ƐNTƐNƐTI JI WEMADADOXU Watchtower Tɔ
Watchtower
ƐNTƐNƐTI JI WEMADADOXU
Aja
À
  • À
  • à
  • Á
  • á
  • É
  • é
  • È
  • è
  • Ɛ
  • ɛ
  • Ɖ
  • ɖ
  • Ó
  • ó
  • Ò
  • ò
  • Ú
  • ú
  • Ù
  • ù
  • Í
  • í
  • Ì
  • ì
  • Ɔ́
  • ɔ́
  • Ɔ̀
  • ɔ̀
  • Ɔ̌
  • Ӡ
  • ӡ
  • BIBLA
  • WEMAWO
  • BƆBƆWO
  • mwbr19 février kpashi. 2-6
  • Agbenɔnɔ koɖo sumɔsumɔdɔ bɔbɔ nukplawema nyɔsoxuwo (février 2019)

Video ɖe deli nɔ ecɛ ci èsɔ o.

Mìɖe kuku, kɔpi nɔ video lɔ do go cukaɖa ɖeka.

  • Agbenɔnɔ koɖo sumɔsumɔdɔ bɔbɔ nukplawema nyɔsoxuwo (février 2019)
  • Agbenɔnɔ koɖo sumɔsumɔdɔ bɔbɔ nukplawema nyɔsoxuwo—2019
  • Enyɔta hwɛhwɛwo
  • 4-10 FÉVRIER
  • 11-17 FÉVRIER
  • 18-24 FÉVRIER
  • 25 FÉVRIER–3 MARS
Agbenɔnɔ koɖo sumɔsumɔdɔ bɔbɔ nukplawema nyɔsoxuwo—2019
mwbr19 février kpashi. 2-6

Agbenɔnɔ koɖo sumɔsumɔdɔ bɔbɔ nukplawema nyɔsoxuwo

4-10 FÉVRIER

MAWU NYƆ MƐ DƆKUNUWO | RƆMATƆWO 1-3

“Kpɔtɔ anakɔ kpla ayexadohwɛnamɛnu ao tɔ”

lv-EW 16 mm. 6

Aleke Nàwɔ Alé Dzitsinya Nyui Me Ðe Asi?

6 Ame siwo subɔa Yehowa si koe dzitsinya ƒe nunana la lea? Bu nya siawo siwo gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ la ŋu kpɔ: “Ne dukɔ siwo si se mele o la me tɔwo wɔa nu le dzɔdzɔme nu wòsɔna ɖe se nu, togbɔ be se mele wo si o hã la, wozu se na wo ɖokuiwo. Ame siawo tututue ɖee fia be woŋlɔ se la ƒe mɔfiamewo ɖe yewoƒe dziwo me, esi woƒe dzitsinya hã ɖia ɖase, eye woawo ŋutɔwo ƒe tamesusuwo bua fɔ wo alo tsoa afia na wo be wo tɔ dzɔ.” (Romatɔwo 2:​14, 15) Ðaseɖila ememetɔ sia ate ŋu aʋã ame siwo menya nu boo aɖeke tso Yehowa ƒe sewo ŋu o gɔ̃ hã be woawɔ nu wòasɔ ɖe Mawu ƒe nudidiwo nu.

lv-EW 17-18 mm. 8-9

Aleke Nàwɔ Alé Dzitsinya Nyui Me Ðe Asi?

8 Aleke nàwɔ anɔ te ɖe wò dzitsinya dzi awɔ nyametsotso nyuiwo? Edze abe ɖeko ame aɖewo nɔa te ɖe ale si wose le wo ɖokui me dzi ko tsoa nya me ene. Ðewohĩ woagblɔ be, “Meɖe fu na nye dzitsinya o ɖe.” Míaƒe dzimedidiwo nu ate ŋu asẽ ale gbegbe be woakpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe míaƒe dzitsinya ƒe dɔwɔwɔ dzi gɔ̃ hã. Biblia gblɔ be: “Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, eye enu menya léna o. Ame kae ate ŋu adze sii?” (Yeremiya 17:9) Eya ta mele be míanɔ te ɖe nu si dzro míaƒe dzi la ɖeɖe ko dzi awɔ nyametsotso o. Ke boŋ nu si adze Yehowa Mawu ŋu la koŋ ŋue wòle be míabu.

