September
Dzoɖa, September 1
Agudzedze [atso] dziƒo ava kpɔ mí ɖa.—Luka 1:78.
Mawu na ŋusẽ Yesu be wòakpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo katã gbɔ. Nukunu siwo Yesu wɔ ɖo kpe edzi be ate ŋu akpɔ kuxi siwo katã ɖe kpe na amegbetɔwo, siwo womele ta kpɔm na oa gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, ŋusẽ le Yesu si be wòaɖe mí tso nu si gbɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo katã tso, si nye nu vɔ̃, si he dɔléle kple ku vɛ si me. (Mat. 9:1-6; Rom. 5:12, 18, 19) Nukunu siwo Yesu wɔa ɖo kpe edzi hã be ate ŋu ada dɔléle ‘ɖe sia ɖe ƒomevi’ eye wòafɔ ame siwo ku gɔ̃ hã ɖe tsitre. (Mat. 4:23; Yoh. 11:43, 44) Ŋusẽ le esi hã be wòana ahomya sesẽwo nu nafa, eye wòana amewo navo tso gbɔgbɔ vɔ̃wo si me. (Marko 4:37-39; Luka 8:2) Edea dzi ƒo na mí ŋutɔ be Yehowa na ŋusẽ sia gbegbe Via Yesu! Míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be nu nyui siwo ŋugbe Mawu do be Fiaɖuƒea awɔa, ava eme godoo. Nukunu siwo Yesu wɔ esime wònɔ anyigba dzi na míekpɔe be esi wòva nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia le dziƒo ta, awɔ geɖe wu. w23.04 3 ¶5-7
Braɖa, September 2
Gbɔgbɔ la dzroa nuwo katã me kpɔ, edzroa keke Mawu ƒe nu goglowo ke hã me.—1 Kor. 2:10.
Ne èle hame si lolo me eye nèse le ɖokuiwò me be womeyɔa ye ne yedo asi ɖe dzi oa, ɖewohĩ dzi aɖe le ƒowò. Gake mègana ta o. Dzra ɖo ɖe nyaŋuɖoɖo vovovowo ŋu hafi nàde kpekpe ɖe sia ɖe. Esia awɔe be ne womeyɔ wò le gɔmedzedzea me o hãa, mɔnukpɔkpɔ aʋu ɖi be woayɔ wò emegbe. Ne èle dzadzram ɖo ɖe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a ŋua, bu ale si memama ɖe sia ɖe do ka kple nyatia ƒe tanyaa ŋu. Esia akpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu aɖo nya ŋu le nusɔsrɔ̃a ƒe akpa sia akpa. Azɔ hã àte ŋu adzra ɖo be yeaɖo nya ŋu le memama siwo ƒo nu tso Biblia ƒe nufiafia goglowo ŋu me. Nu ka tae? Elabe ɖewohĩ ame ʋɛ aɖewo koe ado asi ɖe dzi le afi ma. Ke ne ède dzesii be kwasiɖa aɖewoe nye esia womegayɔ ye kpɔ be yeaɖo nya ŋu o ya ɖe? Àte ŋu ana nusɔsrɔ̃a dzi kpɔla nanya memama si ƒe biabia ŋu nèdi be yeaɖo. w23.04 21-22 ¶9-10
Kuɖa, September 3
[Yosef wɔ] abe ale si Yehowa ƒe dɔla la gblɔ nɛ ene, eye wòkplɔ srɔ̃a va eƒe me.—Mat. 1:24.
Yosef lɔ̃ faa wɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiafiawo dzi, eye esia na wònye srɔ̃ŋutsu nyui. Edzɔ zi etɔ̃ ya teti be Mawu nae mɔfiame ku ɖe eƒe ƒomea ŋu. Eye le wo katã mea, Yosef ɖe afɔ enumake, togbɔ be esia bia be wòawɔ tɔtrɔ gãwo gɔ̃ hã. (Mat. 1:20; 2:13-15, 19-21) Esi Yosef wɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiamewo dzia, esia kpe ɖe eŋu be wòkpɔ Maria ta eye wòlé be nɛ. Ale si Yosef wɔ nui anya na Maria galɔ̃e eye wòde bubu eŋu geɖe! Ne srɔ̃ŋutsue nènyea, àte ŋu asrɔ̃ Yosef ne èdzea agbagba be yeadi Biblia me mɔfiamewo ku ɖe ale si yealé be na yeƒe ƒomeae ŋu. Ne èwɔna ɖe mɔfiame mawo dzi, togbɔ be manɔ bɔbɔe ɣeaɖewoɣi o hãa, àɖee afia be èlɔ̃ srɔ̃wò eye wò kplii dome anɔ kplikplikpli. Nɔvinyɔnu aɖe si le Vanuatu eye wòɖe srɔ̃ ƒe 20 kple edzivɔe nye esia gblɔ be: “Ne srɔ̃nye di Yehowa ƒe mɔfiame eye wòwɔ ɖe edzia, enana megadea bubu eŋu ŋutɔ. Mesena le ɖokuinye me be mele dedie eye mekana ɖe eƒe nyametsotsowo dzi.” w23.05 21 ¶5
Yawoɖa, September 4
Mɔ gã aɖe anɔ afi ma, ɛ̃, woayɔe be Kɔkɔenyenye ƒe Mɔ.—Yes. 35:8.
