November
Memleɖa, November 1
Ðeviwo kple vi nonowo ƒe nu me nèdzra kafukafu ɖo.—Mat. 21:16.
Ne dzilae nènyea, kpe ɖe viwòwo ŋu woadzra ɖo ɖe nyaŋuɖoɖo siwo sɔ ɖe woƒe ƒexɔxɔ nu ŋu. Ele eme be ɣeaɖewoɣia, nusɔsrɔ̃ aɖewo kuna ɖe srɔ̃tɔwo dome nyawo kple nu goglo bubuwo ŋu, gake miate ŋu akpɔ memama ɖeka alo eve aɖewo siwo me ɖeviwo ate ŋu aɖo nya ŋu le. Azɔ hã kpe ɖe viwòwo ŋu woase egɔme be menye ɣesiaɣi si wodo asi ɖe dzie woayɔ wo be woaɖo nya ŋu o. Esia awɔe be dzi maɖe le wo ƒo ne womeyɔ wo o. (1 Tim. 6:18) Mí katã míate ŋu adzra ɖo be míaɖo nya ŋu atsɔ akafu Yehowa eye wòade dzi ƒo na mía nɔvi Kristotɔwo. (Lod. 25:11) Togbɔ be míate ŋu agblɔ míaƒe nuteƒekpɔkpɔ kpui aɖe ɣeaɖewoɣi hãa, mele be míanɔ nu ƒom tso mía ɖokui ŋu fũu o. (Lod. 27:2; 2 Kor. 10:18) Ele be míaƒe nyawo naku ɖe Yehowa, eƒe Nyaa, kple eƒe amewo koŋ ŋu.—Nyaɖ. 4:11. w23.04 24-25 ¶17-18
Kwasiɖa, November 2
Migana míanɔ alɔ̃ dɔm abe ame susɔeawo ke ene o, ke boŋ mina míanɔ ŋudzɔ, eye míanɔ mo xexi.—1 Tes. 5:6.
Lɔlɔ̃ akpe ɖe mía ŋu míayi edzi anɔ ŋudzɔ eye míanɔ mo xexi. (Mat. 22:37-39) Lɔlɔ̃ na Mawu kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi le gbeƒãɖeɖedɔa me nu ka kee ɖadzɔ o. (2 Tim. 1:7, 8) Esi míelɔ̃ ame siwo menye Yehowa subɔlawo o hã taa, míeyia edzi ɖea gbeƒã eye míewɔa esia to telefon dzi ɖaseɖiɖidɔa alo lɛtaŋɔŋlɔ gɔ̃ hã dzi. Míeka ɖe edzi be gbe ɖekaa, wo dometɔ aɖewo atrɔ eye woava wɔ nu si sɔ. (Eze. 18:27, 28) Míelɔ̃ mía nɔvi Kristotɔwo hã vevie. Míeɖea lɔlɔ̃ sia fiana ne ‘míedea dzi ƒo na mía nɔewo eye míetua mía nɔewo ɖo.’ (1 Tes. 5:11) Abe asrafo siwo le wo nɔewo ŋu le aʋagbedzi enea, míedea dzi ƒo na mía nɔewo. Mímaɖoe koŋ awɔ nu wòave mía nɔviwo alo aɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe gbeɖe o. (1 Tes. 5:13, 15) Azɔ hã míeɖea lɔlɔ̃ fiaa nɔvi siwo le ŋgɔ xɔm le hamea me ne míedea bubu wo ŋu.—1 Tes. 5:12. w23.06 10 ¶6; 11 ¶10-11
Dzoɖa, November 3
Ne [Yehowa gblɔ] nya aɖe la, ɖe mawɔ edzi oa?—4 Mose 23:19.
Mɔ vevi aɖe si dzi míato atu míaƒe xɔse ɖoe nye be míanɔ ŋugble dem le tafea ŋu. Tafea nye kpeɖodzi be Mawu ƒe ŋugbedodowo ava eme godoo. Ne míedea ŋugble le nu si tae míehiã tafea kple nu si gbegbe Yehowa wɔ tsɔ xe tafea ɖe mía ta ŋua, esia awɔe be míagaxɔ edzi ase geɖe wu be ŋugbe si Mawu do be míava nɔ agbe tegbee le xexe si nyo wu mea ava eme. Nu ka tae míate ŋu agblɔe alea? Bu nu si gbegbe Yehowa wɔ tsɔ xe tafea ɖe mía ta ŋu kpɔ. Edɔ eƒe Ŋgɔgbevi si gbɔ melɔ̃a nu le o, si nye eƒe kpeɖeŋutɔ vevitɔ, ɖa tso dziƒo wòva zu amegbetɔ deblibo le anyigba dzi. Yesu do dzi le nɔnɔme sesẽ vovovowo me le anyigba dzi. Mlɔebaa, ekpe fu eye wòse veve helĩhelĩ ʋuu heku. Tafe sia si Yehowa xe ɖe mía taa xɔ asi ŋutɔ! Èsusu be mía Mawu lɔ̃amea ɖe mɔ Via kpe fu nenema gbegbe heku ɖe mía ta kple susu be míava nɔ agbe si nyo wu hena ɣeyiɣi kpui aɖe koa? Kura o. (Yoh. 3:16; 1 Pet. 1:18, 19) Fe ma si gbegbe Yehowa xe ɖe mía ta ɖee fia be edi be míava nɔ agbe tegbee le xexe yeyea me, eye ana wòava eme hã. w23.04 27 ¶8-9
Braɖa, November 4
Oo Ku, afi kae wò ti si nètsɔ le ame tém la le?—Hos. 13:14.
