyi edzi wɔ nuteƒe na Yesu kple Yehowa. Le kpɔɖeŋu me, egbe nu le eƒe Aƒetɔ la gbɔ, menye zi ɖeka o, ke boŋ zi etɔ̃ sɔŋ. (Luka 22:54-62) Emegbe la, Petro wɔ nane si medze Kristotɔ o esime wòwɔ nu ɖe Dukɔwo me tɔ siwo va zu xɔsetɔwo ŋu abe ɖe asixɔxɔ mele wo ŋu de Kristotɔ Yudatɔ siwo wotso aʋa na la nu o ene. Gake apostolo Paulo ya kpɔe be Petro ƒe nuwɔna sia mesɔ o, elabena mele be míanɔ vovototo dem amewo me le hamea me o. Esi Paulo medi be nɔnɔme sia nayi edzi le hamea me o ta la, eka mo na Petro tẽe. (Gal. 2:11-14) Ðe mokaname sia na Petro do dziku ale gbegbe be wòdzudzɔ agbedua ƒuƒua? Kura o. Elɔ̃ xɔ Paulo ƒe nuxlɔ̃amea, ewɔ edzi, eye wòyi agbedua ƒuƒu dzi.
Bibla mɛ nuxɔafiwo jiji
w14-EW 9/15 16 mm. 20-21
Subɔ Mawu Nuteƒewɔwɔtɔe Togbɔ Be “Xaxa Geɖewo” Ava Hã
20 Ke le amedzidzedze siwo mele tẽe o gome ɖe? Le kpɔɖeŋu me, aleke míawɔ aɖu dziɖeleameƒo ƒe seselelãmewo dzi? Mɔ vevi ɖeka si dzi míato awɔ esiae nye be míade ŋugble le Yesu ƒe tafevɔsa la ŋu. Ema tututue apostolo Paulo wɔ. Eƒe nu wɔ nublanui na eɖokui ɣeaɖewoɣi. Ke hã enyae be nu vɔ̃ wɔlawo abe ye ene tae Kristo ku ɖo, ke menye ɖe ame deblibowo ta o. Eŋlɔ bena: ‘Mele agbe nɔm to Mawu ƒe Vi si lɔ̃m, eye wòtsɔ eɖokui na ɖe tanye la, dzi xɔxɔse me.’ (Gal. 2:20) Ɛ̃, Paulo xɔ tafea dzi se eye wòka ɖe edzi be ye tae woxee ɖo.
21 Tafea ate ŋu aɖe vi geɖe na wò hã ne èka ɖe edzi be nunanae wònye tso Yehowa gbɔ na ye. Esia mefia be wò dziɖeleameƒo ƒe seselelãmewo nu ayi enumake o. Ame aɖewo anɔ avu wɔm kple dziɖeleameƒo ƒe seselelãmewo ɣeaɖewoɣi va se ɖe esime nuɖoanyi yeyea nava. Gake ɖo ŋku edzi be: Ame siwo mena ta o lae axɔ fetua. Ɣesiaɣi si ŋu nya ke ko la, míegatena ɖe ŋkeke si dzi Mawu Fiaɖuƒea ava la ŋu wu. Ɣemaɣi la, ŋutifafa axɔ anyigba la dzi eye ame sia ame ade blibo. Ðoe kplikpaa be yeage ɖe Fiaɖuƒe ma me, ne esia abia be nàto xaxa geɖewo me gɔ̃ hã.
it-1-F 940
Galatitɔwo, lɛta nɔ
Ci Pɔlu nu mɔ ‘Míwo Galatitɔwo . . . enumanyatɔwoɔ,’ ŋɖe deɖo kpe yi ji mɔ akɔta ɖeka mɛ tɔ ciwo yí nyi Gauloitɔwo koŋ, ciwo yí le tagbe nɔ Galati yí le susumɛ ni o. (Gal 3:1) Vɔ Pɔlu gbegbeɛ nyɔ nɔ mɛɖewo le hamɛ lɔ mɛ, mɛ ciwo yí tashi wowoɖekiwo yí Ʒuifu ciwo yí le wo mɛ kpɔ ŋsɛn do wo ji, Ʒuifu ciwo yí to Moizi Se lɔ ji yí ɖo jɔjɔɛnyinyi sewo nɔ wowoɖekiwo do dumɛ nɔ ‘jɔjɔɛnyinyi xɔse tɔ’ ci wona to nublabla yoyu lɔ ji. (2:15–3:14; 4:9, 10) Ʒuifu koɖo amɛmanyiʒuifu ciwo yí le “xɔsetɔ habɔbɔ ciwo yí le Galati kanmɛ” (1:2) yí Pɔlu ŋwlɛnkɔ nu nɔ. Amɛmanyiʒuifu lɔwo nyi mɛ ciwo yí sɔ wowoɖekiwo trɔ Ʒuifuwo yí so vo koɖo amɛmanyiʒuifu ciwo yí deso vo o, yí kankandoji li mɔ wonyi mɛ ciwo yí so weɖoxɔxu nɔ Europe. (Edɔ 13:14, 43; 16:1; Gal 5:2) Wo pleŋ yí Pɔlu yɔ mɔ Kristotɔ Galatitɔwo, ɖo woyɔnɔ ekán ci mɛ wole mɔ Galati. Enyɔ ciwo pleŋ yí le lɛta lɔ mɛ dasɛ mɔ Pɔlu jeshi mɛ ciwo eŋwlɛnkɔ nu ɖaɖa nywiɖe, yí amɛ lɔwo le fɔde nutwiwo mɛ nɔ ekán ŋtɔ́ ci Rɔma kpa nɔ. De mɛ ciwo Pɔlu dejeshi ɖɛ ɖeeɖe o, mɛ ciwo yí le tagbe nutwiwo mɛ nɔ Galati, fini ewa mɔ deyi kpɔ o yí eŋwlɛnkɔ nu ɖaɖa o.