Yudatɔ siwo atrɔ agbɔ tso Babilon la ava nye “dukɔ kɔkɔe” na woƒe Mawu Yehowa. (5 Mose 7:6) Gake esia mefia be mahiã be woawɔ tɔtrɔwo be woƒe nu nadze Yehowa ŋu o. Esi wònye Babilon ye wodzi Yudatɔ akpa gãtɔ le taa, wowɔa nu hebua nuwo ŋu abe Babilontɔwo ke ene. Esi Yudatɔwo trɔ yi wo de ƒe geɖe megbea, Nutodziɖula Nehemiya ƒe nu ku esi wòde dzesii be ɖevi siwo wova dzi le Israel la dometɔ aɖeke mese wo degbe si nye Hebrigbea o. (5 Mose 6:6, 7; Neh. 13:23, 24) Esi Hebrigbe me koŋue woŋlɔ Mawu ƒe Nyaa ɖo evɔ ɖeviawo mese gbe ma oa, ke aleke woawɔ asrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu, woava lɔ̃e eye woasubɔe? (Ezra 10:3, 44) Edze ƒãa be ehiã be Yudatɔ mawo nawɔ tɔtrɔ geɖe. Gake tɔtrɔ mawo wɔwɔ anɔ bɔbɔe na wo wu le Israel, afi si wogbugbɔ le tadedeagu dzadzɛa ɖom anyi le.—Neh. 8:8, 9. w23.05 15 ¶6-7
Fiɖa, September 5
Yehowa léa ame siwo katã le anyi dzem la ɖe te, eye wòfɔa ame siwo katã wobɔbɔ ɖe anyi la ɖe tsitrenu.—Ps. 145:14.
Nublanuitɔea, aleke kee míeɖoe kplikpaa be míaɖo míaƒe taɖodzinu aɖe gbɔ o, nanewo ate ŋu ana wòasesẽ na mí. Le kpɔɖeŋu me, ‘nane ate ŋu aɖi ɖe mí’ si awɔe be mímakpɔ ɣeyiɣi si míehiã be míatsɔ aɖo taɖodzinua gbɔ o. (Nyagb. 9:11) Nɔnɔme sesẽ aɖe ate ŋu ana dzi naɖe le mía ƒo eye ŋusẽ navɔ le mía ŋu. (Lod. 24:10) Eye esi míede blibo o taa, ate ŋu adzɔ be míawɔ vodada si ana wòasesẽ na mí be míaɖo míaƒe taɖodzinua gbɔ. (Rom. 7:23) Alo nu ate ŋu ati kɔ na mí. (Mat. 26:43) Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu? Ne nane dzɔ si wɔe be mète ŋu ɖo wò taɖodzinua gbɔ oa, esia mefia be èdo kpo nu o. Biblia na míenya be kuxiwo ava mía dzi godoo. Gake eka ɖe edzi na mí hã be míate ŋu aɖo míaƒe taɖodzinua gbɔ. Nyateƒee, ne míekua kutri be míaɖo míaƒe taɖodzinua gbɔ togbɔ be nanewo ate ŋu ana wòasesẽ hãa, aɖee afia be míedi be míadze Yehowa ŋu. Eye ne Yehowa kpɔ ale si nèle kutri kum be yeaɖo taɖodzinua gbɔa, dzi adzɔe ale gbegbe! w23.05 30 ¶14-15
Memleɖa, September 6
[Mizu] kpɔɖeŋu na alẽha la.—1 Pet. 5:3.
Mɔɖeɖedɔa kpena ɖe ɖekakpuiwo ŋu be woasrɔ̃ ale si woawɔ dɔ kple ame ƒomevi vovovowo. Ekpena ɖe wo ŋu hã be woawɔ ɖoɖo nyui ɖe woƒe gazazã ŋu. (Flp. 4:11-13) Be nàva zu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlaa, anyo be nàdze egɔme kple kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Esia nana míesua te nyuie na gbesiagbe mɔɖeɖedɔa. Mɔɖeɖedɔa ate ŋu aʋu mɔnukpɔkpɔ na wò be nàwɔ dɔ le Betel, akpe asi ɖe xɔtudɔwo alo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa bubuwo ŋu. Ele be nɔviŋutsuwo katã naɖoe woƒe taɖodzinu be yewoava zu hamemetsitsiwo asubɔ nɔviawo. Biblia gblɔ be ŋutsu siwo le agbagba dzem be yewoaɖo taɖodzinu ma gbɔ la le “dɔ nyui minyam.” (1 Tim. 3:1) Ele be nɔviŋutsu nadze anye subɔsubɔdɔwɔla gbã. Subɔsubɔdɔwɔlawo wɔa dɔ vovovowo tsɔ kpea asi ɖe hamemetsitsiwo ŋu. Hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo siaa subɔa nɔviawo ɖokuibɔbɔtɔe eye wodoa vevie gbeƒãɖeɖedɔa. w23.12 28 ¶14-16
Kwasiɖa, September 7
Esi wògakpɔtɔ nye ŋutsuvi dzaa ko la, ede asi tɔgbuia David ƒe Mawu la didi me.—2 Kron. 34:3.
Esi Fia Yosiya nɔ eƒe ƒewuiwo mea, edi Yehowa. Esrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu eye wòdze agbagba be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Gake menɔ bɔbɔe nɛ kura o, elabe ɣemaɣia, amewo nɔ trɔ̃wo subɔm. Eya ta ehiã be dzi nanɔ eƒo be wòana amewo nadzudzɔ trɔ̃subɔsubɔ. Eye dzi nɔ eƒo wòwɔe hã! Edze trɔ̃subɔsubɔ ɖeɖe ɖa le dukɔa me hafi xɔ ƒe 20 gɔ̃ hã. (2 Kron. 34:1, 2) Ne ɖevi sue ko nènye hãa, àte ŋu asrɔ̃ Yosiya. Aleke nàwɔe? Srɔ̃ nu tso Yehowa ŋu eye nànya nɔnɔme nyui siwo le esi. Ne èwɔe alea, esia aʋã wò be nàtsɔ ɖokuiwò aɖe adzɔgbe nɛ. Viɖe kae ado tso eme na wò? Luke si xɔ nyɔnyrɔ esime wòxɔ ƒe 14 gblɔ be: “Tso fifia dzi yinaa, mana Yehowa subɔsubɔ nanye nu vevitɔ nam eye madze agbagba awɔ nu siwo ado dzidzɔ nɛ.” (Marko 12:30) Ne wò hã èwɔe nenemaa, Yehowa ayra wò ŋutɔ! w23.09 11 ¶12-13
Dzoɖa, September 8
[Mide] bubu ame siwo le dɔ wɔm vevie le mia dome, eye wole mia dzi kpɔm le Aƒetɔ la me . . . la ŋu.—1 Tes. 5:12.