Ðe Yehowa di be yeafɔ ame kukuwo ɖe tsitrea? Ɛ̃, edi vevie be yeawɔe. Ena Biblia ŋlɔla aɖewo gblɔ ŋugbe si wòdo be yeava fɔ ame kukuwo le etsɔme la ɖi. (Yes. 26:19; Nyaɖ. 20:11-13) Azɔ hã ne Yehowa do ŋugbea, ewɔna ɖe edzi godoo. (Yos. 23:14) Le nyateƒe mea, Yehowa di vevie be yeagbɔ agbe kukuawo. Bu nya si blemafofo Hiob gblɔ ŋu kpɔ. Eka ɖe edzi be ne yeku hãa, adzro Yehowa vevie be wòagbɔ agbe ye. (Hiob 14:14, 15) Nenema kee wòle Yehowa dzrom be yeafɔ ye subɔla siwo katã kua ɖe tsitre. Edi vevie be yeafɔ wo woava nɔ lãmesẽ me eye woakpɔ dzidzɔ. Ke ame miliɔn akpe geɖe siwo menya Yehowa hafi ku o ya ɖe? Mía Mawu lɔlɔ̃a di be yeafɔ woawo hã ɖe tsitre. (Dɔw. 24:15) Edi be mɔnukpɔkpɔ nasu wo si woazu ye xɔlɔ̃wo eye woanɔ agbe tegbee le anyigba dzi.—Yoh. 3:16. w23.04 9 ¶5-6
Kuɖa, November 5
Mawue ana ŋusẽ naɖo mía ŋu.—Ps. 108:13.
Nu kae nàte ŋu awɔ be wò susu nanɔ mɔkpɔkpɔ si le asiwòa ŋu? Le kpɔɖeŋu me, ne èle mɔ kpɔm be yeanɔ agbe tegbee le anyigba dzia, xlẽ nya siwo Biblia gblɔ tso Paradisoa ŋu eye nàde ŋugble le eŋu. (Yes. 25:8; 32:16-18) Bu ale si agbea anɔ le xexe yeyea me ŋu. Ne míedea ŋugble le míaƒe mɔkpɔkpɔa ŋu edziedzia, míabu míaƒe kuxiwo be wonye “ɣeyiɣi vi aɖe ƒe xaxa si nu mesẽ o.” (2 Kor. 4:17) Mɔkpɔkpɔ si Yehowa na mí ate ŋu ado ŋusẽ mí míado dzi le xaxawo me. Ena nu siwo míehiã be ŋusẽ naɖo mía ŋu la mí. Eya ta ne wode dɔ asiwò le hamea me, èle xaxawo me tom, alo mègale dzidzɔ kpɔm abe tsã ene oa, do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò eye nàdi eƒe mɔfiame le wò ɖokuisinusɔsrɔ̃ me. Lɔ̃ fãa nɔvi Kristotɔwo nakpe ɖe ŋuwò. De ŋugble le wò etsɔmemɔkpɔkpɔa ŋu edziedzi. Ne èwɔe alea, Mawu ‘atsɔ eƒe ŋusẽ triakɔ la ado ŋusẽ wò ale be nàdo dzi bliboe le dzigbɔgbɔ blewu kple dzidzɔ me.’—Kol. 1:11. w23.10 17 ¶19-20
Yawoɖa, November 6
Mida akpe ɖe nu sia nu ta.—1 Tes. 5:18.
Susu geɖewo li si tae wòle be míada akpe na Yehowa le míaƒe gbedodoɖawo me. Míate ŋu ada akpe nɛ ɖe nu nyui siwo katã le mía si ta, elabe nunana nyuiwo katã tso egbɔ. (Yak. 1:17) Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu ada akpe nɛ ɖe ale si wòwɔ anyigba kple edzinuwo wonya kpɔ hewɔ nukui ta. Míate ŋu ada akpe ɖe míaƒe agbe, míaƒe ƒomea, mía xɔlɔ̃wo, kple míaƒe mɔkpɔkpɔa hã ta. Eye míate ŋu ada akpe nɛ ɖe mɔnukpɔkpɔ si wòna mí be míazu ye xɔlɔ̃ veviwo ta. Ɣeaɖewoɣia, ahiã be míade ŋugble vevie be míate ŋu ade dzesi nu siwo Yehowa wɔ na mí siwo ta wòle be míada akpe ɖo. Le xexe sia mea, ame akpa gãtɔ nye akpemadalawo. Wotsia dzi ɖe ale si woawɔ be woƒe asi nasu nu si wodi dzi, tsɔ wu be woada akpe ɖe nu si le wo si ta. Ne míekpɔ nyuie oa, míava nɔ nu wɔm abe woawo ene, eye míaƒe gbedodoɖawo ava nye nubiabia ɣesiaɣi. Be esia nagadzɔ oa, ele be míasrɔ̃ ale si míakpɔ ŋudzedze ɖe nu ŋu eye míanɔ akpe dam na Yehowa ɖe nu siwo katã wòwɔna na mía ta.—Luka 6:45. w23.05 4 ¶8-9
Fiɖa, November 7
[Nɔ] ebiam le xɔse me, eye [mègake] ɖi kura o.—Yak. 1:6.
