Enuɖetinɔnyɔ nɔ Akpaxwe 4
Akpa sia ƒo nu tso Yosef, Hiob, Mose kple Israel-viwo ŋu. Wo katã wokpe fu le Abosam si me. Wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe wo dometɔ aɖewo ŋu, wode ɖewo gaxɔ me, ɖewo nye kluviwo, eye wowu wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã. Gake Yehowa to mɔ vovovowo dzi kpɔ wo ta. Ne dzilae nènye la, kpe ɖe viwòa ŋu wòakpɔ ale si Yehowa subɔla mawo to fukpekpewo me gake woƒe xɔse megbɔdzɔ o.
Yehowa to Fuwɔame Ewoawo dzi ɖee fia be ŋusẽ le ye ŋu wu Egipte mawuwo katã. Te gbe ɖe ale si Yehowa kpɔ eƒe amewo ta le blema kple ale si wòkpɔa wo ta egbea hã la dzi.