9 Nyametsotso si wonɔ te ɖe dzitsinya si wona hehee nyuie dzi wɔ la aɖe mawuvɔvɔ̃ afia, ke menye ame ŋutɔ ƒe didiwo o. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Nuteƒewɔla Nehemiya kpɔ mɔ axɔ adzɔ vovovowo le Yerusalem tɔwo si le esi eyae nye anyigbadzikpɔla ta hafi. Gake mewɔe o. Nu ka tae? Medi kura be yeate Yehowa Mawu ƒe amewo ɖe anyi ne wòado dziku ɖe ye ŋu o. Egblɔ be: “Nye ya nyemewɔ nenema o, le esi mevɔ̃a Mawu ta.” (Nehemiya 5:15) Ele vevie be mawuvɔvɔ̃ nyuitɔ, esi tso dzi me, si nye vɔvɔ̃ na nu si madze mía Fofo si le dziƒo ŋu o wɔwɔ, nanɔ mía me. Mawuvɔvɔ̃ vavãtɔ sia aʋã mí be míadi mɔfiame le Mawu ƒe Nya la me hafi awɔ nyametsotsowo.

Bibla mɛ nuxɔafiwo jiji

w08-EW 6/15 30 mm. 5

Nya Vevi Siwo Tso Lɛta Si Woŋlɔ Na Romatɔwo Me

3:4. Ne amewo ƒe nyawo tsi tsitre ɖe nya siwo Mawu gblɔ le eƒe Nya me ŋu la, míeɖenɛ fiana be ‘Mawu nye nyateƒetɔ’ to kaka ɖe gbedeasi si le Biblia me dzi kple nuwɔwɔ wòawɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu dzi. Ne míekpɔa gome le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔ kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me dzonɔamemetɔe la, míate ŋu akpe ɖe amewo ŋu woakpɔe be Mawu nye nyateƒetɔ.

w08-EW 6/15 29 mm. 6

Nya Vevi Siwo Tso Lɛta Si Woŋlɔ Na Romatɔwo Me

3:​24, 25​—Aleke “tafe si Kristo Yesu xe” la te ŋu tsyɔ “nu vɔ̃ siwo wowɔ tsã” hafi wova xee la dzii? Mesia la ŋuti nyagblɔɖi gbãtɔ si dze le 1 Mose 3:15 la va eme le ƒe 33 M.Ŋ. me, esime Yesu ku ɖe fuwɔameti la ŋu. (Gal. 3:​13, 16) Ke hã, le Yehowa ƒe nukpɔsusu nu la, le ɣeyiɣi si me wògblɔ nya sia ɖi la, ɖeko wònɔ abe ɖe woxe tafea xoxo ene, elabena naneke mate ŋu axe mɔ na Mawu be wòado kpo eƒe tameɖoɖowo dzi wɔwɔ o. Eya ta Yehowa ate ŋu anɔ te ɖe tafe si Yesu Kristo va xe le nyagblɔɖi ma megbe la dzi atsɔ nu vɔ̃ ake Adam ƒe dzidzimevi siwo xɔ ŋugbedodo ma dzi se. Tafea wɔe be woate ŋu afɔ ame siwo ku do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli la hã ɖe tsitre.​—Dɔw. 24:15.

11-17 FÉVRIER

MAWU NYƆ MƐ DƆKUNUWO | RƆMATƆWO 4-6

“Mawu dasɛ Yi lɔnlɔn nɔ mì”

w11-EW 6/15 12 mm. 5

Mawu Ðe Eƒe Lɔlɔ̃ Fia Mí

5 Paulo ɖe nya sia me, eye wòdze egɔme kple nya sia be: “To ame ɖeka dzi nu vɔ̃ ge ɖe xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, eye ale ku la kaka ɖe amewo katã dome, esi wo katã wɔ nu vɔ̃ ŋuti la.” (Rom. 5:12) Míate ŋu ase nya sia gɔme, elabena Mawu na woŋlɔ ale si amegbetɔwo wɔ va dzɔ ƒe ŋutinya ɖi. Yehowa wɔ ame eve, Adam kple Xawa. Wɔla la de blibo, eye esia ta ame eve gbãtɔ mawo, siwo nye mía tɔgbuiwo la, hã nye ame deblibowo. Mawu de se ɖeka aɖe ko na wo hegblɔ na wo be, ne woda se ma dzi la, woaku. (1 Mose 2:17) Ke hã wowɔ nu tovo, woɖoe koŋ da se bɔbɔe ma si Mawu de na wo la dzi, eye woto esia me gbe nu le eya, si nye Senala kple Dziɖulagã la, gbɔ.​—5 Mose 32:​4, 5.