Mía Fofo Yehowa lɔ̃ mí eye medi gbeɖe be míakpe fu o. (Yes. 63:9) Gake mexea mɔ ɖe míaƒe xaxawo katã nu o, ke boŋ edo ŋugbe be ne míaƒe xaxawo le abe dzo alo tɔsisi ene le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu hãa, yeakpe ɖe mía ŋu ‘míato wo me.’ (Yes. 43:2) Yehowa maɖe mɔ míaƒe xaxawo nagblẽ nu le mía ŋu ɖikaa o. Azɔ hã, Yehowa naa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe triakɔa mí be wòakpe ɖe mía ŋu míado dzi. (Luka 11:13; Flp. 4:13) Esia ta, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ana nu si tututu míehiã be míado dzi awɔ nuteƒe nɛa mí ɣesiaɣi. Yehowa di be míaka ɖe ye dzi. (Heb. 11:6) Ɣeaɖewoɣia, míaƒe xaxawo ate ŋu awu tsɔtsɔ na mí, eye míasusui gɔ̃ hã be Yehowa mele kpekpem ɖe mía ŋu o. Gake Biblia ka ɖe edzi na mí be ‘le Mawu ƒe ŋusẽ mea, míate ŋu aflɔ gli.’ (Ps. 18:29) Eya ta mele be míasusu be Yehowa makpe ɖe mía ŋu o, ke boŋ míado gbe ɖa le xɔse me eye míaka ɖe edzi be aɖo eŋu.—Yak. 1:6, 7. w23.11 22 ¶8-9
Memleɖa, November 8
[Lɔlɔ̃ bina] abe dzo ene, Yah ƒe dzoƒaɖe. Tsi geɖe mate ŋu atsi lɔlɔ̃ o, eye tɔsisiwo gɔ̃ hã mate ŋu akplɔe dzoe o.—Haw. 8:6, 7.
Ale si woɖɔ lɔlɔ̃ vavã le afi sia nya se ŋutɔ! Nyateƒenya siawo na kakaɖedzi srɔ̃tɔwo be anya wɔ be woaɖe lɔlɔ̃ akuaku afia wo nɔewo. Lɔlɔ̃ si le srɔ̃tɔwo domea ate ŋu anɔ anyi ɖaa, gake ebia agbagbadzedze geɖe. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Ne wodo nakedzoa, ehiã be woanɔ nake dem eme eye woanɔ etum ɖo. Ne menye nenema oa, dzoa ate ŋu atsi. Nenema kee ehiã be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃a nanɔ lɔlɔ̃ si le wo domea tum ɖo hafi wòate ŋu anɔ anyi ɖaa. Ɣeaɖewoɣia, srɔ̃tɔwo ate ŋu ase le wo ɖokui me be yewoƒe lɔlɔ̃a nu le tsitsim, vevietɔ ne wo dometɔ aɖe dze dɔ, wova dzi viwo, alo ganyawo le sesẽm na wo. Eya ta be ‘Yah ƒe dzoƒaɖea’ nayi edzi anɔ bibim le atsu kple asi domea, ele be wo dometɔ ɖe sia ɖe naku kutri vevie be ye kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli. w23.05 20-21 ¶1-3
Kwasiɖa, November 9
Mègavɔ̃ o.—Dan. 10:19.
Nu kae wòhiã be míawɔ be dzi nanɔ mía ƒo? Mía dzilawo ate ŋu ade dzi ƒo na mí be dzi nanɔ mía ƒo, gake míate ŋu anyi dzinɔameƒo ƒe dome tso wo gbɔ o. Míate ŋu atsɔ ale si míawɔ dzi nanɔ mía ƒo asɔ kple nu yeye aɖe sɔsrɔ̃. Mɔ ɖeka si dzi míato anya nua ye nye be míalé ŋku ɖe ame si le nua fiam mí la ŋu, eye míasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua. Nenema kee dzi nɔa mía ƒo ne míeléa ŋku ɖe ame siwo ɖea nɔnɔme sia fiana ŋu eye míesrɔ̃a woƒe kpɔɖeŋua. Abe Daniel enea, ele be míawo hã míasrɔ̃ Mawu ƒe Nyaa veviedodotɔe. Ele be míanɔ míaƒe dzimenyawo gblɔm na Yehowa faa ɣesiaɣi ale be mía kplii dome nanɔ kplikplikpli. Ehiã hã be míaɖo ŋu ɖe eŋu aka ɖe edzi be eli kpli mí. Ekema ne wodo míaƒe xɔse kpɔa, dzi anɔ mía ƒo. Zi geɖea, wodea bubu ame siwo ƒo dzi lea ŋu. Esia ate ŋu ahe dzi nyuitɔwo va Yehowa gbɔ. Eme kɔ ƒãa be, susu nyui geɖe li si tae wòhiã be dzi nanɔ mía ƒo. w23.08 2 ¶2; 4 ¶8-9
Dzoɖa, November 10
Mido nuwo katã kpɔ.—1 Tes. 5:21.
