October
Kuɖa, October 1
Nunya si tso dziƒo la [lɔ̃na] faa ɖoa to.—Yak. 3:17.
Ðe wòsesẽna na wò ɣeaɖewoɣi be nàɖo toa? Ne esesẽna na wòa, ke menye wò ɖeka koe o. Edzɔ ɖe Fia David hã dzi kpɔ, eya ta edo gbe ɖa na Mawu be: “Tsɔ wò gbɔgbɔ do ŋusẽm ne maɖo to wò tso dzi me.” (Ps. 51:12; etenuŋɔŋlɔ) David lɔ̃ Yehowa vevie. Gake esesẽ nɛ ɣeaɖewoɣi be wòaɖo to, eye nenemae wòle le míawo hã gome. Nu ka tae? Nu si tae nye be gbãa, nu vɔ̃ si dome míenyi wɔe be míedina be míaɖo to o. Evelia, Satana dzea agbagba be yeana míadze aglã ɖe Yehowa ŋu, abe ye ke ene. (2 Kor. 11:3) Etɔ̃lia, aglãdzedze ƒe “gbɔgbɔ si le dɔ wɔm le vi sẽtowo me fifia” lae xɔ aƒe ɖe xexea me. (Ef. 2:2) Esi míele avu wɔm be míaɖu mía ɖokui dzi be míagawɔ nu vɔ̃ oa, ele hã be míadze agbagba be míagasrɔ̃ Satana kple xexea ƒe tomaɖomaɖo o. Azɔ hã, ele be míaku kutri vevie be míaɖo to Yehowa kple ame siwo wòɖe mɔ wole ŋusẽnɔƒewo. w23.10 6 ¶1
Yawoɖa, October 2
Wò ya èdzra wain nyui la ɖo va se ɖe fifia.—Yoh. 2:10.
Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe nukunu sia me? Eyae nye ɖokuibɔbɔ. Yesu metsɔ nukunu si wòwɔa ƒo adegbee o. Le nyateƒe mea, meƒo adegbe le nu siwo wòwɔa ŋu kpɔ o. Ke boŋ ebɔbɔa eɖokui eye wòtsɔa kafukafua katã naa Fofoa ɣesiaɣi. (Yoh. 5:19, 30; 8:28) Ne míesrɔ̃a Yesu eye míebɔbɔa mía ɖokuia, mímanɔ adegbe ƒom le nu siwo míewɔ ŋu o. Mele be míanɔ adegbe ƒom abe mía ŋutɔwo míaƒe ŋusẽ mee míewɔe le ene o. Ke boŋ míatsɔe aƒo adegbe le Yehowa me atsɔ aɖee afia be enye dada na mí be wòna mɔnukpɔkpɔa mí be míasubɔ ye. (Yer. 9:23, 24) Yehowa dze be míatsɔ kafukafua katã nɛ elabe mímate ŋu awɔ naneke eƒe kpekpeɖeŋu manɔmee o. (1 Kor. 1:26-31) Ne míebɔbɔ mía ɖokuia, mímadi kafukafu le nu nyui siwo míewɔ na ame bubuwo ta o. Ke boŋ nyanya be Yehowa dea dzesi nu siwo míewɔna eye wòdea asixɔxɔ wo ŋua dzea mía ŋu. (Tsɔe sɔ kple Mateo 6:2-4; Heb. 13:16) Ɛ̃, ne míesrɔ̃ Yesu eye míebɔbɔ mía ɖokuia, míaƒe nu dzea Yehowa ŋu.—1 Pet. 5:6. w23.04 4 ¶9; 5 ¶11-12
Fiɖa, October 3
[Miganɔ] miawo ŋutɔ miaƒe nyonyo ko dim o, ke [midi] ame bubuwo hã ƒe nyonyo.—Flp. 2:4.
Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòde dzi ƒo na Kristotɔwo be woadi ame bubuwo ƒe nyonyo. Aleke míate ŋu awɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo ma dzi le kpekpea me? Eyae nye be míaɖo ŋku edzi be ame bubuwo hã di be yewoaɖo nya ŋu, abe ale si míawo hã míedii ene. Bu eŋu kpɔ: Ne wò kple xɔ̃wòwo miele dze ɖom la, wò ɖeka koe anɔ nu ƒom tẽea? Ao. Ke boŋ àna mɔnukpɔkpɔa woawo hã be woaƒo nu. Nenema kee le kpekpeawo mea, míedina be ame geɖe ale si wòanya wɔe naɖo nya ŋu. Le nyateƒe mea, mɔ vevi aɖe si dzi nàto ade dzi ƒo na nɔviwò Kristotɔwoe nye be nàna mɔnukpɔkpɔa wo be woaɖo nya ŋu. (1 Kor. 10:24) Eya ta na wò nyaŋuɖoɖowo nanɔ kpuie ale be mɔnukpɔkpɔ nasu ame bubuwo hã si be woaɖo nya ŋu. Ne wò nyaŋuɖoɖoa le kpuie hãa, mègaƒo nu tso nya vevi geɖe ŋu o. Ne ègblɔ nya veviawo katã le memamaa mea, nya aɖeke masusɔ ame bubuwo nagblɔ o. w23.04 22-23 ¶11-13
Memleɖa, October 4
Nya nyui la tae mewɔa nuwo katã ɖo, ale be nye hã mate ŋu agblɔe na amewo.—1 Kor. 9:23.
Ele be míaɖo ŋku edzi be ele vevie be míakpe ɖe amewo ŋu. Eye mɔ vevi aɖe si dzi míato awɔ esiae nye be míaɖe gbeƒã na wo. Ehiã be míatrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me, elabe míedoa go ame siwo tso dukɔ vovovowo me, siwo ƒe dzixɔsewo kple nɔnɔmewo to vovo. Apostolo Paulo trɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu le eƒe subɔsubɔdɔa me, eye míate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua. Yesu ɖo Paulo wòzu “apostolo na dukɔwo.” (Rom. 11:13) Eya ta Paulo ɖe gbeƒã na Yudatɔwo, Helatɔwo, agbalẽnyalawo, ame tsɛwo, dziɖuɖumegãwo, kple fiawo. Be wòate ŋu aɖo ame vovovo siawo ƒe dzi gbɔa, ezu “nuwo katã na ame ƒomeviwo katã.” (1 Kor. 9:19-22) Ebu woƒe dekɔnuwo kple dzixɔsewo ŋu. Esia kpe ɖe eŋu wòtrɔ asi le eƒe nyawo ŋu be wòanya xɔ na wo bɔbɔe. Míawo hã míate ŋu ana míaƒe subɔsubɔdɔa nanyo ɖe edzi ne míetrɔna ɖe nɔnɔmeawo ŋu eye míedzea agbagba dea dzesi mɔ nyuitɔ si dzi míato akpe ɖe ame sia ame ŋu. w23.07 23 ¶11-12
Kwasiɖa, October 5
Mele be Aƒetɔ la ƒe kluvi nawɔ dzre o, ke boŋ wòafa tu na amewo katã.—2 Tim. 2:24.