w11-EW 6/15 12 mm. 6

Mawu Ðe Eƒe Lɔlɔ̃ Fia Mí

6 Esi Adam zu nu vɔ̃ wɔla megbee wòte vidzidzi, si wɔe be viawo katã nyi nu vɔ̃ kple emetsonuwo ƒe dome tso egbɔ. Enye nyateƒe be Adam ƒe dzidzimeviwo meda Mawu ƒe sea dzi abe Adam ene o, eya ta womebu nu vɔ̃ ma ke na wo o; eye womede se aɖeke hã na wo ɣemaɣi o. (1 Mose 2:17) Ke hã wonyi nu vɔ̃ ƒe dome. Eya ta nu vɔ̃ kple ku ɖu fia va se ɖe esime Mawu na sewo Israel viwo, si ɖee fia kɔtɛ be wonye nu vɔ̃ wɔlawo. (Mixlẽ Romatɔwo 5:​13, 14.) Míate ŋu atsɔ nu vɔ̃ si ƒe dome míenyi ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi asɔ kple dɔléle aɖewo siwo dome ɖeviwo nyina tso wo dzilawo gbɔ. Togbɔ be ɖevi aɖewo nyia dɔléle mawo dome tso wo dzilawo gbɔ hã la, menye wo katãe xɔa dɔléle mawo o. Gake mele nenema le nu vɔ̃ ya gome o. Mí katã míenyi nu vɔ̃ ƒe dome tso Adam gbɔ, eye le esia ta la, mí katã míekuna. Ðe míate ŋu ado le nɔnɔme wɔnublanui ma me gbe ɖeka?

w11-EW 6/15 13 mm. 9-10

Mawu Ðe Eƒe Lɔlɔ̃ Fia Mí

9 Gɔmesese kae le megbe na Helagbe me nya siwo wozã le nyagbɔgblɔ si gɔme woɖe be “wobu amewo be wole dzɔdzɔe” la? Biblia gɔmeɖela aɖe ŋlɔ tso nya sia ŋu be: “Enye nyamenya aɖe si de sɔsɔ ge kple seŋutiɖoɖo. Eku ɖe tɔtrɔwɔwɔ le tenɔnɔ si le ame aɖe si le Mawu ŋkume ŋu la ŋuti, ke menye le amea ƒe amenyenye ememetɔ ŋu o . . . Nyamenya la ɖe Mawu fia abe ʋɔnudrɔ̃la aɖe si tso afia wòde ame si wobu fɔe, si wokplɔ va Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui ŋkume le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu be ewɔ nu madzɔmadzɔ aɖe, la dzi. Gake Mawu ɖe fɔbubua ɖa le ame si wobu fɔe la dzi.”

10 Nu ka dzie “xexe me [blibo la] ƒe ʋɔnudrɔ̃la” dzɔdzɔe la ate ŋu anɔ te ɖo aɖe fɔbubu ɖa le ame madzɔmadzɔ aɖe dzi? (1 Mose 18:25) Afɔ vevi gbãtɔ si Mawu ɖe be esia nanya wɔe nye be lɔlɔ̃ ʋãe wòdɔ eƒe Tenuvi la ɖe anyigba dzi. Yesu wɔ Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu bliboe, togbɔ be tetekpɔwo va edzi, woɖu fewu le eŋu vevie, eye wowɔ fui gɔ̃ hã. Elé eƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asi ʋuu keke yi ɖe ku me le fuwɔameti ŋu gɔ̃ hã. (Heb. 2:10) Esi Yesu tsɔ eƒe agbe debliboa sa vɔ la, ena tafe aɖe si ate ŋu aɖe Adam ƒe dzidzimeviwo tso nu vɔ̃ kple ku si me.​—Mat. 20:28; Rom 5:​6-8.