Helagbe me nya si gɔme woɖe be ‘do nu kpɔ’ nye nya si wotsɔ ɖɔa ale si amewo doa sika, klosalo kple ganu bubuwo kpɔna. Eya ta ehiã be míado nya siwo míesena kple nu siwo míexlẽna kpɔ akpɔe ɖa be wonyo ŋutɔŋutɔ hã. Esia le vevie na mí wu, vevietɔ esi xaxa gãa le aƒe tum kabakaba ta. Mele be míaxɔ nya sia nya dzi se o, ke boŋ ele be míazã míaƒe nuŋububuŋutete atsɔ nya siwo míesena kple nu siwo míexlẽna asɔ kple nu si Biblia kple habɔbɔa fia mí. Ne míewɔe alea, gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafia aɖeke maflu mí o. (Lod. 14:15; 1 Tim. 4:1) Míenya be Yehowa ƒe amewo atsi agbe le xaxa gãa me. Gake le mí ame ɖekaɖekawo gomea, míenya ale si nuwo anɔ na mí le etsɔme o. (Yak. 4:14) Ke hã, ne míeku do ŋgɔ na xaxa gãa alo míetso xaxa gãa o, Yehowa ayra mí eye wòana míanɔ agbe tegbee ne míeyi edzi wɔ nuteƒe. Neva eme be míana míaƒe susu katã nanɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ wɔnukua ŋu eye míanɔ dzadzraɖoɖi na Yehowa ƒe ŋkekea. w23.06 13 ¶15-16
Braɖa, November 11
Mewɔa naneke ne meɖe eƒe tameɖoɖo fia [esubɔlawo] hafi o.—Amos 3:7.
Míenya ale si Biblia me nyagblɔɖi aɖewo ava emee o. (Dan. 12:8, 9) Ne mímenya ale si nyagblɔɖi aɖe awɔ ava eme o hãa, mefia be mava eme o. Míeka ɖe edzi bliboe be le ɣeyiɣi nyuitɔ dzia, Yehowa ana nuwo me nakɔ na mí, abe ale si wòwɔe le blema ene. Eteƒe madidi o, woaɖe gbeƒã “ŋutifafa kple dedienɔnɔ!” (1 Tes. 5:3) Eyome xexea ƒe dunyaheŋusẽwo atrɔ ɖe alakpasubɔsubɔ ŋu atsrɔ̃e keŋkeŋ. (Nyaɖ. 17:16, 17) Emegbe woadze Mawu ƒe amewo dzi. (Eze. 38:18, 19) Armagedon-ʋaa afe ati le nudzɔdzɔ siawo yome. (Nyaɖ. 16:14, 16) Míate ŋu aka ɖe edzi be nu siawo adzɔ kpuie. Gake hafi ɣemaɣi naɖoa, mina míayi edzi adzro Biblia me nyagblɔɖiwo me eye míakpe ɖe ame bubuwo hã ŋu be woawɔe nenema. Ne míewɔe alea, míaɖee afia mía Fofo si le dziƒo la be míekpɔ ŋudzedze ɖe nyagblɔɖi siwo wòna woŋlɔ ɖe Biblia me na mí ŋu. w23.08 13 ¶19-20
Kuɖa, November 12
Mina míayi edzi alɔ̃ mía nɔewo, elabena lɔlɔ̃ la tso Mawu gbɔ.—1 Yoh. 4:7.
Esi apostolo Paulo nɔ nu ƒom tso xɔse, mɔkpɔkpɔ, kple lɔlɔ̃ ŋua, egblɔ be “esi ƒo wo tae nye lɔlɔ̃.” (1 Kor. 13:13) Nu ka tae wògblɔe nenema? Susu si tae nye be ne ŋugbe siwo Mawu do ku ɖe xexe yeyea ŋu va emea, magahiã be míaxɔ wo dzi ase alo anɔ mɔ kpɔm na wo o. Gake ahiã be míayi edzi alɔ̃ Yehowa kple amewo. Le nyateƒe mea, míaƒe lɔlɔ̃ na wo anɔ sesẽm ɖe edzi yi ɖe mavɔ me. Azɔ hã, lɔlɔ̃ dea dzesi Kristotɔ vavãwo. Yesu gblɔ na eƒe apostoloawo be: “Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yoh. 13:35) Susu bubue nye be lɔlɔ̃ nana míewɔa ɖeka. Paulo gblɔ be lɔlɔ̃ nye “ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo.” (Kol. 3:14) Apostolo Yohanes gblɔ na nɔvia Kristotɔwo be: “Ame si lɔ̃ Mawu la nalɔ̃ nɔvia hã.” (1 Yoh. 4:21) Ne míelɔ̃ mía nɔewoa, efia be míelɔ̃ Mawu. w23.11 8 ¶1, 3
Yawoɖa, November 13
[Miɖe] nu kpekpe sia nu kpekpe . . . ɖa.—Heb. 12:1.
