-
2 Mose 29:16-18Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
16 Wu agbo la nàhlẽ eƒe ʋu ɖe vɔsamlekpuia ŋu godoo va kpe.+ 17 Fli agbo la ɖe eƒe ƒunuɖeƒewo, eye nàkpala eƒe dɔmenuwo+ kple eƒe afɔwo, eye nàgbugbɔ aɖo lãkɔawo kple eƒe ta ɖe ɖoɖo nu. 18 Tsɔ agbo blibo la do dzudzɔ le vɔsamlekpui la dzi. Enye numevɔsa si ʋẽna lilili+ na Yehowa; dzovɔsa wònye na Yehowa.
-
-
3 Mose 8:18-21Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
18 Ekplɔ numevɔsa ƒe agbo la vɛ, eye Aron kple viaŋutsuwo tsɔ woƒe asiwo ɖo agbo la ƒe tame.+ 19 Emegbe Mose wui, eye wòhlẽ ʋu la ɖe vɔsamlekpuia ƒe axawo katã ŋu. 20 Eyome Mose fli agbo la, eye wòtɔ dzo ta la, lãkɔawo kple amiawo.* 21 Etsɔ tsi kpala eƒe dɔkaviawo kple afɔawo, eye Mose tsɔ agbo bliboa do dzudzɔ ɖe vɔsamlekpuia dzi. Numevɔsa si ʋẽna lilili* lae wònye. Dzovɔsa wònye na Yehowa, abe ale si tututu Yehowa de se na Mose ene.
-
-
3 Mose 9:12-14Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
12 Emegbe ewu numevɔsalã la, eye Aron viŋutsuwo tsɔ ʋu la de esi, eye wòhlẽe ɖe vɔsamlekpuia ƒe axawo katã ŋu.+ 13 Eye wotsɔ numevɔsalã la ƒe akpa vovovoawo kple ta la de esi, eye wòtsɔ wo do dzudzɔ ɖe vɔsamlekpuia dzi. 14 Ekpala dɔkaviawo kple afɔawo hã tsɔ da ɖe numevɔsalã si le vɔsamlekpuia dzi la dzi hetsɔ wo do dzudzɔe.
-