Ne ame aɖe fa tua, menye gbɔdzɔgbɔdzɔe esia nye o. Ebia ɖokuidziɖuɖu blibo be ame nalé eɖokui le nɔnɔme sesẽ me. Tufafa nye “gbɔgbɔ la ƒe kutsetse” ƒe akpa aɖe. (Gal. 5:22, 23) Wozã Helagbe me nya si gɔme woɖe le Biblia me be “tufafa” tsɔ ɖɔ sɔ wɔadã si womla. Togbɔ be womla sɔa wòfa tu hãa, ŋusẽ gakpɔtɔ le eŋu. Ke ɖe wòanya wɔ be mí amegbetɔwo míafa tu, evɔ míasẽ ŋua? Ɛ̃, anya wɔ, gake mímate ŋu awɔe le míaƒe ŋusẽ me o. Ele be míabia Mawu be wòana eƒe gbɔgbɔa mí be míate ŋu atu nɔnɔme nyui sia ɖo. Nuteƒekpɔkpɔwo ɖee fia be ame geɖe te ŋu wɔ esia. Le kpɔɖeŋu me, mía nɔvi geɖe te ŋu wɔ nu le tufafa me esi amewo tsi tre ɖe wo ŋu alo di be yewoahe nya kpli wo. Esia wɔe be susu nyui va su ame geɖe si ɖe Ðasefowo ŋu.—2 Tim. 2:24, 25. w23.09 15 ¶3
Dzoɖa, October 6
Medo gbe ɖa, eye Yehowa wɔ nu si mebiae la nam.—1 Sam. 1:27.
Gbɔgbɔ ʋã apostolo Yohanes wòkpɔ ŋutega aɖe. Le ŋutegaa mea, ekpɔ ametsitsi 24 wonɔ ta dem agu na Yehowa le dziƒo. Wonɔ Yehowa kafum nɔ gbɔgblɔm be, “wòe dze be nàxɔ ŋutikɔkɔe, bubu kple ŋusẽ.” (Nyaɖ. 4:10, 11) Mawudɔla wɔnuteƒewo hã kafua Yehowa elabe wole egbɔ le dziƒo eye wonyae nyuie. Wodea dzesi eƒe nɔnɔme nyoameŋuawo le nu siwo wòwɔna me, eye esia ʋãa wo be woakafui. (Hiob 38:4-7) Ele be míawo hã míakafu Yehowa le míaƒe gbedodoɖawo me. Míate ŋu awɔ esia ne míegblɔa nu si tae míelɔ̃e la nɛ. Ne èle Biblia srɔ̃maa, dze agbagba nàde dzesi Yehowa ƒe nɔnɔme siwo léa dzi na wò, eye nàdo gbe ɖa agblɔ ale si nèse le ɖokuiwò me tso nɔnɔme mawo ŋu nɛ. (Hiob 37:23; Rom. 11:33) Míate ŋu akafui hã ɖe ale si wòkpena ɖe mía kple mía nɔvi Kristotɔwo katã ŋu ta.—1 Sam. 2:1, 2. w23.05 3-4 ¶6-7
Braɖa, October 7
[Zɔ] ale si dze Yehowa.—Kol. 1:10.
Le ƒe 1919 mea, Mawu ƒe amewo vo tso Babilon Gã la ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi me. Le ƒe ma mea, woɖo “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” be woakpe ɖe dzinyuitɔwo ŋu woazɔ ‘Kɔkɔenyenye ƒe Mɔa’ dzi. (Mat. 24:45-47; Yes. 35:8) Dɔ siwo mawuvɔ̃la siwo nɔ anyi va yi wɔ tsɔ dzra mɔa dzi ɖoa kpe ɖe ame siwo va le mɔa dzi zɔm ŋu be woasrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ŋu. (Lod. 4:18) Esia ana woatrɔ asi le woƒe agbenɔnɔ ŋu be wòawɔ ɖeka kple Yehowa ƒe nudidiwo. Yehowa mele mɔ kpɔm be yeƒe amewo nawɔ tɔtrɔ siwo katã hiã zi ɖeka o. Ke boŋ enɔa asi trɔm le eƒe amewo ŋu vivivi. Kpɔ ale si dzi adzɔ mí ne mí katã míewɔa nu si dzea Mawu ŋu ɣesiaɣi ɖa! Mɔdodo ɖe sia ɖe hiã na beléle. Eya ta tso ƒe 1919 mea, woyi edzi le be lém na ‘Kɔkɔenyenye ƒe Mɔa’ kple susu be wòanɔ bɔbɔe na ame geɖe be woado le Babilon Gãa me. w23.05 17 ¶15; 19 ¶16
Kuɖa, October 8
Nyemagblẽ wò ɖi . . . akpɔ o.—Heb. 13:5.
Dɔdzikpɔhaa me tɔwo naa hehe Dɔdzikpɔhaa ƒe kɔmiti vovovoawo ƒe kpeɖeŋutɔwo. Fifia gɔ̃ hã, kpeɖeŋutɔ siawo le dɔ vevi geɖe wɔm nuteƒewɔwɔtɔe le habɔbɔa me. Wosu te nyuie be woayi edzi akpɔ Kristo ƒe alẽhaa dzi. Ne míeɖo xaxa gã la ƒe yɔyrɔe nu eye amesiamina mamlɛawo yi dziƒoa, Yehowa ƒe ame siwo le anyigba dzi ayi edzi asubɔe nuteƒewɔwɔtɔe. Esi Yesu Kristoe le ŋgɔ xɔm ta la, naneke matɔ te tadedeagu dzadzɛa o. Míenya be ɣemaɣia, dukɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si Biblia yɔ be Gog si tso Magog la adze Mawu ƒe amewo dzi. (Eze. 38:18-20) Gake amedzidzedze kpui ma atɔ kpe; mana Mawu ƒe amewo nadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ o. Yehowa axɔ na eƒe amewo. Le ŋutega aɖe mea, apostolo Yohanes kpɔ “ameha gã aɖe” siwo nye Kristo ƒe alẽ bubuawo. Woɖe eme na Yohanes be “ameha gã” la nye ame siwo “do go tso xaxa gã la me.” (Nyaɖ. 7:9, 14) Esia na míekpɔe kɔtɛ be Yehowa axɔ na eƒe amewo godoo! w24.02 5-6 ¶13-14
Yawoɖa, October 9
Migatsi gbɔgbɔ la ƒe dzo la o.—1 Tes. 5:19.