Biblia tsɔ mí Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ sɔ kple duƒuƒu. Kristotɔ siwo te ŋu ƒu agbedua wu enu akpɔ agbe mavɔ. (2 Tim. 4:7, 8) Ehiã fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe be míaku kutri vevie ayi dua dzi, elabe míeɖo nuwuƒea vɔ. Apostolo Paulo de dzesi nu vevi siwo akpe ɖe míawo hã ŋu be míaƒu dua awu enu. Eɖo aɖaŋu na mí be ‘míaɖe nu kpekpe sia nu kpekpe ɖa, eye míatsɔ dzidodo anɔ duɖimekeke si woɖo na mí la dzi.’ Ðe Paulo ƒe nyawo fia be agba aɖeke meli wòle be Kristotɔ natsɔ oa? Ao, mefia nenema o. Nu si wòfia boŋue nye be míaɖe agba ɖe sia ɖe si mehiã oa ɖa. Agba si mehiã o ate ŋu ahe mí ɖe megbe eye wòana ɖeɖi nate mía ŋu. Ehiã vevie be míade dzesi agba mawo tɔgbi eye míaɖe wo ɖa kaba. Gake ele be míakpɔ nyuie be míagaɖe asi le agba siwo wòle be míatsɔ ya ŋu o. Elabe ne ame aɖe ɖe asi le agba si wòle be wòatsɔ ŋua, ke aɖee afia be yemegadze aƒu agbedua o.—2 Tim. 2:5. w23.08 26 ¶1-2
Fiɖa, November 14
Migana miaƒe atsyɔ̃ɖoɖo nanye gota gome tɔ . . . o.—1 Pet. 3:3.
Ne míesea nu gɔmea, esia akpe ɖe mía ŋu be míade bubu amewo ƒe susuwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, mía nɔvinyɔnu aɖewo sisina nu ɖe mo tsɔ ɖoa atsyɔ̃, gake ɖewo ya medinɛ o. Nɔvi aɖewo hã noa aha sesẽ le ŋuɖɔɖo me, gake ɖewo ya tiae be yewomanoe kura o. Mí katã míedina be míanɔ lãmesẽ me, gake míetiana dɔdamɔnu vovovowo. Ne míesusuna be tiatia siwo míewɔnae nye nyuitɔ ɣesiaɣi eye míeƒonɛ ɖe mía nɔviwo nu be woawo hã woawɔ tiatia mawo kea, esia ate ŋu aɖia wo nu eye wòade mama hamea me. (1 Kor. 8:9; 10:23, 24) Le kpɔɖeŋu me, Yehowa mede se kpaɖiwo na mí ku ɖe awudodo ŋu o, ke boŋ ena gɔmeɖose siwo dzi míate ŋu azɔ ɖoa mí. Ele be míado awu le ŋukpekpe kple “ŋuɖɔɖo me” wòadze Kristotɔwo, eye wòaɖee afia be míenye nugɔmeselawo. (1 Tim. 2:9, 10) Eya ta mímadi be míadzra ɖo alo ado awu wòahe amewo ƒe susu ava mía ɖokui dzi o. Biblia me gɔmeɖosewo akpe ɖe hamemetsitsiwo hã ŋu be womade sewo na nɔviwo le awudodo kple ɖawɔwɔ ŋu o. w23.07 23-24 ¶13-14
Memleɖa, November 15
Milé to ɖe ŋunye nyuie, ne miaɖu nu si nyo, eye miakpɔ dzidzɔ ɖe nu damiwo ŋu.—Yes. 55:2.
Yehowa fia nu siwo míawɔ be míakpɔ dzidzɔ le etsɔme tegbeea mí. Ame siwo wɔna ɖe ‘nyɔnu movitɔa’ ƒe amekpekpea dzi la ƒoa wo ɖokuiwo ɖe gbɔdɔnuwɔnawo me kple susu be yewoakpɔ dzidzɔ. “Tsieƒe ƒe gogloeƒe kee” woava kpɔ wo ɖokuiwo le. (Lod. 9:13, 17, 18) Gake eme anyo na ame siwo wɔ ɖe nyɔnu si le tsitre ɖi na “nunya vavãtɔ” la ƒe amekpekpea dzi! (Lod. 9:1) Míele agbagba dzem be míasrɔ̃ ale si míalɔ̃ nu siwo Yehowa lɔ̃ eye míalé fu nu siwo wòlé fui. (Ps. 97:10) Eye dzi dzɔa mí ne míekpe ame bubuwo hã be woava ne “nunya vavãtɔ” naɖe vi na wo. Ðeko wòle abe míele ɣli dom “le dua ƒe kɔkɔƒewo be, ‘Ame sia ame si si nuteƒekpɔkpɔ mesu o la, neva dze afii’” ene. Viɖe siwo mía kple ame siwo awɔ ɖe amekpekpea dzi akpɔ manɔ anyi ɣeyiɣi vi aɖe ko o, ke boŋ woanɔ anyi ɖaa eye woana míanɔ “agbe” tegbee ne míelé “gɔmesese ƒe mɔ tsɔ tẽe.”—Lod. 9:3, 4, 6. w23.06 24 ¶17-18
Kwasiɖa, November 16
Ame si gbɔa dzi ɖi blewu la nyo wu kalẽtɔ, eye ame si léa eƒe dziku nu la nyo wu duwo xɔla.—Lod. 16:32.
