Yawoɖa, October 16
Midzra Yehowa ƒe mɔ dzi ɖo! Mita mɔ gã dzɔdzɔe ɖe gbegbe na mía Mawu la.—Yes. 40:3.
Mɔzɔzɔ tso Babilon yi Yuda manɔ bɔbɔe kura o, eye ate ŋu axɔ abe ɣleti ene sɔŋ ene. Gake Yehowa do ŋugbe na wo be yeaɖe mɔxenu siwo ana mɔzɔzɔa nasesẽ na woa ɖa. Yudatɔ nuteƒewɔlawo nyae be viɖe siwo yewoakpɔ ne yewotrɔ yi Israel anyo sãsãsã wu nu sia nu si yewoagblẽ ɖe megbe. Vevietɔ wua, wonyae be yewoakpɔ ablɔɖe asubɔ Yehowa abe ale si wòdi ene. Elabe Yehowa ƒe gbedoxɔ ɖeka pɛ hã menɔ Babilon o. Ðoɖo aɖeke menɔ anyi be nunɔlawo nasa vɔwo abe ale si Mose ƒe Sea bia ene o, eye vɔsamlekpui si dzi woasa vɔawo le gɔ̃ hã menɔ anyi o. Azɔ hã, trɔ̃subɔla siwo nɔ dua mea sɔ gbɔ sãsãsã wu Yehowa ƒe amewo eye wometsɔa ɖeke le Yehowa ƒe nudidiwo me o. Eya ta Yudatɔ mawuvɔ̃la geɖe nɔ mɔ kpɔm be yewoatrɔ ayi yewo denyigba dzi agbugbɔ tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi. w23.05 14-15 ¶3-4
Fiɖa, October 17
Miyi edzi mianɔ zɔzɔm abe kekeliviwo ene.—Ef. 5:8.
Míehiã Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea be míate ŋu ayi edzi anɔ zɔzɔm “abe kekeliviwo ene.” Nu ka tae? Nu si tae nye be, mele bɔbɔe be míayi edzi anɔ agbe dzadzɛ le xexe gblẽku sia me o. (1 Tes. 4:3-5, 7, 8) Gbɔgbɔ kɔkɔea akpe ɖe mía ŋu míatsri xexea ƒe nuŋububu si mewɔ ɖeka kple Mawu tɔ o. Ate ŋu akpe ɖe mía ŋu hã be míatse “nyuiwɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye . . . ɖe sia ɖe ƒomevi” ƒe ku. (Ef. 5:9) Nu siwo míawɔ be míaxɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dometɔ ɖekae nye be míado gbe ɖa abiae. Yesu gblɔ be Yehowa ‘ana gbɔgbɔ kɔkɔea ame siwo bianɛ.’ (Luka 11:13) Azɔ hã, Mawu ana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea mí ne míewɔ ɖeka kple mía nɔviwo kafua Yehowa le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me. (Ef. 5:19, 20) Ne míeɖe mɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kpɔ ŋusẽ ɖe mía dzia, akpe ɖe mía ŋu míanɔ agbe si dze Mawu ŋu. w24.03 23-24 ¶13-15
Memleɖa, October 18
Minɔ ebiabia dzi, eye woana mi; minɔ edidi dzi, eye miakpɔe; minɔ ʋɔƒoƒo dzi, eye woaʋui na mi.—Luka 11:9.
Ðe nèhiã dzigbɔɖi geɖe wua? Ne nenemae la, do gbe ɖa nàbiae. Dzigbɔɖi nye gbɔgbɔa ƒe kutsetse ƒe akpa aɖe. (Gal. 5:22, 23) Eya ta míate ŋu abia Yehowa be wòana gbɔgbɔ kɔkɔea mí eye wòakpe ɖe mía ŋu míatse gbɔgbɔa ƒe ku. Ne míedo go nɔnɔme aɖe si na wòsesẽ na mí be míagbɔ dzi ɖia, ele be ‘míayi edzi anɔ Mawu biam’ be wòana eƒe gbɔgbɔa nakpe ɖe mía ŋu míagbɔ dzi ɖi. (Luka 11:13) Míate ŋu abia Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu míabu nuwo ŋu abe ale si wòbua woe ene. Ne míedo gbe ɖa vɔa, ehiã be míaku kutri vevie anɔ dzi gbɔm ɖi gbe sia gbe. Zi ale si míedoa gbe ɖa biaa dzigbɔɖi eye míekua kutri gbɔa dzi ɖia, zi nenemae nɔnɔme sia aƒo ke ɖe to le míaƒe dzi me eye wòava nye míaƒe amenyenye ƒe akpa aɖe. Ŋugbledede le Biblia me kpɔɖeŋuwo ŋu hã ɖea vi. Biblia ƒo nu tso ame geɖe siwo gbɔ dzi ɖi ŋu. Ne míede ŋugble le woƒe kpɔɖeŋuawo ŋua, míate ŋu asrɔ̃ mɔ vovovo siwo dzi míato agbɔ dzi ɖi. w23.08 22-23 ¶10-11