Woɖo Tesalonika hamea teti koe nye ema apostolo Paulo ŋlɔ agbalẽ sia na wo. Anɔ eme be nuteƒekpɔkpɔ boo mesu nɔvi siwo nɔ ŋgɔ xɔm la si o, eye woanya da vo aɖewo. Togbɔ be ele alea hãa, ehiã be nɔviawo nade bubu wo ŋu. Esi xaxa gãa le aƒe tumaa, míaxɔ mɔfiame geɖe tso míaƒe hamemetsitsiwo gbɔ wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe. Ate ŋu adzɔ be kadodo magava nɔ mía kple habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegãa kple alɔdzedɔwɔƒea dome o, eya ta ele vevie be míalɔ̃ míaƒe hamemetsitsiwo fifia eye míade bubu wo ŋu. Nu ka kee ɖadzɔ o, mina míayi edzi anɔ mo xexi eye míagatsɔ susu aɖo woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu o, ke boŋ míaɖo ŋku edzi be Yehowa to Kristo dzi le mɔ fiam wo. Ale si ko gakuku kpɔa asrafo ƒe ta taa, nenema kee míaƒe xɔxɔ ƒe mɔkpɔkpɔa kpɔa míaƒe susu ta eye wòkpena ɖe mía ŋu míebua nuwo ŋu nyuie. Míedea dzesii be viɖe aɖeke mele nu siwo xexea dona ɖe ŋgɔa ŋu o. (Flp. 3:8) Míaƒe mɔkpɔkpɔa kpena ɖe mía ŋu be míeɖea dzi ɖi eye míenɔa ŋute. w23.06 11-12 ¶11-12
Braɖa, September 9
Nyɔnu movitɔ doa aƒa. Mebua nu ŋu yia ŋgɔe o.—Lod. 9:13.
Ehiã be ame siwo kpem ‘nyɔnu movitɔa’ lea natso nya me ne woayi loo alo womayi o. Susu nyuiwo li siwo tae wòle be míaƒo asa na gbɔdɔdɔ manɔsenu. Nya siwo ‘nyɔnu movitɔa’ gblɔa ƒe ɖee nye be: “Tsi si wofi la, ɖe wòvivina.” (Lod. 9:17) Nu kae “tsi si wofi la” le tsitre ɖi na? Biblia tsɔ gbɔdɔnuwɔna siwo yia edzi le srɔ̃tɔwo domea sɔ kple tsi nyui. (Lod. 5:15-18) Ŋutsu kple nyɔnu siwo ɖe wo nɔewo le se nu ate ŋu adɔ wo nɔewo gbɔ eye woase vivi nɛ. Esia to vovo sãa na “tsi si wofi.” “Tsi si wofi la” le tsitre ɖi na gbɔdɔdɔ si mele se nu o. Zi geɖea, ame siwo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe emea wɔnɛ le bebe me abe ale si fiafi wɔa nui ene. “Tsi si wofi” alo gbɔdɔdɔ manɔsenu adze abe ɖe wòvivi ene, vevietɔ ne ame siwo ƒoa wo ɖokui ɖe eme susui be ame aɖeke manya nu tso nuvɔ̃gbe si nɔm yewole ŋu o. Woble wo ɖokuiwo ŋutɔ! Elabe Yehowa kpɔa nu sia nu. Ŋkubiãnya gã aɖee wònye be ame kple Yehowa dome nagblẽ. Eya ta naneke ‘mevivi’ le nu si gbegbe wòagblẽ le wo ŋu la ŋu o.—1 Kor. 6:9, 10. w23.06 22 ¶7-9
Kuɖa, September 10
Ne nyemewɔe tso dzi me o hã la, wotsɔ aƒedzikpɔkpɔdɔ de asi nam.—1 Kor. 9:17.
Ne èva le sesem le ɖokuiwò me be yeƒe gbedodoɖawo metso dzi me o eye yeƒe subɔsubɔdɔa va zu kɔnu dzro aɖe ko ɖe? Mègasusui be Yehowa ƒe gbɔgbɔa megale ye dzi o. Esi mède blibo o ta la, àte ŋu ase le ɖokuiwò me alea ɣeaɖewoɣi. Ne dzo si le mewò le tsitsim la, anyo be nàde ŋugble le apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋua ŋu. Togbɔ be edze agbagba vevie be yeasrɔ̃ Yesu hã la, enya be ɣeaɖewoɣi la didia manɔ anyi o. Paulo ɖoe kplikpaa be yeawɔ subɔsubɔdɔa ade goe aleke kee wòle sesem le eɖokui me o. Nenema kee wò hã mèganɔ te ɖe wò seselelãmewo ko dzi atso nya me o. Ðoe kplikpaa be yeawɔ nu si sɔ ne medzro wò be nàwɔe nenema o gɔ̃ hã. Elabe ne èyi edzi wɔ nu si sɔ la, vivivi la, wò seselelãmewo hã ava trɔ.—1 Kor. 9:16. w24.03 11-12 ¶12-13
Yawoɖa, September 11
Miɖe miaƒe lɔlɔ̃ fia wo.—2 Kor. 8:24.
Míate ŋu aɖee afia be míelɔ̃ mía nɔviwo ne míedzea xɔ̃ wo eye míekpɔa vovo ɖe wo ŋu. (2 Kor. 6:11-13) Mía dometɔ geɖe le hame siwo me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo ƒe dekɔnuwo kple amenyenye to vovo lea me. Ne míaƒe susu le woƒe nɔnɔme nyuiwo ŋua, míayi edzi alɔ̃ wo. Ne míebua amewo abe ale si Yehowa bua woe enea, esia ɖenɛ fiana be míelɔ̃ wo. Ahiã be míalɔ̃ mía nɔewo vevie le xaxa gãa me. Ne xaxa gãa dze egɔmea, aleke Yehowa akpɔ mía tae? Bu mɔfiame si Yehowa na eƒe amewo esi futɔwo dze blema Babilon dua dzi ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Nye dukɔ, yi ɖe wò xɔgãwo me, eye nàtu ʋɔa ɖe ɖokuiwò nu. Ɣla ɖokuiwò vie va se ɖe esime dziku la nu nava yi.” (Yes. 26:20) Ahiã be míawo hã míawɔ ɖe mɔfiame mawo dzi ne xaxa gã la dze egɔme. w23.07 6-7 ¶14-16
Fiɖa, September 12
Xexe sia ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm.—1 Kor. 7:31.