Aleke nèsena le ɖokuiwò me ne wò dɔwɔhatiwo alo sukuhatiwo bia nya wò tso wò dzixɔsewo ŋu? Ðe nèvɔ̃na alo tsia dzodzodzoea? Mía dometɔ geɖe sena le mía ɖokui me nenema. Gake amewo ƒe nyabiasewo nana míenyana woƒe susu alo nu si dzi woxɔ se eye esia ʋua mɔnukpɔkpɔ na mí be míagblɔ nya nyuia na wo. Ɣeaɖewoɣi hãa, amewo biaa nya mí elabe womelɔ̃ ɖe míaƒe dzixɔsewo dzi o alo wodi be yewoahe nya kpli mí. Nu si tae nye be wo dometɔ aɖewo se alakpanyawo tso mía ŋu. (Dɔw. 28:22) Azɔ hã míele “ŋkeke mamlɛawo me” eye amewo “melɔ̃na ɖe ɖoɖo aɖeke dzi o”; wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã wɔa nu ‘adãtɔe.’ (2 Tim. 3:1, 3) Ðewohĩ àbia ɖokuiwò be, ‘Nu kae akpe ɖe ŋunye be malé ɖokuinye kpoo aɖo nya ŋu ŋuɖɔɖotɔe ne ame aɖe di be yeahe nya kplim le nye dzixɔsewo ta?’ Nu si akpe ɖe ŋuwòe nye be nàfa tu. Ame si fa tu medoa dziku kabakaba o; etea ŋu léa eɖokui ne menya nu si wòawɔ le nɔnɔme aɖe me o gɔ̃ hã. w23.09 14 ¶1-2
Dzoɖa, November 17
Àtsɔ wo aɖo amegãwoe ɖe anyigba blibo la dzi.—Ps. 45:16.
Ɣeaɖewoɣia, míexɔa aɖaŋuɖoɖowo ku ɖe ŋutilãmenudidiwo kple nuwɔna bubu siwo ate ŋu awɔe be míada le Mawu ƒe sewo dzi ŋu. Eɖea vi na mí ne míewɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi le nya siawo hã me. (Yes. 48:17, 18; 1 Tim. 6:9, 10) Yehowa ayi edzi azã amegbetɔ siwo nye eteƒenɔlawo atsɔ afia mɔ mí le xaxa gãa me eye wòayi edzi nenema le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me hã. Ðe míayi edzi awɔ ɖe mɔfiame mawo dzia? Anɔ bɔbɔe be míawɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi ɣemaɣi ne míewɔna ɖe wo dzi fifia. Eya ta mina míawɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi ɣesiaɣi eye míawɔ ɖe ame siwo wòɖo be woadzɔ mía ŋu ƒe mɔfiamewo hã dzi. (Yes. 32:1, 2; Heb. 13:17) Elabe míate ŋu aka ɖe míaƒe Mɔfiala, Yehowa dzi bliboe; ekpɔa mía ta be míagadze afɔku o, eye eyae akplɔ mí ɖɔɖɔɖɔ ayi xexe yeyea me dedie. w24.02 25 ¶17-18
Braɖa, November 18
Amenuvevee wotsɔ ɖe mi.—Ef. 2:5.
Apostolo Paulo kpɔ dzidzɔ le Yehowa subɔsubɔ me, gake edo go kuxi geɖewo hã. Eƒe subɔsubɔdɔa biana be wòazɔ mɔ legbeewo zi geɖe, evɔ mɔzɔzɔ menɔ bɔbɔe ɣemaɣi kura o. Le eƒe mɔzɔzɔ mawo dometɔ aɖewo mea, ‘eɖo ŋɔdzi me le tɔsisiwo dzi kple adzodalawo si me.’ Edzɔ ɣeaɖewoɣi be eƒe futɔwo ƒoe vevie. (2 Kor. 11:23-27) Eye nublanuitɔea, nɔvia Kristotɔwo hã mekpɔ ŋudzedze ɖe agbagba siwo wòdzena be yeakpe ɖe wo ŋua ŋu ɣesiaɣi o. (2 Kor. 10:10; Flp. 4:15) Nu kae kpe ɖe Paulo ŋu wòyi edzi subɔ Yehowa? Nu si kpe ɖe eŋue nye be esrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ŋu le Ŋɔŋlɔawo kple nu siwo me eya ŋutɔ to me. Esia na wòva ka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ ye. (Rom. 8:38, 39; Ef. 2:4, 5) Eye esia na eya hã lɔ̃ Yehowa vevie. Paulo ɖee fia be yelɔ̃ Yehowa to ale si ‘wòsubɔ ame kɔkɔewo eye wòyi edzi subɔ woa dzi.’—Heb. 6:10. w23.07 9 ¶5-6
Kuɖa, November 19
Ame sia ame nebɔbɔ eɖokui ɖe ŋusẽtɔwo te.—Rom. 13:1.