Bibla mɛ nuxɔafiwo jiji

w08-EW 6/15 29 mm. 7

Nya Vevi Siwo Tso Lɛta Si Woŋlɔ Na Romatɔwo Me

6:​3-5​—Nu kae nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe Kristo Yesu me kple nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe eƒe ku me fia? Ne Yehowa tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na Kristo yomedzelawo la, wowɔa ɖeka kple Yesu heva zua hame si Kristo nye Ta na la me tɔwo. (1 Kor. 12:​12, 13, 27; Kol. 1:18) Esiae nye nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe Kristo Yesu me. ‘Wonyrɔ’ Kristotɔ amesiaminawo ‘ɖe Kristo ƒe ku me’ hã le mɔ sia nu be wonɔa vɔsagbe eye wogbea nu le agbenɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ ɖe sia ɖe gbɔ. Eya ta woƒe ku la nye vɔsaku, abe ale si Yesu ƒe ku nɔ ene, togbɔ be tafe ƒe asixɔxɔ mele wo tɔa ŋu o hã. Nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe Kristo ƒe ku me sia wua enu ne woku eye wofɔ wo ɖe tsitre yi dziƒogbenɔnɔ me.

w14-EW 6/1 11 mm. 1

Mɔkpɔkpɔ Kae Li Na Tɔgbuinye Siwo Ku?

Ne wofɔ ame madzɔmadzɔwo ɖe tsitre la, ɖe woadrɔ̃ ʋɔnu wo le agbe si wonɔ va yi hafi ku la ta? Ao. Romatɔwo 6:7 gblɔ be: “Ame si ku la, woɖee tso eƒe nu vɔ̃ me.” Esi ame madzɔmadzɔawo ku ko la, woƒe kua nye fexexe ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta. Eya ta agbe si woanɔ le woƒe tsitretsitsi megbe lae woatsɔ adrɔ̃ ʋɔnu wo, ke menye nu siwo wowɔ le manyamanya me hafi ku lae woatsɔ adrɔ̃ ʋɔnu wo o. Aleke esia aɖe vi na woe?

18-24 FÉVRIER

MAWU NYƆ MƐ DƆKUNUWO | RƆMATƆWO 7-8

‘Èkpɔkɔ mɔ veviɖea’?

w12-EW 7/15 11 mm. 17

Na Yehowa Nakplɔ Wò Ayi Ablɔɖe Vavãtɔ Me

17 Esi Paulo nɔ nu ƒom tso ablɔɖe si Yehowa ɖo ɖi na esubɔla siwo le anyigba dzi ŋu la, eŋlɔ bena: “Nuwɔwɔ la ƒe mɔkpɔkpɔ vevi la le Mawu ƒe viwo ƒe ɖeɖe fia la lalam.” Eyome egblɔ be: “Woaɖe nuwɔwɔ la ŋutɔ hã tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me, eye wòakpɔ Mawu ƒe viwo ƒe ablɔɖe si me ŋutikɔkɔe le la.” (Rom. 8:​19-21) “Nuwɔwɔ la” fia amegbetɔ siwo si anyigba dzi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le, ame siwo Mawu ƒe vi amesiaminawo “ƒe ɖeɖe fia la” aɖe vi na. Ðeɖe fia ma adze egɔme ne ‘vi’ siawo, siwo wofɔ yi dziƒo la, kpe ɖe Kristo ŋu wotsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo katã le anyigba dzi eye wokpɔ “ameha gã aɖe” ta woge ɖe nuɖoanyi yeyea me.​—Nyaɖ. 7:​9, 14.