Anyo be míabia mía ɖokui be: ‘Ðe amewo buam be mesea nu gɔmea? Ðe wonyam be melɔ̃na ɖe ame bubuwo ƒe susuwo dzi, eye nyemetea tɔ ɖe nye nyawo dzi oa? Alo ɖe wobuam be mele kpaɖii, nye nya me sẽ, eye nyemelɔ̃na ɖe ame aɖeke ƒe susu dzi oa? Ðe meɖoa to ame bubuwo eye mewɔna ɖe woƒe didiwo dzi ne anya wɔa?’ Ne míesea nu gɔmea, aɖee afia be míele Yehowa kple Yesu srɔ̃m. Ne nuwo trɔ le míaƒe agbe mea, ele be míalɔ̃ faa atrɔ ɖe eŋu. Tɔtrɔ siawo tɔgbi ate ŋu ana míato nɔnɔme sesẽ siwo míenɔ mɔ kpɔm na o me. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu adzɔ be míadze dɔ kpata alo tɔtrɔ siwo wowɔ le dunyahenyawo kple ganyawo me le afi si míele nawɔe be nuwo nasesẽ na mí le agbe me. (Nyagb. 9:11) Eye ne woɖɔ li dɔ na mí le habɔbɔa mea, ate ŋu asesẽ na mí be míatrɔ ɖe eŋu. Àte ŋu atrɔ ɖe eŋu dzidzedzetɔe ne èɖe afɔ vevi siwo gbɔna: (1) lɔ̃ ɖe edzi be nuwo trɔ, (2) kpɔ ŋgɔ tẽe, (3) wò susu nenɔ nu nyuiwo ŋu, eye (4) kpe ɖe amewo ŋu. w23.07 21-22 ¶7-8
Memleɖa, September 13
Ame vevi nènye.—Dan. 9:23.
Ðekakpui dzaa koe nyagblɔɖila Daniel nye esi Babilontɔwo ɖe aboyoe kplɔe dzoe le wo de Yerusalem yi keke Babilon. Gake edze ƒãa be eƒe nu nyo Babilontɔwo ŋu. Wokpɔ Daniel ƒe “dzedzeme” eye wokpɔe be ‘nu mewɔ afi aɖeke nɛ o, edze ɖeka,’ eye wòtso ƒome vevi aɖe hã me. (1 Sam. 16:7) Le susu mawo taa, Babilontɔwo na hehee be wòasubɔ le fiasã me. (Dan. 1:3, 4, 6) Yehowa lɔ̃ Daniel le esi wòtiae be yeawɔ nuteƒe na ye ta. Le nyateƒe mea, Daniel anya xɔ abe ƒe 20 ene esi Yehowa gblɔ tso eŋu be enye ame dzɔdzɔe abe Noa kple Hiob, siwo subɔ Mawu nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖe ene. (1 Mose 5:32; 6:9, 10; Hiob 42:16, 17; Eze. 14:14) Yehowa yi edzi lɔ̃ Daniel le eƒe agbemeŋkekewo katã me.—Dan. 10:11, 19. w23.08 2 ¶1-2
Kwasiɖa, September 14
[Se] nyateƒea ƒe kekeme kple didime kple kɔkɔme kpakple goglome gɔme.—Ef. 3:18.
Ne èdi be yeaƒle aƒe aɖea, àdi be yealé ŋku ɖe aƒea ŋu tsitotsito hafi aƒlee. Míate ŋu alé ŋku ɖe nuwo ŋu nyuie alea ne míele Biblia srɔ̃m. Ne èxlẽe dzradzradzraa, “Mawu ƒe gbedeasi kɔkɔeawo ƒe gɔmedzenuwo” koe nànya. (Heb. 5:12) Eya ta abe ale si ko nàyi aƒea me alé ŋku ɖe nuwo ŋu nyuie enea, anyo be nàdzro Biblia hã me tsitotsito. Mɔ nyui aɖe si dzi nàto awɔ esiae nye be nàde dzesi ale si Biblia ƒe akpa vovovoawo de nu wo nɔewo me. Dze agbagba nàse nyateƒenya siwo dzi nèxɔ se kple nu siwo tae nèxɔ wo dzi se hã gɔme. Hafi míate ŋu ase Biblia me nyawo gɔme nyuiea, ele be míadzro Biblia me nyateƒe goglowo me. Apostolo Paulo de dzi ƒo na nɔvia Kristotɔwo be woalé fɔ ɖe Mawu ƒe Nyaa sɔsrɔ̃ ŋu ale be woase “nyateƒea ƒe kekeme kple didime kple kɔkɔme kpakple goglome gɔme tsitotsito.” Esia awɔe be ‘woaƒo ke ɖe to ali ke sesĩe ɖe’ xɔse la me. (Ef. 3:14-19) Ele be míawo hã míawɔ nenema ke. w23.10 18 ¶1-3
Dzoɖa, September 15
Nɔviwo, mina nyagblɔɖila siwo ƒo nu le Yehowa ƒe ŋkɔ me la ƒe fukpekpewo, kple woƒe dzigbɔgbɔ blewu la, nanye kpɔɖeŋu na mi.—Yak. 5:10.