Nu kae míawɔ be Mawu nana eƒe gbɔgbɔa mí? Míate ŋu ado gbe ɖa be Mawu nana eƒe gbɔgbɔa mí, míasrɔ̃ eƒe Nyaa, eye míanɔ habɔbɔa ŋu kplikplikpli. Ne míewɔe alea, míatu ‘gbɔgbɔa ƒe kutsetsea’ ɖo. (Gal. 5:22, 23) Ame siwo ƒe tamesusuwo le dzadzɛ eye wonɔa agbe dzadzɛ koe Mawu naa gbɔgbɔ kɔkɔea. Yehowa mayi edzi ana eƒe gbɔgbɔa mí ne míaƒe nuŋububu kple nuwɔna mele dzadzɛ o. (1 Tes. 4:7, 8) Nenema kee mayi edzi ana gbɔgbɔ kɔkɔea mí ne “míedoa vlo nyagblɔɖiwo o.” (1 Tes. 5:20) Nya “nyagblɔɖiwo” si wozã le kpukpui sia mea fia gbedeasi siwo Mawu toa eƒe gbɔgbɔa dzi naa mí. Wo dometɔ aɖewo ku ɖe Yehowa ƒe ŋkekea kple ale si wòle be míawɔ nu kpata fifia ŋu. Mele be míasusui be Yehowa ƒe ŋkekea alo Armagedon mava le míaƒe agbenɔɣi o. Ke boŋ ele be míanɔ mɔ kpɔm be ava kpuie to ale si míedoa vevie subɔsubɔdɔa eye míenɔa agbe dzadzɛ gbe sia gbee me.—2 Pet. 3:11, 12. w23.06 12 ¶13-14
Fiɖa, October 10
Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze.—Lod. 9:10.
Nu kae wòle be mí Kristotɔwo míawɔ ne amamaɖeɖe ƒe foto aɖe dze le míaƒe mɔ̃wo dzi? Ele be míaɖee ɖa enumake! Esia anɔ bɔbɔe na mí ne ƒomedodo si le mía kple Yehowa domee nye nu vevitɔ na mí. Le nyateƒe mea, foto siwo menye amamaɖeɖefotowo o gɔ̃ hã ate ŋu anyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me. Nu ka tae wòle be míaƒo asa na wo? Elabe mímadi be míaɖe afɔ aɖeke si akplɔ mí ade gbɔdɔdɔ manɔsenu me o. (Mat. 5:28, 29) Hamemetsitsi aɖe si le Thailand si ŋkɔe nye David gblɔ be: “Mebiaa ɖokuinye be: ‘Ne fotoawo menye amamaɖeɖefotowo o hãa, ɖe wòadze Yehowa ŋu ne meyi edzi le wo kpɔma?’ Nuwo ŋu bubu alea kpena ɖe ŋunye mewɔa nu le nunya me.” Yehowa vɔvɔ̃ awɔe be míaƒo asa na nu siwo medzea eŋu o wɔwɔ eye akpe ɖe mía ŋu míawɔ nu le nunya me. Mawuvɔvɔ̃e nye “nunya ƒe gɔmedzedze.” w23.06 23 ¶12-13
Memleɖa, October 11
Nye dukɔ, yi ɖe wò xɔgãwo me.—Yes. 26:20.
‘Xɔgã’ si woyɔ le afi sia ate ŋu afia míaƒe hamewo me. Le xaxa gãa mea, Yehowa awɔ ɖe ŋugbe si wòdo be yeakpɔ mía taa dzi ne míeyi edzi subɔ kple mía nɔviwo ɖekae. Eya ta menye ɖeko míadze agbagba anɔ ŋutifafa me kple mía nɔviwo fifia o, ke ele be míaku kutri alɔ̃ wo vevie tso dzi me hã. Esia ate ŋu axɔ mí ɖe agbe. “Yehowa ƒe ŋkeke gã la” ahe xaxa ava ameƒomea dzi. (Zef. 1:14, 15) Yehowa ƒe amewo hã ato nɔnɔme sesẽwo me. Gake ne míedzra ɖo fifia, akpe ɖe mía ŋu be míaɖe dzi ɖi eye míakpe ɖe ame bubuwo ŋu. Neva eme be míado dzi le nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe si ava mía dzi me. Ne mía nɔviwo le nɔnɔme sesẽwo me tom la, míawɔ mía tɔ sinua be míaƒe dɔme natrɔ ɖe wo ŋu eye míakpɔ woƒe hiahiãwo gbɔ na wo. Ne míelɔ̃ mía nɔviwo fifia, anɔ bɔbɔe na mí be míalɔ̃ wo le etsɔme hã. Ekema Yehowa ana míanɔ agbe tegbee le xexe si me afɔkuwo kple xaxawo maganɔ o me.—Yes. 65:17. w23.07 7 ¶16-17
Kwasiɖa, October 12
[Yehowa] ana miali ke, ana miasẽ ŋu, ana mianɔ te sesĩe.—1 Pet. 5:10.
Woɖɔ mawusubɔla wɔnuteƒewo le Biblia me zi geɖe be wosẽ ŋu le xɔse me. Gake menye ɣesiaɣie woawo ŋutɔwo se le wo ɖokui me nenema o. Le kpɔɖeŋu me, Fia David se le eɖokui me ɣeaɖewoɣi be ‘yeli ke sesĩe abe to ene,’ gake ɣeaɖewoɣi hãa, ‘dzidzi ƒoe.’ (Ps. 30:7) Togbɔ be Mawu ƒe gbɔgbɔ na ŋusẽ tɔxɛ Samson hãa, enyae be ne gbɔgbɔa mele ye dzi oa, ‘yeagbɔdzɔ azu abe ame bubuwo ke ene.’ (Ʋɔn. 14:5, 6; 16:17) Yehowae do ŋusẽ esubɔla wɔnuteƒe siawo wote ŋu nɔ te sesĩe. Apostolo Paulo kpɔe be ye hã yehiã ŋusẽ si tso Yehowa gbɔ. (2 Kor. 12:9, 10) Lãmegbegblẽwo ɖe fu na Paulo hã. (Gal. 4:13, 14) Ɣeaɖewoɣia, menɔa bɔbɔe nɛ be wòawɔ nu si sɔ o. (Rom. 7:18, 19) Eye ɣeaɖewoɣi hãa, etsia dzimaɖi eye wòvɔ̃na. (2 Kor. 1:8, 9) Ke hã ne Paulo gbɔdzɔa, ekpɔnɛ be ŋusẽ ɖoa ye ŋu. Le mɔ ka nu? Yehowa nana ŋusẽ si Paulo hiã sua esi ale be wòtea ŋu doa dzi. w23.10 12 ¶1-2
Dzoɖa, October 13
Yehowa . . . kpɔa keke dzi me ke.—1 Sam. 16:7.