w12-EW 3/15 23 mm. 11

Dzi Nedzɔ Wò Le Mɔkpɔkpɔ Si Le Asiwò La Ta

11 Yehowa na mɔkpɔkpɔ amegbetɔwo esime wòdo ŋugbe be yeaɖe ameƒomea tso “da xoxo,” si nye Satana Abosam si me to ‘dzidzimevi’ si ŋugbe wòdo la dzi. (Nyaɖ. 12:9; 1 Mose 3:15) Yesu Kristo ye nye ‘dzidzimevi’ ma ƒe akpa vevitɔ. (Gal. 3:16) To Yesu ƒe ku kple tsitretsitsia dzi la, mɔkpɔkpɔ su ameƒomea si azɔ be woava vo tso nu vɔ̃ kple ku ƒe kluvinyenye me. Mɔkpɔkpɔ sia me vava do ƒome kple “Mawu ƒe viwo ƒe ɖeɖe fia.” Amesiamina siwo wodo ŋutikɔkɔe na lae nye ‘dzidzimevia’ ƒe akpa evelia. ‘Woaɖe wo afia’ ne wowɔ ɖeka kple Kristo le Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖi la tsɔtsrɔ̃ me. (Nyaɖ. 2:​26, 27) Esia ahe ɖeɖekpɔkpɔ avae na alẽ bubuawo, siwo atsi agbe le xaxa gã la me.​—Nyaɖ. 7:​9, 10, 14.

w12-EW 3/15 23 mm. 12

Dzi Nedzɔ Wò Le Mɔkpɔkpɔ Si Le Asiwò La Ta

12 Gbɔdzɔe ka gbegbee nye esi “nuwɔwɔ” siwo nye amegbetɔwo akpɔ le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me! Ɣemaɣi la, woagaɖe ‘Mawu ƒe vi’ siwo wodo ŋutikɔkɔe na la afia ake le mɔ bubu nu ne wole nunɔladɔ wɔm kpe ɖe Kristo ŋu be woawɔ Yesu ƒe tafevɔsa la ŋu dɔ wòaɖe vi na ameƒomea. Abe Dziƒofiaɖuƒea te viwo ene la, woaɖe “nuwɔwɔ” siwo nye amegbetɔwo tso nu vɔ̃ kple ku me tsonuwo me. “Woaɖe” amegbetɔ toɖolawo “tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me” vivivi. Ne woyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa le Ƒe Akpe Ðeka la katã me eye wowɔ nuteƒe le dodokpɔ mamlɛ si ava le eƒe nuwuwu me la, woaŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe ‘agbegbalẽ’ la me tegbee. Woayi ɖe “Mawu ƒe viwo ƒe ablɔɖe si me ŋutikɔkɔe le” la me. (Nyaɖ. 20:​7, 8, 11, 12) Mɔkpɔkpɔ wɔnuku aɖee nye esia vavã!

Bibla mɛ nuxɔafiwo jiji

w17.06-EW 3

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Vovototo ci yí le “susu sɔsɔ ɖo ŋcilan lɔ ji” koɖo “susu sɔsɔ ɖo gbɔngbɔn lɔ ji” mɛɔ? (Rɔm. 8:​6, NWT)

Ame si tsɔa susu ɖoa ŋutilãa ŋu la tsɔa eƒe susu ɖoa ŋutilã ƒe nudzodzrowo kple amegbetɔ madeblibo ƒe didiwo ŋu, eƒoa nu tso wo ŋu enuenu, eye wòkafua wo. Ke le ame si tsɔa susu ɖoa gbɔgbɔ la ŋu gome la, nu siwo ku ɖe Mawu kple eƒe lɔlɔ̃nu ŋu lae nɔa vevie nɛ le agbe me; gbɔgbɔ kɔkɔea ye fiaa mɔ Kristotɔ sia tɔgbi. Esia hea agbe kple ŋutifafa vanɛ, gake ekemɛa ya hea ku vanɛ.​—w16.12, axa 15-17.

w09-EW 11/15 7 mm. 20

Nu Kae Wò Gbedodoɖawo Ðena Fiana Le Ŋuwò?

20 Ate ŋu adzɔ ɣeaɖewoɣi be míanya nya si míagblɔ le gbe siwo mía ŋutɔwo míedona ɖa la me o. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Nu si wòle be míado gbe ɖa abia, abe ale si wòhiã be míawɔe ene la, míenyae o, gake gbɔgbɔ la ŋutɔ xɔa míaƒe ŋeŋe siwo míeɖe gblɔ o la, ɖe akɔ. Ke hã, [Mawu] ame si dzroa dziwo me kpɔ la nya gbɔgbɔ la ƒe taɖodzinu.” (Rom. 8:​26, 27) Yehowa na woŋlɔ gbedodoɖa geɖe ɖi ɖe Ŋɔŋlɔawo me. Exɔa kukuɖeɖe mawo siwo tso gbɔgbɔ me la be wonye nu siwo míadi be míabia, eye le esia ta ewɔa wo na mí. Mawu nya mí, eye wònya gɔmesese si le nya siwo wòna eƒe gbɔgbɔa gblɔ to Biblia ŋlɔlawo dzi la si hã. Yehowa sea míaƒe kokoƒoƒowo ne gbɔgbɔ la ‘xɔ’ míaƒe nya ɖe ‘akɔ’ alo ɖe kuku ɖe mía ta. Gake ne míeva le Mawu ƒe Nya la nyam nyuie wu la, nu siwo wòle be míado gbe ɖa abia la ava susu me na mí bɔbɔe wu.