Ame siwo gbɔ dzi ɖi ƒe ŋutinyawo le Biblia me. Ðe manyo be nàku nu me tso wo ŋu oa? Wo dometɔ ɖekae nye David. Togbɔ be ɖevime kee wosi ami nɛ be wòava nye Israel-fia hãa, ehiã be wòalala ƒe geɖe hafi fianyenyea nasu esi. Simeon kple Ana hã yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa esime wonɔ lalam dzigbɔɖitɔe be yewoakpɔ Mesia si ƒe ŋugbe wodo. (Luka 2:25, 36-38) Esi nèle ŋutinya siawo me dzromaa, di ŋuɖoɖo na biabia siwo gbɔna: Nu kae anya kpe ɖe ame sia ŋu be wòte ŋu gbɔ dzi ɖi? Esi wògbɔ dzi ɖia, vi kae wòɖe nɛ? Aleke mate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua? Àte ŋu asrɔ̃ nu tso ame siwo megbɔ dzi ɖi o hã ƒe ŋutinyawo me. (1 Sam. 13:8-14) Ne èle woƒe ŋutinyawo xlẽm la, bia ɖokuiwò be: ‘Nu ka gbɔe wòtso be womete ŋu gbɔ dzi ɖi o? Nu kae do tso eme na wo?’ w23.08 25 ¶15
Braɖa, September 16
Míexɔe se, eye míeva dze sii be wòe nye Mawu ƒe Kɔkɔetɔ la.—Yoh. 6:69.
Apostolo Petro yi edzi wɔ nuteƒe, eku ɖe Yesu ŋu eye meɖe mɔ naneke xe mɔ nɛ wòdo kpo eyome dzedze o. Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka esi Yesu gblɔ nya aɖe si gɔme eƒe nusrɔ̃lawo mese oa, wotrɔ le eyome eye womelala alo biae gɔ̃ hã be wòaɖe nyaa me o. (Yoh. 6:68) Gake Petro ya mewɔe nenema o. Elabe ekpɔe dze sii be Yesu ɖeɖe ko sie “agbe mavɔ nyawo le.” Yesu nya be Petro kple apostolo bubuawo agblẽ ye ɖi. Ke hã, eka ɖe edzi be Petro ƒe xɔse agasẽ eye wòayi edzi awɔ nuteƒe. (Luka 22:31, 32) Yesu se egɔme hã be, “gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilãa ya gbɔdzɔ.” (Marko 14:38) Eya ta togbɔ be Petro gbe nu le Yesu gbɔ hãa, Yesu ya megbee o. Esi wofɔ Yesu ɖe tsitrea, eɖe eɖokui fia Petro, eye anɔ eme be ame bubu aɖeke menɔ eteƒe o. (Marko 16:7; Luka 24:34; 1 Kor. 15:5) Ðikeke mele eme o be esia de dzi ƒo na Petro si lé blanui la vevie! w23.09 22 ¶9-10
Kuɖa, September 17
Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo ƒe dzidadawo wotsɔ ke, ame siwo ƒe nu vɔ̃wo dzi wotsyɔ nui.—Rom. 4:7.
Mawu tsyɔa nu ame siwo xɔ edzi sea ƒe nu vɔ̃wo dzi. Etsɔna kea wo keŋkeŋ eye megaɖoa ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi o. (Ps. 32:1, 2) Ebua wo ame dzɔdzɔewo kple ame siwo ŋu kpɔtsɔtsɔ mele o le woƒe xɔse ta. Togbɔ be Mawu bu Abraham, David, kple esubɔla wɔnuteƒe bubuwo be wonye ame dzɔdzɔewo hãa, wokpɔtɔ nye nuvɔ̃mewo eye womede blibo o. Gake le woƒe xɔse taa, Mawu bu wo be kpɔtsɔtsɔ mele wo ŋu o, vevietɔ ne wotsɔ wo sɔ kple wo ŋɔlimetɔ siwo mexɔ Mawu dzi se o. (Ef. 2:12) Apostolo Paulo ɖe eme le agbalẽ si wòŋlɔ na Romatɔwo me be xɔse le vevie be míanye Mawu xɔlɔ̃wo. Abraham kple David zu Mawu xɔlɔ̃wo le woƒe xɔse ta. Nenema kee míawo hã míanye Mawu xɔlɔ̃wo ne xɔse le mía si. w23.12 3 ¶6-7
Yawoɖa, September 18
[Mina míatsɔ] kafukafuvɔsa anɔ Mawu nam ɣesiaɣi, si nye míaƒe nuyi si míetsɔ ʋua eƒe ŋkɔ me le dutoƒo la ƒe kutsetse.—Heb. 13:15.
Egbea, mɔnukpɔkpɔ su mí Kristotɔwo katã si be míatsɔ míaƒe ŋusẽ, ɣeyiɣi, kple nunɔamesiwo asubɔ Yehowa eye míado Mawu Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ. Míate ŋu atsɔ míaƒe nu nyuitɔwo ana Yehowa atsɔ aɖee afia be míedea asixɔxɔ akpa si wɔm míele le esubɔsubɔ mea ŋu. Apostolo Paulo gblɔ nu vevi siwo wòle be míanɔ wɔwɔm ɣesiaɣi le Yehowa subɔsubɔ me. (Heb. 10:22-25) Woawoe nye gbedodoɖa na Yehowa, gbeƒãɖeɖe, hame ƒe kpekpewo dede, kple dzidedeƒo na mía nɔewo, vevietɔ esi ‘míekpɔ be Yehowa ƒe ŋkeke la le ɖoɖom.’ Mawudɔla si le nu ƒom na mí gblɔ le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ƒe nuwuwu lɔƒo be: “[Mide] ta agu na Mawu!” Egblɔ nya sia zi eve sɔŋ tsɔ te gbe ɖe eƒe vevienyenye dzi. (Nyaɖ. 19:10; 22:9) Neva eme be nyateƒea ƒe nufiafia goglo sia si ku ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la ŋua natsi susu me na mí eye míade asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ si wònye na mí be míasubɔ mía Mawu gã la ŋu! w23.10 29 ¶17-18
Fiɖa, September 19
Mina míayi edzi alɔ̃ mía nɔewo.—1 Yoh. 4:7.