Ne míesena le mía ɖokui me ɣeaɖewoɣi be míele ɖeke me o la, anyo be míaɖo ŋku edzi be Yehowa ŋutɔe he mí va eɖokui gbɔ. (Yoh. 6:44) Ekpɔa nu nyui aɖewo le mía me si míawo ŋutɔwo míekpɔna o, eye wònya míaƒe dzi. (2 Kron. 6:30) Eya ta ne egblɔ be míexɔ asi na yea, míate ŋu aka ɖe edzi. (1 Yoh. 3:19, 20) Hafi míava srɔ̃ nyateƒea, mía dometɔ aɖewo wɔ nanewo si na míekpɔtɔ bua fɔ mía ɖokui. (1 Pet. 4:3) Yehowa subɔla wɔnuteƒewo gɔ̃ hã kpɔtɔ le avu wɔm kple woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo. Ðe nèsena le ɖokuiwò me ɣeaɖewoɣi be Yehowa matsɔ yeƒe nu vɔ̃wo ake ye gbeɖe oa? Ne nenemae la, wò dzi nedze eme, elabe Yehowa subɔla wɔnuteƒe geɖewo wɔ avu kple seselelãme mawo. Le kpɔɖeŋu me, esi apostolo Paulo de ŋugble le eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋua, ese le eɖokui me be yeƒe nu wɔ nublanui ŋutɔ. (Rom. 7:24) Le nyateƒe me la, Paulo trɔ dzi me tso eƒe nu vɔ̃wo me eye wòxɔ nyɔnyrɔ̃. Ke hã, egblɔ tso eɖokui ŋu be yee nye “suetɔ le apostoloawo dome” eye yenye nu vɔ̃ wɔla “gãtɔ.”—1 Kor. 15:9; 1 Tim. 1:15. w24.03 27 ¶5-6
Braɖa, October 14
Wogblẽ Yehowa. . . . ƒe aƒe la ɖi.—2 Kron. 24:18.
Nu vevi aɖe si míate ŋu asrɔ̃ tso Fia Yehoas ƒe ŋutinyaa mee nye be ele be míadze xɔlɔ̃ ame siwo lɔ̃ Yehowa eye wowɔa nu si wòdi, elabe woakpe ɖe mía ŋu míawɔ nu nyui. Menye mía hatiwo ɖeɖe koe míade ha kple o, ke ele be míalɔ̃ faa adze xɔlɔ̃ ame siwo tsi wu mí alo ame siwo míetsi wu hã. Ðo ŋku edzi be Yehoyada dze xɔ̃ Yehoas eye wòkpe ɖe eŋu wòlɔ̃ Yehowa togbɔ be etsi wui sãsãsã gɔ̃ hã. Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe ame siwo nye xɔ̃nyewo kpena ɖe ŋunye be malɔ̃ Yehowa ɖe edzia? Ðe wodea dzi ƒo nam be mawɔ Mawu ƒe sewo dzia? Ðe woɖoa dze tso Yehowa kple nu si wosrɔ̃ le Biblia me ŋua? Ðe wowɔna ɖe Mawu ƒe sewo dzia? Ne mewɔ nane si mesɔ oa, ɖe woɖoa aɖaŋu nama?’ (Lod. 27:5, 6, 17) Le nyateƒe mea, ne xɔ̃wòwo melɔ̃ Yehowa oa, ke mègade ha kpli wo o. Gake ne xɔ̃wòwo lɔ̃ Yehowa la, ke ku ɖe wo ŋu, elabe woakpe ɖe ŋuwò.—Lod. 13:20. w23.09 9-10 ¶6-7
Kuɖa, October 15
Nyee nye Alfa kple Omega.—Nyaɖ. 1:8.
Le Helagbe mea, alfa ye nye woƒe ŋɔŋlɔdzesi gbãtɔ, eye omega ye nye ŋɔŋlɔdzesi mamlɛtɔ. Eya ta esi Yehowa zã nya “Alfa kple Omega” tsɔ ɖɔ eɖokuia, enɔ kpe ɖom edzi be ne yedze nane gɔmea, yeawu enu godoo. Esi Yehowa Mawu wɔ Adam kple Xawa megbea, egblɔ na wo be: “Midzi ne miasɔ gbɔ, miayɔ anyigba la dzi, eye miaɖu edzi.” (1 Mose 1:28) Esi Yehowa gblɔ nya maa, ɖeko wòle abe enɔ gbɔgblɔm be “Alfa” ene. Nu si tae nye be Yehowa na tame si wòɖoa dze ƒãa: Le ɣeyiɣi aɖe megbea, Adam kple Xawa ƒe dzidzimevi deblibo siwo nye toɖolawo ayɔ anyigba dzi eye woatrɔe wòazu paradiso. Ne tameɖoɖo ma va eme le etsɔmea, anɔ abe ɖe Yehowa gblɔ be “Omega” ene. Esi Yehowa wu “dziƒo kple anyigba kpakple wo me nuwo katã wɔwɔ” nu vɔa, egblɔ nya aɖe tsɔ ɖo kpe tame si wòɖoa dzi be ava eme. Efia be Yehowa nɔ kpe ɖom edzi be kaka ŋkeke adrelia nawu enua, tame si yeɖo ɖe amegbetɔwo kple anyigba ŋu la ava eme bliboe.—1 Mose 2:1-3. w23.11 5 ¶13-14
Yawoɖa, October 16
Midzra Yehowa ƒe mɔ dzi ɖo! Mita mɔ gã dzɔdzɔe ɖe gbegbe na mía Mawu la.—Yes. 40:3.
