Enuɖetinɔnyɔ nɔ Akpaxwe 5
Esi Israel-viwo tso Ƒudzĩa dzinu eve megbe la, wova ɖo Sinai Toa gbɔ. Yehowa bla nu kple Israel-viwo be woanye dukɔ tɔxɛ na ye le afi ma. Ekpɔ wo ta eye wòna nu sia nu si hiã wo la wo. Ena mana wo woɖu, woƒe awuwo mevuvu o, eye wòna wonɔ teƒe si nɔ dedie. Ne dzilae nènye la, kpe ɖe viwòa ŋu wòakpɔ nu si tae Yehowa tsɔ Sea na Israel-viwo, wòna wotu avɔgbadɔa eye wòɖo nunɔlawo na wo la adze sii. Te gbe ɖe ale si wòle vevie be míawɔ ɖe míaƒe nyawo dzi, míabɔbɔ mía ɖokui eye míawɔ nuteƒe na Yehowa ɣesiaɣi la dzi.