Mí katã míedi be “míayi edzi alɔ̃ mía nɔewo.” Togbɔ be ele alea hã, ele vevie be míaɖo ŋku edzi be Yesu xlɔ̃ nu mí be “ame akpa gãtɔ ƒe lɔlɔ̃ ayi to.” (Mat. 24:12) Menye ɖe Yesu nɔ gbɔgblɔm be esia adzɔ ɖe yeƒe nusrɔ̃la akpa gãtɔ dzi o. Gake ele be míakpɔ nyuie be amemalɔ̃malɔ̃ si xɔ aƒe ɖe xexea me nagakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o. Esi esia le susu me na mía, anyo be míade ŋugble le biabia vevi sia ŋu: Aleke míawɔ anya ne lɔlɔ̃ si le mía si na mía nɔvi Kristotɔwo nu sẽ? Mɔ aɖe si dzi míato ado lɔlɔ̃ si le mía si na mía nɔviwo kpɔe nye be míalé ŋku ɖe ale si míewɔa nui ne nɔnɔme aɖewo do mo ɖa ŋu. (2 Kor. 8:8) Le kpɔɖeŋu me, apostolo Petro gblɔ be: “Milɔ̃ mia nɔewo vevie, elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nu vɔ̃ geɖe dzi.” (1 Pet. 4:8) Esia fia be mía nɔviwo ƒe blibomademade ate ŋu ana míanya ne lɔlɔ̃ si le mía si na woa nu sẽ. w23.11 10 ¶12-13
Memleɖa, September 20
Milɔ̃ mia nɔewo.—Yoh. 13:34.
Ne míelɔ̃ ame aɖewo le hamea me, evɔ míelɔ̃ ɖewo oa, ke mímele wɔwɔm ɖe se si Yesu de be míalɔ̃ mía nɔewoa dzi o. Ele eme be mía kple nɔvi aɖewo dome anɔ kplikplikpli wu bubuawo, abe ale si wònɔ le Yesu gome ene ya. (Yoh. 13:23; 20:2) Gake apostolo Petro gblɔ be ele be míaku kutri vevie aɖe “nɔvilɔlɔ̃” afia mía nɔviwo katã, elabe ƒome ɖekae míenye. (1 Pet. 2:17) Petro gblɔ be, “milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi me ke.” (1 Pet. 1:22) Nya, milɔ̃ mia nɔewo “vevie” si Petro zãa fia be míayi edzi alɔ̃ mía nɔviwo, ne esia wɔwɔ sesẽ na mí gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, ne mía nɔvi aɖe wɔ nu wòve mía, ele bɔbɔe be míawɔ wɔɖenui tsɔ wu be míalɔ̃e. Ke hã, Petro srɔ̃e tso Yesu gbɔ be wɔɖenui wɔwɔ medzea Mawu ŋu o. (Yoh. 18:10, 11) Eya ta egblɔ be: “Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe alo dzudzu dzudzu teƒe o. Ke miyra amewo boŋ.” (1 Pet. 3:9) Ne míelɔ̃ amewo veviea, aʋã mí be míase nu gɔme na wo eye míawɔ nu ɖe wo ŋu nyuie. w23.09 28-29 ¶9-11
Kwasiɖa, September 21
Nenema kee nyɔnuwo hã . . . [nada] asɔ le nuwɔna me, woanye nuteƒewɔlawo le nu sia nu me.—1 Tim. 3:11.
Ale si ɖeviwo tsina kabakabae la wɔ nuku ŋutɔ! Kaka nàkpɔ ko wotsi vɔ. Gake be ame aɖe nava zu Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me ya mevana le eɖokui si o; ebia agbagbadzedze. (1 Kor. 13:11; Heb. 6:1) Ehiã be mía kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli. Eye ehiã be eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nakpe ɖe mía ŋu míatu nɔnɔme nyuiwo ɖo, míatu ŋutete aɖewo ɖo eye míadzra mía ɖokuiwo ɖo fifia be míate ŋu ava xɔ agbanɔamedziwo le etsɔme. (Lod. 1:5) Yehowae wɔ mí katã—ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. (1 Mose 1:27) Ŋutsuwo ƒe dzedzeme to vovo na nyɔnuwo tɔ, gake wogato vovo na wo nɔewo le mɔ bubuwo nu. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa wɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo be woƒe wɔƒewo nanɔ vovovo. Eya ta ehiã be wo dometɔ ɖe sia ɖe natu ŋutete vevi aɖewo ɖo ale be wòate ŋu awɔ eƒe wɔƒe nyuie.—1 Mose 2:18. w23.12 18 ¶1-2
Dzoɖa, September 22
Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo ɖe Fofo la kple Vi la . . . ƒe ŋkɔ me.—Mat. 28:19.
Ðe Yesu di be amewo nanɔ ye Fofo ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ zãma? Ɛ̃. Subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me dometɔ aɖewo gblɔ be Mawu ƒe ŋkɔa le kɔkɔe akpa be amewo nanɔ eyɔm alo anɔ ezãm. Gake Yesu mena nufiafia ma si menɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi o la na wòdzudzɔ bubudede Fofoa ƒe ŋkɔ ŋu o. Bu ɣeyiɣi si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le ŋutsu aɖe me le Gerasa nuto aɖe me ŋu kpɔ. Vɔvɔ̃ ɖo amewo, eya ta woɖe kuku na Yesu be wòadzo le yewoƒe nutoa me. (Marko 5:16, 17) Gake Yesu di godoo be amewo nanya Yehowa ƒe ŋkɔa le afi ma. Eya ta egblɔ na ŋutsu si wòda dɔ na la be wòavae gblɔ nu si Yehowa wɔ nɛ, ke menye nu si ye Yesu yewɔ nɛ o la, na amewo. (Marko 5:19) Nu ma tututu dim Yesu le egbea hã, be míana amewo nanye ye Fofo ƒe ŋkɔ le xexe bliboa me! (Mat. 24:14; 28:20) Ne míedoa vevie nu wɔa esia la, ado dzidzɔ na míaƒe Fia, Yesu. w24.02 10 ¶10
Braɖa, September 23
Ènɔ te ɖe nu geɖewo nu le nye ŋkɔ la ta.—Nyaɖ. 2:3.