Mɔzɔzɔ tso Babilon yi Yuda manɔ bɔbɔe kura o, eye ate ŋu axɔ abe ɣleti ene sɔŋ ene. Gake Yehowa do ŋugbe na wo be yeaɖe mɔxenu siwo ana mɔzɔzɔa nasesẽ na woa ɖa. Yudatɔ nuteƒewɔlawo nyae be viɖe siwo yewoakpɔ ne yewotrɔ yi Israel anyo sãsãsã wu nu sia nu si yewoagblẽ ɖe megbe. Vevietɔ wua, wonyae be yewoakpɔ ablɔɖe asubɔ Yehowa abe ale si wòdi ene. Elabe Yehowa ƒe gbedoxɔ ɖeka pɛ hã menɔ Babilon o. Ðoɖo aɖeke menɔ anyi be nunɔlawo nasa vɔwo abe ale si Mose ƒe Sea bia ene o, eye vɔsamlekpui si dzi woasa vɔawo le gɔ̃ hã menɔ anyi o. Azɔ hã, trɔ̃subɔla siwo nɔ dua mea sɔ gbɔ sãsãsã wu Yehowa ƒe amewo eye wometsɔa ɖeke le Yehowa ƒe nudidiwo me o. Eya ta Yudatɔ mawuvɔ̃la geɖe nɔ mɔ kpɔm be yewoatrɔ ayi yewo denyigba dzi agbugbɔ tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi. w23.05 14-15 ¶3-4
Fiɖa, October 17
Miyi edzi mianɔ zɔzɔm abe kekeliviwo ene.—Ef. 5:8.
Míehiã Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea be míate ŋu ayi edzi anɔ zɔzɔm “abe kekeliviwo ene.” Nu ka tae? Nu si tae nye be, mele bɔbɔe be míayi edzi anɔ agbe dzadzɛ le xexe gblẽku sia me o. (1 Tes. 4:3-5, 7, 8) Gbɔgbɔ kɔkɔea akpe ɖe mía ŋu míatsri xexea ƒe nuŋububu si mewɔ ɖeka kple Mawu tɔ o. Ate ŋu akpe ɖe mía ŋu hã be míatse “nyuiwɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye . . . ɖe sia ɖe ƒomevi” ƒe ku. (Ef. 5:9) Nu siwo míawɔ be míaxɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dometɔ ɖekae nye be míado gbe ɖa abiae. Yesu gblɔ be Yehowa ‘ana gbɔgbɔ kɔkɔea ame siwo bianɛ.’ (Luka 11:13) Azɔ hã, Mawu ana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea mí ne míewɔ ɖeka kple mía nɔviwo kafua Yehowa le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me. (Ef. 5:19, 20) Ne míeɖe mɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kpɔ ŋusẽ ɖe mía dzia, akpe ɖe mía ŋu míanɔ agbe si dze Mawu ŋu. w24.03 23-24 ¶13-15
Memleɖa, October 18
Minɔ ebiabia dzi, eye woana mi; minɔ edidi dzi, eye miakpɔe; minɔ ʋɔƒoƒo dzi, eye woaʋui na mi.—Luka 11:9.
Ðe nèhiã dzigbɔɖi geɖe wua? Ne nenemae la, do gbe ɖa nàbiae. Dzigbɔɖi nye gbɔgbɔa ƒe kutsetse ƒe akpa aɖe. (Gal. 5:22, 23) Eya ta míate ŋu abia Yehowa be wòana gbɔgbɔ kɔkɔea mí eye wòakpe ɖe mía ŋu míatse gbɔgbɔa ƒe ku. Ne míedo go nɔnɔme aɖe si na wòsesẽ na mí be míagbɔ dzi ɖia, ele be ‘míayi edzi anɔ Mawu biam’ be wòana eƒe gbɔgbɔa nakpe ɖe mía ŋu míagbɔ dzi ɖi. (Luka 11:13) Míate ŋu abia Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu míabu nuwo ŋu abe ale si wòbua woe ene. Ne míedo gbe ɖa vɔa, ehiã be míaku kutri vevie anɔ dzi gbɔm ɖi gbe sia gbe. Zi ale si míedoa gbe ɖa biaa dzigbɔɖi eye míekua kutri gbɔa dzi ɖia, zi nenemae nɔnɔme sia aƒo ke ɖe to le míaƒe dzi me eye wòava nye míaƒe amenyenye ƒe akpa aɖe. Ŋugbledede le Biblia me kpɔɖeŋuwo ŋu hã ɖea vi. Biblia ƒo nu tso ame geɖe siwo gbɔ dzi ɖi ŋu. Ne míede ŋugble le woƒe kpɔɖeŋuawo ŋua, míate ŋu asrɔ̃ mɔ vovovo siwo dzi míato agbɔ dzi ɖi. w23.08 22-23 ¶10-11
Kwasiɖa, October 19
[Miɖi] miaƒe ɖɔawo [miaɖe] lã.—Luka 5:4.
Yesu wɔ nu bubu aɖe tsɔ ɖo kpe edzi na apostolo Petro be Yehowa alé be nɛ. Esi Petro kple apostolo bubuawo yi tɔƒoa, Yesu gana woɖe lã nukutɔe. (Yoh. 21:4-6) Ðikeke mele eme o be, nukunu sia na Petro ka ɖe edzi be ele bɔbɔe ŋutɔ be Yehowa nakpɔ yeƒe nuhiahiãwo gbɔ na ye. Ðewohĩ esia na wòɖo ŋku nya si Yesu gblɔ be Yehowa akpɔ ame siwo le ‘Fiaɖuƒea dim gbã’ ƒe nuhiahiãwo gbɔ na woa dzi. (Mat. 6:33) Esiawo katã kpe ɖe Petro ŋu wòtsɔ gbeƒãɖeɖedɔa ɖo nɔƒe gbãtɔ le eƒe agbe me, ke menye lãɖeɖedɔa o. Dzi nɔ eƒo wòɖe gbeƒã le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi eye esia ʋã ame akpe geɖe woxɔ nya nyuia. (Dɔw. 2:14, 37-41) Emegbe ekpe ɖe Samariatɔwo kple Dukɔwo me tɔwo ŋu wova zu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo. (Dɔw. 8:14-17; 10:44-48) Le nyateƒe mea, Yehowa zã Petro le mɔ geɖe nu tsɔ he ame ƒomevi vovovowo va hamea me. w23.09 20 ¶1; 23 ¶11
Dzoɖa, October 20
Ne mielĩ drɔ̃e la heɖe egɔme nam o la, ekema woafli mi kakɛkakɛe.—Dan. 2:5.