Biblia yɔ dziɖuɖuwo be “ŋusẽtɔwo.” Ame geɖe lɔ̃ ɖe edzi be míehiã na dziɖuɖuwo eye ele be míawɔ ɖe woƒe se aɖewo ya teti dzi. Gake ne dziɖuɖua de se aɖe si medzɔ dzi na wo o alo bia nu geɖe tso wo sia, wogbea edzi wɔwɔ. Biblia na eme kɔ be amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo nana amewo kpea fu, wole Satana ƒe ŋusẽ te eye Mawu ava tsrɔ̃ wo kpuie. (Ps. 110:5, 6; Nyagb. 8:9; Luka 4:5, 6) Egblɔ hã be “ame si tsia tsitre ɖe ŋusẽtɔ ŋu la, etsia tsitre ɖe Mawu ƒe ɖoɖo ŋu.” Yehowa ɖe mɔ dziɖuɖuwo li ale be nuwo nanɔ ɖoɖo nu, eye edi be míaɖo to wo. Eya ta ele be míatsɔ “nu si ame sia ame dze na la anɛ.” Esia bia be míade bubu wo ŋu, aɖo to wo eye míaxe adzɔ na wo. (Rom. 13:1-7) Ðewohĩ awɔ na mí be woƒe se aɖewo dzi wɔwɔ made mía dzi o alo be ana ganyawo nasesẽ na mí. Ke hã, míeɖoa to Yehowa wɔna ɖe dziɖuɖuwo ƒe sewo dzi. Gake Yehowa medi be míaɖo to dziɖuɖuwo ne wobia tso mía si be míada le yeƒe sewo dzi o.—Dɔw. 5:29. w23.10 8 ¶9-10
Yawoɖa, November 20
Yehowa ƒe gbɔgbɔ do ŋusẽe.—Ʋɔn. 15:14.
Ɣeyiɣi siwo me Filistitɔwo nɔ Israel dukɔa dzi ɖum henɔ wo tem ɖe anyi mee wodzi Samson. (Ʋɔn. 13:1) Israel-viwo nɔ fu kpem vevie le teteɖeanyia ta. Yehowa tia Samson be ‘wòaxɔ ŋgɔ aɖe Israel tso Filistitɔwo si me.’ (Ʋɔn. 13:5.) Hafi Samson nate ŋu awɔ dɔ sia ade goea, ele be wòaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe. Gbe ɖekaa, Filistitɔwo va be yewoalé Samson le du aɖe si nye Lehi, si anya nɔ Yuda me. Esi vɔvɔ̃ ɖo Yuda ŋutsuwo taa, wotso nya me be yewoatsɔ Samson ade asi na futɔawo. Wobla woawo ŋutɔwo nɔvi Samson eye wokplɔe yi na Filistitɔwo. (Ʋɔn. 15:9-13) Gake “Yehowa ƒe gbɔgbɔ do ŋusẽe” be kawo tso le eƒe alɔnu. “Ekpɔ tedzitsu ƒe glãƒu mumu aɖe,” eye wòdo asi ɖa tsɔe wu Filistitɔ 1,000!—Ʋɔn. 15:14-16. w23.09 2 ¶3-4
Fiɖa, November 21
Wowɔ esia le tame mavɔ, si wòɖo to mía Aƒetɔ Yesu, si nye Kristo la, dzi la nu.—Ef. 3:11.
‘Tameɖoɖo mavɔ’ ye le Yehowa si eye eɖee fia vivivi le Biblia me. Nu ka kee ɖadzɔ o, Yehowa ƒe tameɖoɖoa ava eme, elabe ewɔa “nu sia nu hena eƒe tameɖoɖo me vava.” (Lod. 16:4) Eye ne eƒe tameɖoɖoa va emea, viɖeawo anɔ anyi ɖaa. Gake nu kae nye Yehowa ƒe tameɖoɖoa, eye aleke wòtrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu ale be wòava eme? Mawu na mía dzila gbãtɔwo nya tame si wòɖo ɖe wo ŋu. Eyae nye be ‘woadzi ne woasɔ gbɔ, woayɔ anyigba la dzi, eye woaɖu edzi; woakpɔ ŋusẽ ɖe nu gbagbe siwo katã ʋãna le anyigba dzi la dzi.’ (1 Mose 1:28) Esi Adam kple Xawa dze aglã ɖe Yehowa ŋu si wɔe be amegbetɔƒomea zu nuvɔ̃mewoa, esia megblẽ Yehowa ƒe tameɖoɖoa me o. Etrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu be yeana wòava eme. Enumake eɖoe be yeaɖo Fiaɖuƒe aɖe anyi le dziƒo si dzi yeato ana tame si yeɖo ku ɖe amegbetɔwo kple anyigbaa ŋu le gɔmedzedzea nava eme.—Mat. 25:34. w23.10 20 ¶6-7
Memleɖa, November 22
Ne menye Yehowa ye kpe ɖe ŋunye o la, anye ne meku xoxoxo.—Ps. 94:17.