Yayra gã aɖee wònye na mí be míele Yehowa ƒe habɔbɔa me le nuwuɣi sesẽ sia me. Xexea ƒe nɔnɔmewo le gbegblẽm ɖe edzi, gake Yehowa na ƒome gã wɔɖeka aɖe mí be wòakpe ɖe mía ŋu. (Ps. 133:1) Yehowa kpena ɖe mía ŋu be míakpɔ dzidzɔ le míaƒe ƒomewo hã me. (Ef. 5:33–6:1) Eye ena nunya kple nugɔmesese si hiã be míaƒe dzi nadze emea mí. Gake ele be míadze agbagba vevie hafi ate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa. Nu ka tae? Elabe mía nɔviwo adze agɔ le mía dzi ɣeaɖewoɣi. Eye dzi ate ŋu aɖe le mía ƒo le míawo ŋutɔ ƒe vodadawo ta, vevietɔ ne míewɔa vodada mawo ke enuenu. Eya ta ele vevie be míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa (1) ne nɔvi aɖe wɔ nu wòve mí, (2) ne mía srɔ̃ wɔ nu wòte ɖe mía dzi, alo (3) míaƒe vodadawo na dzi ɖe le mía ƒo. w24.03 14 ¶1-2
Kuɖa, September 24
Afi ka kee míeyi ŋgɔ se ɖo o, mina míayi ŋgɔ tẽe le ɖoɖo nu le mɔ ma ke nu.—Flp. 3:16.
Esi ɣeyiɣiawo va le yiyim la, àse nɔvi siwo keke woƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu la ƒe nuteƒekpɔkpɔwo. Ðewohĩ wode Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua alo woʋu yi nuto siwo me hiahiã geɖe le. Yehowa subɔlawo dina vevie be yewoakeke yewoƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu, eya ta ne àte ŋu aɖo taɖodzinu mawo tɔgbi la, ke wɔe. (Dɔw. 16:9) Ke ne nɔnɔmeawo meɖe mɔ na wò be nàwɔe fifia o ɖe? Mègana ema nana nàse le ɖokuiwò me be yemele ɖeke me o. Nu vevitɔe nye be nàdo dzi anɔ agbedua dzi. (Mat. 10:22) Ðo ŋku edzi be ne èwɔ wò ŋutete katã le wò nɔnɔmea nu la, ana Yehowa nakpɔ dzidzɔ. Esia nye mɔ vevi aɖe si dzi nàto adze Yesu yome le wò nyɔnyrɔxɔxɔ megbe.—Ps. 26:1. w24.03 10 ¶11
Yawoɖa, September 25
Elɔ̃ faa tsɔ míaƒe vodadawo katã ke mí.—Kol. 2:13.
Mía Fofo si le dziƒo do ŋugbe be yeatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí ne míetrɔ dzi me. (Ps. 86:5) Eya ta ne míese veve ɖe nu vɔ̃ siwo míewɔ va yi ta vavã la, ke míate ŋu aka ɖe nya si wògblɔ be yeatsɔe ake mí la dzi bliboe. Ðo ŋku edzi be Yehowa ƒe nya me mesẽ kpaɖii o. Mebiaa nu si gbɔ míaƒe ŋutete ŋu tso mía si o. Ne míele míaƒe ŋutete katã wɔm ko la, edzea eŋu. Azɔ hã, de ŋugble le ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe siwo subɔ Yehowa kple dzi blibo ŋu kpɔ. Wo dometɔ ɖekae nye apostolo Paulo. Eku kutri ƒe geɖe esime wòzɔ mɔ kilometa akpewo eye wòɖo hame geɖewo. Gake esi nɔnɔmeawo va trɔ, si na be magate ŋu awɔ geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me o la, ɖe esia wɔe be eƒe nu megadze Mawu ŋu oa? Kpao. Eyi edzi wɔ nu si wòate ŋui, eye Yehowa yrae. (Dɔw. 28:30, 31) Nenema kee nɔnɔmeawo ate ŋu awɔe be nu siwo míewɔna le Yehowa subɔsubɔ me dzi naɖe akpɔtɔ. Gake nu si nɔa vevie nɛ ye nye susu si tae míele ewɔm ɖo. w24.03 27 ¶7, 9
Fiɖa, September 26
Le ŋdi kanya, [Yesu fɔ] do go yi afi si ame aɖeke mele o, eye wòde asi gbedodoɖa me le afi ma.—Marko 1:35.
Yesu ŋutɔ hã doa gbe ɖa na Yehowa, eye esia nye kpɔɖeŋu si wòɖo ɖi na eƒe nusrɔ̃lawo. Le Yesu ƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa mea, edo gbe ɖa edziedzi. Zi geɖea, vovo menɔa eŋu kura o elabe ame geɖewo yia egbɔ be wòakpe ɖe yewo ŋu, eya ta ehiã be wòadi ɣeyiɣi ado gbe ɖa. (Marko 6:31, 45, 46) Gbe ɖekaa, efɔ ŋdi kanya ale be yeakpɔ ɣeyiɣi ado gbe ɖa. Edzɔ zi ɖeka ya teti be wòdo gbe ɖa zã bliboa hafi tso nya me le nu vevi aɖe ŋu. (Luka 6:12, 13) Eye le zã si do ŋgɔ na eƒe ku mea, edo gbe ɖa enuenu ale be yeate ŋu ado dzi awɔ nuteƒe va se ɖe nuwuwu. (Mat. 26:39, 42, 44) Míesrɔ̃e le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me be aleke kee míexaxae o, ele be míadi ɣeyiɣi ado gbe ɖa. Ele be míawɔ ɖoɖo ɖe gbedodoɖa ŋu. Míate ŋu afɔ ŋdi kanya alo adi ɣeyiɣi le fiẽ me ado gbe ɖa, abe ale si Yesu wɔe ene. Ne míewɔe nenemaa, míaɖee afia Yehowa be míekpɔ ŋudzedze ɖe gbedodoɖa ƒe nunanaa ŋu. w23.05 3 ¶4-5
Memleɖa, September 27
Wokɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la ɖe míaƒe dziwo me to gbɔgbɔ kɔkɔe si wona mí la dzi.—Rom. 5:5.