Anɔ abe ƒe eve ene tso esime Babilontɔwo tsrɔ̃ Yerusalem la, Babilon-fia Nebukadnezar ku drɔ̃e tso legba gã aɖe ŋu, si na vɔvɔ̃ ɖoe. Ebia tso eƒe nunyalawo si be woalĩ drɔ̃ea ahaɖe egɔme na ye, ne menye nenema oa, yeawu wo; Daniel hã le eme. (Dan. 2:3-5) Ehiã be Daniel nawɔ nu kpata, ne menye nenema oa, ame geɖe aku. Eya ta ‘eyi fia la gbɔ ɖabiae be wòana ɣeyiɣi ye, ne yeaɖe drɔ̃ea gɔme nɛ.’ (Dan. 2:16) Esia ɖee fia be dzi nɔ Daniel ƒo eye xɔse sẽŋu nɔ esi, elabe nuŋlɔɖi aɖeke meɖee fia be Daniel ɖe drɔ̃ewo gɔme kpɔ o. Ebia tso eƒe zɔhɛwo si be “woado gbe ɖa na dziƒo ƒe Mawu la be wòakpɔ nublanui na yewo le nya ɣaɣla sia ta.” (Dan. 2:18) Yehowa ɖo woƒe gbedodoɖaa ŋu. Ekpe ɖe Daniel ŋu wòte ŋu ɖe Nebukadnezar ƒe drɔ̃ea gɔme. Esia na womewu Daniel kple eƒe zɔhɛawo o. w23.08 2-3 ¶4
Braɖa, October 21
Ame si do dzi va se ɖe nuwuwu la, eyae akpɔ ɖeɖe.—Mat. 24:13.
Bu nu siwo ado tso eme ne míegbɔa dzi ɖi ŋu. Ne míegbɔa dzi ɖia, míekpɔa dzidzɔ eye míeɖea dzi ɖi. Esia wɔnɛ be míenɔa lãmesẽ me eye míaƒe susu dzea akɔ anyi. Ne míegbɔa dzi ɖi na amewoa, mía kpli wo dome nɔna nyuie, eye ɖekawɔwɔ nɔa hamea me. Ne ame aɖe wɔ nu wòve mía, míagbɔ dzi ɖi eye míana nyaa nagblẽ ɖe edzi o. (Ps. 37:8, etenuŋɔŋlɔ; Lod. 14:29) Gake vevietɔ wua, míele mía Fofo si le dziƒo srɔ̃m eye míegatena ɖe eŋu geɖe wu. Dzigbɔɖi nye nɔnɔme nyui aɖe si ɖea vi na mí katã! Menɔa bɔbɔe na mí ɣesiaɣi be míagbɔ dzi ɖi o, gake Yehowa akpe ɖe mía ŋu míayi edzi atu nɔnɔme nyui sia ɖo. Esi míele lalam dzigbɔɖitɔe be xexe yeyea navaa, míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be “Yehowa ƒe ŋku le ame siwo vɔ̃nɛ la ŋu, ame siwo kpɔa mɔ na eƒe amenuveve.” (Ps. 33:18) Neva eme be mí katã míaɖoe kplikpaa agbɔ dzi ɖi. w23.08 22 ¶7; 25 ¶16-17
Kuɖa, October 22
Xɔse . . . ne dɔwɔwɔ mekpe ɖe eŋu o la, enye nu kuku.—Yak. 2:17.
Yakobo gblɔ be ame aɖe ate ŋu asusu be xɔse le ye si, gake ɖe wòdze le eƒe dɔwɔwɔwo mea? (Yak. 2:1-5, 9) Azɔ hã, Yakobo ƒo nu tso ame aɖe si kpɔ nɔvia si si ‘nuɖuɖu alo awu mele o’ gake mewɔ naneke tsɔ kpe ɖe eŋu oa ŋu. Ne ame ma susu be xɔse le ye si gɔ̃ hã, meɖee fia le eƒe dɔwɔwɔwo me o. (Yak. 2:14-16) Yakobo he susu yi Rahab dzi be enye ame si to eƒe dɔwɔwɔwo me ɖee fia be xɔse le ye si. (Yak. 2:25, 26) Rahab se nu tso Yehowa ŋu eye wòkpɔe be enɔ kpekpem ɖe Israel-viwo ŋu. (Yos. 2:9-11) Exɔ Yehowa dzi se eye wòɖee fia to eƒe dɔwɔwɔwo me. Eɣla Israel-vi ŋkutsalawo esime woƒe agbe ɖo afɔku me. Esia ta Mawu bu nyɔnu sia si nye ame madeblibo eye menye Israel-vi o la be enye ame dzɔdzɔe, abe ale si wòbu Abraham ene. Rahab ƒe kpɔɖeŋua ɖee fia be ele vevie be míatsɔ dɔwɔwɔwo akpe ɖe míaƒe xɔse ŋu. w23.12 5-6 ¶12-13
Yawoɖa, October 23
Ne miaƒo ke ɖe to ali ke sesĩe ɖe gɔmeɖoanyi la dzi.—Ef. 3:17.
Menye Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo koe mí Kristotɔ vavãwo míedina be míanya o. Míedina vevie be míasrɔ̃ “Mawu ƒe nu goglowo” hã, eye eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ esia. (1 Kor. 2:9, 10) Ðe manyo be nàde ɖokuisinusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo aɖe to me si akpe ɖe ŋuwò be nàgate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli oa? Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu aku nu me tso ale si Yehowa ɖe lɔlɔ̃ fia esubɔlawo le blema ŋu eye esia ana nàkpɔe be elɔ̃ wò hã vevie. Àte ŋu asrɔ̃ nu tso ɖoɖo si Yehowa wɔ ɖe esubɔsubɔ ŋu na blema Israel-viwo, eye nàtsɔe asɔ kple ɖoɖo si wòwɔ na Kristo hamea egbea. Alo àte ŋu aku nu me tso nyagblɔɖi siwo ku ɖe Yesu ƒe agbenɔnɔ kple subɔsubɔdɔa kple ale si wova emee ŋu. Dzi adzɔ wò ŋutɔ ne èzã Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ Na Yehowa Ðasefowo tsɔ ku nyati siawo me. Biblia me nya goglowo me dzodzro ate ŋu ado ŋusẽ wò xɔse eye wòakpe ɖe ŋuwò ‘wò asi natu sidzedze Mawu.’—Lod. 2:4, 5. w23.10 18-19 ¶3-5
Fiɖa, October 24
Vevietɔ la, milɔ̃ mia nɔewo vevie, elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nu vɔ̃ geɖe dzi.—1 Pet. 4:8.
