Enuɖetinɔnyɔ nɔ Akpaxwe 6
Esi Israel-viwo va ɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi mlɔeba la, avɔgbadɔa va zu teƒe si koŋ wodea ta agu na Mawu le. Nunɔlawoe fiaa Se la eye ʋɔnudrɔ̃lawo fiaa mɔ dukɔ la. Akpa sia ana míakpɔ ale si ame aɖewo ƒe nuwɔna kple ale si wotso nya mee la kpɔ ŋusẽ ɖe ame bubuwo dzii. Ele be Israel-vi ɖe sia ɖe nawɔ ɖe Yehowa ƒe sewo dzi eye wòalɔ̃ ehavi. He susu yi ŋusẽ si Debora, Naomi, Yosua, Hana, Yefta vinyɔnua kple Samuel ƒe nuwɔnawo kpɔ ɖe ame bubuwo dzi la dzi. Te gbe ɖe edzi be ame siwo menye Israel-viwo o abe Rahab, Rut, Yael kple Gibeontɔwo ene va wɔ ɖeka kple Israel-viwo elabena wonya be Mawu li kpli wo.