Helagbe me nya si gɔme woɖe le egbe ƒe mawunyakpukpuia me ɖee fia be Mawu ƒe lɔlɔ̃ na wo nu sẽ ale gbegbe be woate ŋu atsɔe asɔ kple tɔsisi. Amesiaminawo hã nyae be ‘Mawu lɔ̃ yewo.’ (Yuda 1) Apostolo Yohanes ɖe ale si wosena le wo ɖokui me gblɔ be: “Mikpɔ lɔlɔ̃ si ƒomevi Fofo la tsɔ lɔ̃ míi ɖa, be woayɔ mí be Mawu ƒe viwo.” (1 Yoh. 3:1) Ke amesiaminawo koe Yehowa lɔ̃a? Ao, Yehowa ɖee fia be yelɔ̃ mí katã. Nu vevitɔ si ɖee fia be Yehowa lɔ̃ mí ye nye tafea. Tafeae nye lɔlɔ̃ɖeɖefia nuwɔna gãtɔ kekeake!—Yoh. 3:16; Rom. 5:8. w24.01 28 ¶9-10
Kwasiɖa, September 28
Nye futɔwo agbugbɔ ɖe megbe le gbe si gbe mayɔ wò. Meka ɖe edzi be: Mawu le dzinye.—Ps. 56:9.
Egbe ƒe mawunyakpukpuia na míekpɔ nu si David wɔ be wòte ŋu ɖu vɔvɔ̃ dzi. Eyae nye be togbɔ be eƒe agbe ɖo afɔku me hãa, ede ŋugble le nu siwo Yehowa awɔ nɛ le etsɔme ŋu. David nya be Yehowa axɔ na ye le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Elabe Yehowa ŋutɔ gblɔ be ava ɖu fia ɖe Israel dzi. (1 Sam. 16:1, 13) David ka ɖe edzi be Yehowa awɔ eƒe ŋugbedodowo dzi godoo. Nu kae Yehowa do ŋugbe be yeawɔ na wò? Míekpɔa mɔ be wòaxe mɔ ɖe míaƒe kuxiwo katã nu o. Gake kuxi ka kee ava mía dzi le xexe sia me o, Yehowa aɖee ɖa le xexe yeye si gbɔna me. (Yes. 25:7-9) Ŋusẽ le mía Wɔlaa si be wòafɔ kukuawo ɖe tsitre, wòada dɔ na mí, eye wòaɖe futɔwo katã ɖa.—1 Yoh. 4:4. w24.01 6 ¶12-13
Dzoɖa, September 29
Dzidzɔtɔe nye ame si ƒe dzidada wotsɔ ke, ame si ƒe nu vɔ̃ dzi wotsyɔ nui.—Ps. 32:1.
De ŋugble le nu si tae nètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe na Yehowa eye nèxɔ nyɔnyrɔa ŋu. Èɖe afɔ vevi mawo elabe èdi be yeanɔ Yehowa ƒe akpa dzi. Bu nu si kpe ɖe ŋuwò be nèva ka ɖe edzi be nyateƒeae nye esia ŋu. Èsrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu eye esi nèva nyae be enye Fofowò si le dziƒoa, èva lɔ̃e eye nède bubu geɖe eŋu. Esia na nèva xɔ eyama dzi se, eye wòʋã wò nètrɔ dzi me. Èdzudzɔ nu siwo Yehowa lé fuia wɔwɔ eye nèva le nu siwo dzea eŋua wɔm. Wò dzi dze eme esi nèkpɔe be Yehowa tsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò. (Ps. 32:2) Èdze kpekpeawo dede gɔme, eye nèva le nu siwo srɔ̃m nèlea gblɔm na amewo. Fifia esi nèɖe adzɔgbe xɔ nyɔnyrɔ zu Kristotɔa, èva le zɔzɔm le agbemɔa dzi eye nèɖoe kplikpaa be yeanɔ edzi ɖaa. (Mat. 7:13, 14) Neva eme be nàyi edzi anɔ te sesĩe eye nàɖoe kplikpaa be nu ka kee ɖadzɔ o, yeayi edzi alɔ̃ Yehowa eye yeawɔ eƒe sewo dzi. w23.07 17 ¶14; 19 ¶19
Braɖa, September 30
Nuteƒewɔlae Mawu nye, eye maɖe mɔ woate mi akpɔ wu esi nu miate ŋu anɔ te ɖo o, gake ne tetekpɔa va la, ana mɔ si dzi miato ado le eme la hã, ale be miate ŋu ado dzi atsɔe. —1 Kor. 10:13.
Ne èdea ŋugble le adzɔgbe si nèɖe na Yehowa ŋu la, esia ado ŋusẽ wò nàɖu tetekpɔ ɖe sia ɖe dzi. Le kpɔɖeŋu me, ɖe nàva nɔ ahiãmo ɖom na ame aɖe srɔ̃a? Ao! Elabe ègbe nu le nu ma gbɔ xoxo. Ne mèna dzodzro vɔ̃wo ƒo ke ɖe mewò o la, ke mahiã be nàva nɔ avu wɔm emegbe be yeaho wo ɖa o. Esia akpe ɖe ŋuwò be, ‘nàdze ato afi bubu’ eye màto “ame vɔ̃ɖiwo toƒe” o. (Lod. 4:14, 15) Ne ède ŋugble le ale si Yesu ɖoe kplikpaa dze Fofoa ŋu ŋu la, esia ana wòanɔ bɔbɔe na wò be nàtso nya me kaba agbe nu sia nu si madze Mawu, ame si nèɖe adzɔgbe na la ŋu o. (Mat. 4:10; Yoh. 8:29) Nya lae nye be ne kuxiwo alo tetekpɔwo va dziwò la, enye mɔnukpɔkpɔ na wò be nàɖee afia be yeɖoe kplikpaa be ‘yeadze Yesu yome.’ Ne èwɔe alea la, àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe ŋuwò. w24.03 9-10 ¶8-10