Helagbe me nya si apostolo Petro zã si gɔme woɖe be “vevie” la fia be woakeke nane me. Kpukpuia ƒe akpa evelia gblɔ be ne lɔlɔ̃ ma tɔgbi le mía sia, atsyɔ mía nɔviwo ƒe nu vɔ̃wo dzi. Míawɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Ne kplɔ̃ aɖe le mía si evɔ edzi menya kpɔ oa, zi geɖe míetsɔa avɔ dzeani aɖe eye míekekea eme tsɔna tsyɔa edzi. Nenema kee ne míelɔ̃ mía nɔewo veviea, míaƒe lɔlɔ̃a atsyɔ, menye nu vɔ̃ ɖeka alo eve ko dzi o, ke boŋ “nu vɔ̃ geɖe” dzi. Lɔlɔ̃ sia aʋã mí míatsɔ ake alo aŋe aɖaba aƒu woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi. Ele be lɔlɔ̃ si le mía si na mía nɔvi Kristotɔwo nasẽ ale gbegbe be míalɔ̃ faa atsɔ woƒe vodadawo ake wo, ne esia wɔwɔ sesẽ na mí gɔ̃ hã. (Kol. 3:13) Ne míedzea agbagba tsɔna kea amewoa, esia ɖenɛ fiana be míelɔ̃ wo vevie, eye míedi be míaƒe nu nadze Yehowa ŋu. w23.11 10-12 ¶13-15
Memleɖa, October 25
Safan te emenyawo xexlẽ le fia la ŋkume.—2 Kron. 34:18.
Esi Fia Yosiya xɔ ƒe 26 la, ena wodze gbedoxɔa dzadzraɖo gɔme. Esi wonɔ dɔa wɔmaa, wova ke ɖe “Yehowa ƒe Segbalẽ si wòna to Mose dzi la” ŋu. Esi fia la se agbalẽa me nyawoa, eʋãe wòɖe afɔ enumake be yeawɔ ɖe edzi. (2 Kron. 34:14, 19-21) Ðe nàdi be yeanɔ Biblia xlẽm gbe sia gbea? Ne èdze egɔme xoxoa, ke aleke wòle yiyimee? Ðe nèdea dzesi mawunyakpukpui siwo ate ŋu aɖe vi na wòa? Esi Yosiya xɔ ƒe 39 la, woɖo aɖaŋu nɛ gake meɖo to o, eye esia na wòku. Eka ɖe eɖokui dzi eye mebia Yehowa ƒe mɔfiame o. (2 Kron. 35:20-25) Nufiameae nye esi: Míeɖale Yehowa subɔm ɣeyiɣi didi aɖee enye esia alo nyitsɔ laa koe míedze egɔme o, ele be míayi edzi anɔ Yehowa dim. Esia fia be míanɔ gbe dom ɖa edziedzi be Yehowa nafia mɔ mí, míanɔ eƒe Nyaa srɔ̃m, eye míalɔ̃ faa nɔvi siwo tsi le xɔse me naɖo aɖaŋu na mí. Ne míewɔe alea, míaƒo asa na vodada gãwo wɔwɔ eye míakpɔ dzidzɔ.—Yak. 1:25. w23.09 12-13 ¶15-16
Kwasiɖa, October 26
Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.—Yak. 4:6.
Biblia ƒo nu tso nyɔnu nuteƒewɔla siwo lɔ̃ Yehowa eye wosubɔe dometɔ geɖe ŋu. Nyɔnu mawo ‘da sɔ le nuwɔna me, eye wonye nuteƒewɔlawo le nu sia nu me.’ (1 Tim. 3:11) Azɔ hã, nɔvinyɔnu nuteƒewɔlawo le míaƒe hamewo me, siwo ƒe kpɔɖeŋu nɔvinyɔnu ɖetugbuiwo ate ŋu asrɔ̃. Nɔvinyɔnu ɖetugbuiwo, ɖe mienya nɔvinyɔnu kpɔnuteƒe aɖewo siwo ƒe kpɔɖeŋu miate ŋu asrɔ̃a? Mide dzesi woƒe nɔnɔme nyuiwo, eye miade ŋugble le ale si miate ŋu asrɔ̃ woƒe nɔnɔmea ŋu. Be míanye Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ mea, ehiã vevie be míabɔbɔ mía ɖokui. Ne nyɔnu bɔbɔ eɖokuia, ƒomedodo nyui anɔ eya kple Yehowa dome, eye eya kple ame bubuwo dome hã anɔ nyuie. Le kpɔɖeŋu me, nyɔnu si lɔ̃ Yehowa alɔ̃ faa abɔbɔ ɖe tanyenye ƒe ɖoɖo si Fofoa si le dziƒo wɔa te. (1 Kor. 11:3) Tanyenye ƒe ɖoɖo ma wɔa dɔ le hamea kple ƒomea siaa me. w23.12 18-19 ¶3-5
Dzoɖa, October 27
Srɔ̃ŋutsuwo nalɔ̃ wo srɔ̃wo abe woawo ŋutɔwo ƒe ŋutilã ene.—Ef. 5:28.
Yehowa di tso srɔ̃ŋutsu si be wòalɔ̃ srɔ̃a, wòalé be nɛ, eye wòakpɔ eƒe seselelãme kple gbɔgbɔme nuhiahiãwo gbɔ. Ne ètu tamebubuŋutete ɖo, nèdea bubu nyɔnuwo ŋu, eye nènye ame si dzi woate ŋu aka ɖoa, akpe ɖe ŋuwò nàva nye srɔ̃ŋutsu nyui. Ne èɖe srɔ̃a, ɖewohĩ àva nye vifofo. Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Yehowa gbɔ ale be nànye vifofo nyui? (Ef. 6:4) Yehowa gblɔ na Via Yesu be yelɔ̃e eye eƒe nu dzea ye ŋu. (Mat. 3:17) Ne èva zu vifofoa, ka ɖe edzi na viwòwo edziedzi be yelɔ̃ wo. Nɔ wo kafum ɖe nu nyui siwo wowɔna ta. Vifofo siwo srɔ̃a Yehowa la kpena ɖe wo viwo ŋu be woava zu Kristotɔ siwo tsi le xɔse me. Àte ŋu adzra ɖo fifia ava zu vifofo nyui le etsɔme ne èɖea lɔlɔ̃ fiaa wò ƒomea kple hamea me tɔwo, ètsɔa ɖe le eme na wo, eye nèdea asixɔxɔ wo ŋu.—Yoh. 15:9. w23.12 29 ¶17-18
Braɖa, October 28
[Yehowa] ana mianɔ te sesĩe.—1 Pet. 5:10.