25 FÉVRIER–3 MARS

MAWU NYƆ MƐ DƆKUNUWO | RƆMATƆWO 9-11

“Kpɔwɛ ci wona kudo Olivuci lɔ nu”

w11-EW 5/15 23 mm. 13

‘Oo, Mawu Ƒe Nunya Me Goglo Loo!’

13 Le numeɖeɖea dzi yiyi me la, apostolo Paulo tsɔ ame siwo ava nye Abraham ƒe dzidzimevia ƒe akpa aɖe la sɔ kple kpɔɖeŋu ƒe amiti aɖe ƒe alɔwo. (Rom. 11:21) Amiti sia si wodo ɖe abɔ me la le tsitre ɖi na Mawu ƒe tameɖoɖo si ku ɖe nubabla si wòwɔ kple Abraham la me vava ŋu. Atia ƒe ke le kɔkɔe eye wòle tsitre ɖi na Yehowa, ame si naa agbe gbɔgbɔ me Israel la. (Yes. 10:20; Rom. 11:16) Atia ŋutɔ le tsitre ɖi na Yesu, si nye Abraham ƒe dzidzimevia ƒe akpa vevitɔ. Atia ƒe alɔawo le tsitre ɖi na ame siwo nye Abraham ƒe dzidzimevia ƒe akpa evelia ƒe “xexlẽme blibo la.”

w11-EW 5/15 24 mm. 15

‘Oo, Mawu Ƒe Nunya Me Goglo Loo!’

15 Ke nu kae Yehowa wɔ be eƒe tameɖoɖoa nava eme? Paulo ɖe eme be wotsɔ amiti gbemetɔ ƒe alɔwo do ɖe abɔmemiti la ƒe alɔ siwo woŋe ɖa la teƒe. (Mixlẽ Romatɔwo 11:​17, 18.) Eya ta wotsɔ Kristotɔ amesiamina siwo nye dukɔwo me tɔwo, abe esiwo nɔ hame si nɔ Roma me ene, la do ɖe kpɔɖeŋu ƒe amitia me le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. To mɔ sia dzi la, wova zu Abraham ƒe dzidzimevia ƒe akpa aɖe. Le dzɔdzɔme nu la, wonɔ abe gbemiti ƒe alɔwo ene, eye mɔnukpɔkpɔ aɖeke menɔ wo si be woanye nubabla tɔxɛ sia me tɔwo o. Gake Yehowa ʋu mɔnukpɔkpɔa ɖi na wo be woava zu gbɔgbɔ me Yudatɔwo.​—Rom. 2:​28, 29.

w11-EW 5/15 25 mm. 19

‘Oo, Mawu Ƒe Nunya Me Goglo Loo!’

19 Ɛ̃, Yehowa ƒe tameɖoɖo si ku ɖe “Mawu ƒe Israel la” ŋu le eme vam le nukumɔ aɖe nu. (Gal. 6:16) Abe ale si Paulo gblɔe ene la, “woana ɖeɖe Israel blibo la.” (Rom. 11:26) Le Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, “Israel blibo la”​—si nye, gbɔgbɔ me Israel viwo ƒe xexlẽme bliboa​—asubɔ abe fiawo kple nunɔlawo ene le dziƒo. Naneke mate ŋu ana Yehowa ƒe tameɖoɖoa nado kpo eme vava o!

