Kuɖa, October 15
Nyee nye Alfa kple Omega.—Nyaɖ. 1:8.
Le Helagbe mea, alfa ye nye woƒe ŋɔŋlɔdzesi gbãtɔ, eye omega ye nye ŋɔŋlɔdzesi mamlɛtɔ. Eya ta esi Yehowa zã nya “Alfa kple Omega” tsɔ ɖɔ eɖokuia, enɔ kpe ɖom edzi be ne yedze nane gɔmea, yeawu enu godoo. Esi Yehowa Mawu wɔ Adam kple Xawa megbea, egblɔ na wo be: “Midzi ne miasɔ gbɔ, miayɔ anyigba la dzi, eye miaɖu edzi.” (1 Mose 1:28) Esi Yehowa gblɔ nya maa, ɖeko wòle abe enɔ gbɔgblɔm be “Alfa” ene. Nu si tae nye be Yehowa na tame si wòɖoa dze ƒãa: Le ɣeyiɣi aɖe megbea, Adam kple Xawa ƒe dzidzimevi deblibo siwo nye toɖolawo ayɔ anyigba dzi eye woatrɔe wòazu paradiso. Ne tameɖoɖo ma va eme le etsɔmea, anɔ abe ɖe Yehowa gblɔ be “Omega” ene. Esi Yehowa wu “dziƒo kple anyigba kpakple wo me nuwo katã wɔwɔ” nu vɔa, egblɔ nya aɖe tsɔ ɖo kpe tame si wòɖoa dzi be ava eme. Efia be Yehowa nɔ kpe ɖom edzi be kaka ŋkeke adrelia nawu enua, tame si yeɖo ɖe amegbetɔwo kple anyigba ŋu la ava eme bliboe.—1 Mose 2:1-3. w23.11 5 ¶13-14
Yawoɖa, October 16
Midzra Yehowa ƒe mɔ dzi ɖo! Mita mɔ gã dzɔdzɔe ɖe gbegbe na mía Mawu la.—Yes. 40:3.
Mɔzɔzɔ tso Babilon yi Yuda manɔ bɔbɔe kura o, eye ate ŋu axɔ abe ɣleti ene sɔŋ ene. Gake Yehowa do ŋugbe na wo be yeaɖe mɔxenu siwo ana mɔzɔzɔa nasesẽ na woa ɖa. Yudatɔ nuteƒewɔlawo nyae be viɖe siwo yewoakpɔ ne yewotrɔ yi Israel anyo sãsãsã wu nu sia nu si yewoagblẽ ɖe megbe. Vevietɔ wua, wonyae be yewoakpɔ ablɔɖe asubɔ Yehowa abe ale si wòdi ene. Elabe Yehowa ƒe gbedoxɔ ɖeka pɛ hã menɔ Babilon o. Ðoɖo aɖeke menɔ anyi be nunɔlawo nasa vɔwo abe ale si Mose ƒe Sea bia ene o, eye vɔsamlekpui si dzi woasa vɔawo le gɔ̃ hã menɔ anyi o. Azɔ hã, trɔ̃subɔla siwo nɔ dua mea sɔ gbɔ sãsãsã wu Yehowa ƒe amewo eye wometsɔa ɖeke le Yehowa ƒe nudidiwo me o. Eya ta Yudatɔ mawuvɔ̃la geɖe nɔ mɔ kpɔm be yewoatrɔ ayi yewo denyigba dzi agbugbɔ tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi. w23.05 14-15 ¶3-4
Fiɖa, October 17
Miyi edzi mianɔ zɔzɔm abe kekeliviwo ene.—Ef. 5:8.
Míehiã Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea be míate ŋu ayi edzi anɔ zɔzɔm “abe kekeliviwo ene.” Nu ka tae? Nu si tae nye be, mele bɔbɔe be míayi edzi anɔ agbe dzadzɛ le xexe gblẽku sia me o. (1 Tes. 4:3-5, 7, 8) Gbɔgbɔ kɔkɔea akpe ɖe mía ŋu míatsri xexea ƒe nuŋububu si mewɔ ɖeka kple Mawu tɔ o. Ate ŋu akpe ɖe mía ŋu hã be míatse “nyuiwɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye . . . ɖe sia ɖe ƒomevi” ƒe ku. (Ef. 5:9) Nu siwo míawɔ be míaxɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dometɔ ɖekae nye be míado gbe ɖa abiae. Yesu gblɔ be Yehowa ‘ana gbɔgbɔ kɔkɔea ame siwo bianɛ.’ (Luka 11:13) Azɔ hã, Mawu ana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea mí ne míewɔ ɖeka kple mía nɔviwo kafua Yehowa le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me. (Ef. 5:19, 20) Ne míeɖe mɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kpɔ ŋusẽ ɖe mía dzia, akpe ɖe mía ŋu míanɔ agbe si dze Mawu ŋu. w24.03 23-24 ¶13-15