Mí Yehowa subɔla wɔnuteƒewo hã míedzea dɔ, eye míetoa nɔnɔme sesẽwo me abe ame bubuwo ke ene. Azɔ hã, ame siwo lé fu Mawu ƒe amewo tea ŋu tsia tre ɖe mía ŋu alo tia mía yome. Togbɔ be Yehowa mexea mɔ be nu siawo nagadzɔ ɖe mía dzi o hãa, edo ŋugbe be yeakpe ɖe mía ŋu. (Yes. 41:10) Le eƒe kpekpeɖeŋu mea, míate ŋu ayi edzi akpɔ dzidzɔ, atso nya me nyuie, eye míayi edzi awɔ nuteƒe nɛ le nɔnɔme sesẽtɔwo gɔ̃ hã me. Yehowa do ŋugbe be yeana ‘yeƒe ŋutifafa’ mí. (Flp. 4:6, 7) Mawu ƒe ŋutifafa sia nye dziɖeɖi kple dzidzeme si sua ame si ne ele ƒomedodo nyui me kple Yehowa. Ŋutifafa sia “ƒo gɔmesesewo katã ta,” si fia be ale si ŋutifafa sia wɔa dɔe la wɔ nuku ŋutɔ. Ðe wòdzɔ ɖe dziwò be èdo gbe ɖa na Yehowa vevie eye kasia wò dzi dze eme kpɔa? Emae nye “Mawu ƒe ŋutifafa.” w24.01 20 ¶2; 21 ¶4
Kuɖa, October 29
Makafu Yehowa; nu sia nu si le menye nekafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la.—Ps. 103:1.
Nuteƒewɔla siwo lɔ̃ Mawu la, akafu eƒe ŋkɔ tso dzi blibo me. Fia David se egɔme be, be woakafu Yehowa ƒe ŋkɔa fia be woakafu Yehowa ŋutɔ. Ne míese ŋkɔ Yehowa la, míaƒe susu yia ame si wònye, nɔnɔme nyui siwo le esi kple eƒe dɔ wɔnukuwo katã dzi. David di be yeakɔ ye Fofo si le dziƒo ƒe ŋkɔa ŋu eye yeakafui. Edi be yeakafu Yehowa kple dzi blibo, eya tae wògblɔ be “nu sia nu si le menye nekafu eƒe ŋkɔ.” Nenema kee Lewi-viwo hã xɔ ŋgɔ kafu Yehowa. Wolɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be kafukafu si Yehowa dze na la, yewomate ŋu agblɔe kple nu wòade edeƒe gɔ̃ hã o. (Neh. 9:5) Ðikeke mele eme o be ale si wobɔbɔ wo ɖokui kafu Yehowa tso dzi me na Yehowa kpɔ dzidzɔ. w24.02 9 ¶6
Yawoɖa, October 30
Afi ka kee míeyi ŋgɔ se ɖo o, mina míayi ŋgɔ tẽe le ɖoɖo nu le mɔ ma ke nu.—Flp. 3:16.
Ne míete ŋu ɖo míaƒe taɖodzinu aɖe gbɔ o le esi wòsesẽ akpa taa, Yehowa mabu mí be míedo kpo nu o. (2 Kor. 8:12) Ne nane xe mɔ na wò be mète ŋu ɖo wò taɖodzinua gbɔ oa, srɔ̃ nu tso eme. Nɔ ŋku ɖom taɖodzinu siwo gbɔ nète ŋu ɖo xoxoa dzi. Biblia gblɔ be: “Mawu menye madzɔmadzɔtɔ, be wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ . . . be o.” (Heb. 6:10) Eya ta wò ŋutɔ hã mègaŋlɔ nu siwo nète ŋu wɔ xoxoa be o. Nɔ ŋku ɖom taɖodzinu siwo gbɔ nète ŋu ɖo va yia dzi. Ate ŋu anye taɖodzinu si nèɖo be yeanye Yehowa xɔlɔ̃, yeazu gbeƒãɖela eye yeaxɔ nyɔnyrɔ. Ale si ko nèku kutri ɖo wò taɖodzinu aɖewo gbɔ va yia, àte ŋu aɖo taɖodzinu siwo nèɖo fifia hã gbɔ. Yehowa akpe ɖe ŋuwò be nàɖo wò taɖodzinua gbɔ. Ehiã be nàde dzesi ale si Yehowa le kpekpem ɖe ŋuwò esi nèle agbagba dzem be yeaɖo yeƒe taɖodzinua gbɔ. Esia ana wò hã nàkpɔ dzidzɔ. (2 Kor. 4:7) Ne èku kutri vevie eye mèna ta oa, àkpɔ yayra geɖe.—Gal. 6:9. w23.05 31 ¶16-18
Fiɖa, October 31
Fofo la ŋutɔ melɔ̃a nu le mia gbɔ o, le esi mielɔ̃a nu le gbɔnye o, eye miexɔe se be meva abe Mawu teƒenɔla ene ta.—Yoh. 16:27.
Edzɔa dzi na Yehowa be yeaɖee afia ame siwo yelɔ̃ la be yekpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu. Le Ŋɔŋlɔawo me la, Yehowa gblɔ na Yesu zi eve be enye ye Vi si gbɔ yemelɔ̃a nu le o, si ƒe nu dzea ye ŋu. (Mat. 3:17; 17:5) Ðe nàdi be yeasee Yehowa nagblɔ na wò be wò nu dzea ye ŋua? Yehowa ƒe gbe meɖina tso dziƒo míesena o, gake eƒoa nu na mí to eƒe Nya Biblia dzi. Ne míexlẽa nya siwo Yesu gblɔ le Nyanyuigbalẽawo mea, ate ŋu awɔ na mí abe ɖe míese Yehowa ŋutɔ le gbɔgblɔm na mí be míaƒe nu dze ye ŋu ene. Yesu ɖe Fofoa ƒe nɔnɔmewo fia pɛpɛpɛ. Eya ta ne míexlẽ nya siwo Yesu gblɔ tsɔ ɖee fia be ye yomedzelawo ƒe nu dzea ye ŋu togbɔ be womede blibo o la, míate ŋu akpɔe le susu me be Yehowa le nya mawo ke gblɔm na míawo hã. (Yoh. 15:9, 15) Ne xaxawo va mía dzi la, mefia be míaƒe nu megadzea Mawu ŋu o. Ke boŋ wonyea mɔnukpɔkpɔ na mí be míaɖe ale si gbegbe míelɔ̃ Mawu eye míeka ɖe edzii la afia.—Yak. 1:12. w24.03 28 ¶10-11