Bibla mɛ nuxɔafiwo jiji

w13-EW 6/15 25 mm. 5

Na Yehowa Namla Wò

5 Ke ne amegbetɔwo tsɔ dzimesesẽ gbe be Zemela Gã la nagamla yewo o ya ɖe? Aleke Mawu awɔ ŋusẽ si le esi abe zemela ene la ŋu dɔe? Bu nu si dzɔna ɖe tsu si meganyo woatsɔ amè ze si woɖo be woatsɔe amè o dzi la ŋu kpɔ. Zemelaa ate ŋu atsɔe amè ze bubu loo alo atsɔe aƒu gbe! Zi geɖe la, esia dzɔna ne zemelaa metrɔ asi le tsua ŋu le mɔ nyuitɔ nu o. Gake mía Mèla Yehowa ya trɔa asi le mía ŋu le mɔ nyuitɔ nu ɣesiaɣi. (5 Mose 32:4) Ne ame aɖe meɖe mɔ Yehowa trɔ asi le eŋu o la, ke amea ŋutɔ gbɔe wòtso. Ale si Yehowa wɔa nu ɖe amewo ŋu la nɔa te ɖe ale si ameawo wɔa nu ɖe eƒe amehehe ŋui dzi. Etrɔa asi le ame siwo xɔa eƒe amehehea ŋu wonya kpɔna ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔ amesiaminawo nye ‘nublanuikpɔkpɔ ƒe ze’ siwo ŋu wotrɔ asi le be woanye ‘ze siwo woazã hena nu si ŋu bubu le.’ Gake ame siwo tsɔa dzimesesẽ gbea Mawu ƒe amehehe xɔxɔ la va zua ‘dziku ƒe ze siwo wodzra ɖo ɖi na tsɔtsrɔ̃.’​—Rom. 9:​19-23.

it-1-F 1234 mm. 6

Ŋhwantɔnɔ, Ŋhwan

Ezolelanmɛ masɔgbe. Mɛɖe atɛnŋ ahwanŋ alo aɖo ezolelanmɛ do ŋɖe nu so ji mɛ, gan yí danyi do enywitɔ ji o, yí Mawu dakpɔ jijɔ so nu o. Ŋhwan cɛ han yí Ʒuifu sugbɔ ɖo le exwe sanŋdi ŋkɔtɔ mɛ. Woji mɔ yewoanyi amɛ jɔjɔɛwo to edɔ ciwo yí yewowakɔ le Moizi Se lɔ gɔnmɛ ji. Vɔ Pɔlu dasɛ mɔ, ezolelanmɛ wowo tɔ desɔgbe o, ɖo wodeɖo enujejeshi adodwitɔ lɔ o. Eyi taɖo wodenyi amɛ jɔjɔɛwo le nyɔnɔnwi mɛ le Mawu gbɔ o. Woɖo ado jeshi wowo fɛnwo yí atrɔ va Mawu gbɔ to Kristo ji, keŋ anyi amɛ jɔjɔɛwo yí avo so ehwɛdoamɛ Moizi Se lɔ tɔ mɛ. (Rɔm 10:​1-10) Amɛ ŋtɔ́ han yí Sɔlu ci yí so Tarsi nyi sa nɛ, éɖo ezolelanmɛ sɛnŋsɛnŋ nɔ Ʒuifuwo sɛnsɛnha lɔ keke ewugan ɖoɖu. ‘Édo aya nɔ Mawu habɔbɔwo sugbɔ mɔ yeatrɔn habɔbɔ lɔwo.’ Éwanɔ do Moizi Se lɔ ji truɖuɖu shigbe mɛ ci yí “de ɖo afɛn ɖe” hannɛ. (Gal 1:​13, 14; Fili 3:6) Vɔ ŋhwan ci eɖo nɔ Ʒuifuwo sɛnsɛnha lɔ desɔgbe o. Ele ahan gan, ci eji nywi le shiɔ, Yehowa to Kristo ji yí kpɔ dɔnusoswi ni, yí trɔɛ va sɛnsɛn adodwi lɔ mɔ ji.​—1Tim 1:​12, 13.

    Wema ciwo yí le Ajagbe mɛ (2015-2025)
    To le mɛ
    Ðo mɛ
    • Aja
    • Miin
    • Cancanwo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Yizanzan sewo
    • Amɛ ŋtɔ nyɔtakankan totowo
    • Paramètres de confidentialité
    • JW.ORG
    • Ðo mɛ
    Miin