Yehowa ate ŋu ado ŋusẽ mí míawɔ nuteƒe. Ɣeaɖewoɣia, ate ŋu anye avu kple kɔ na mí be míaɖu míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe dzi, vevietɔ ne ɣeyiɣi didi aɖee nye esia míele agbagba dzem le eŋu. Ate ŋu awɔ na mí be míaƒe kuxia kpe wu apostolo Petro tɔ, gake aleke kee wòɖakpee o, Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu edzi. (Ps. 94:18, 19) Le kpɔɖeŋu me, hafi nɔviŋutsu aɖe nava srɔ̃ nyateƒea, eƒo eɖokui ɖe ŋutsu kple ŋutsu ƒe dɔdɔ me ƒe geɖe. Gake etrɔ eƒe agbenɔnɔ keŋkeŋ eye wònɔa agbe ɖe Biblia ƒe mɔfiafiawo nu. Ke hã ɣeaɖewoɣia, egawɔa avu kple dzodzro vɔ̃wo. Nu kae kpe ɖe eŋu wòte ŋu ɖu eɖokui dzi? Egblɔ be: “Yehowae doa ŋusẽm.” Egblɔ kpee be: “Meva srɔ̃e be Yehowa ƒe gbɔgbɔa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ agbe ale si wòdii. Togbɔ be nyemede blibo o hãa, Yehowa te ŋu zãm eye wòyi edzi le ŋusẽ domem.” w23.09 23 ¶12
Kwasiɖa, November 23
Ðokuibɔbɔ kple Yehowa vɔvɔ̃ hea kesinɔnu, bubu kple agbe vanɛ.—Lod. 22:4.
Ðekakpuiwo, miɖo ŋku edzi be ebia agbagbadzedze be ame nayi ŋgɔ ava zu Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me. Ehiã be nàsrɔ̃ nu tso ame siwo ɖo kpɔɖeŋu nyuiwo gbɔ, nàtu tamebubuŋutete ɖo, nànye ame si dzi woate ŋu aka ɖo, nàtu ŋutete veviwo ɖo, eye nàdzra ɖo ɖe etsɔme ŋu. Ne èbu nu siwo katã wòle be nàwɔ ŋua, ɖewohĩ àsusu be manya wɔ na ye o. Gake àte ŋui. Ðo ŋku edzi be Yehowa di vevie be yeakpe ɖe ŋuwò. (Yes. 41:10, 13) Eye nɔvi siwo le hamea me hã li akpe ɖe ŋuwò. Ne èɖo wò taɖodzinua gbɔ eye nèva zu Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me abe ale si Yehowa dii enea, àkpɔ dzidzɔ geɖe. Ðekakpuiwo, míelɔ̃ mi vevie ŋutɔ! Neva eme be Yehowa nayra mi esi miele agbagba dzem fifia be miava nye Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me. w23.12 29 ¶19-20
Dzoɖa, November 24
[Ŋe] aɖaba [ƒu] agɔdzedze dzi.—Lod. 19:11.
Tsɔe be nɔvi aɖe ɖo kplɔ̃ eye wòkpe wò kple nɔvi bubu aɖewo. Mieɖu nu, ɖo dze, kpɔ dzidzɔ, eye mieɖe foto hafi kaka. Eya ta èɖe foto ɖeka, gaɖe evelia kple etɔ̃lia, kple susu be ne ɖe menyo oa, ɖe nanyo. Gake ède dzesii le fotoawo dometɔ ɖeka me be nɔviŋutsu ɖeka yɔ mo. Eya ta èɖee ɖa, elabe eve bubu le asiwò si me ame sia ame ɖo nukomo le. Zi geɖea, míedina be ɣeyiɣi si míede ha kple mía nɔviwo eye míekpɔ dzidzɔ ɖekae natsi susu me na mí. Gake tsɔe be le ɣeyiɣi mawo dometɔ ɖeka mea, nɔvi aɖe gblɔ nya aɖe alo wɔ nane si medzɔ dzi na mí o. Nu kae wòle be míawɔ? Anyo be míaɖe nya ma ɖa le susu me, abe ale si ko míaɖe foto si medzɔ dzi na mí o ɖa ene. (Ef. 4:32) Míate ŋui elabe nu nyui bubu geɖewo li si mía kple nɔvi ma míewɔ ɖekae. Nu nyui mawo ŋue míedea asixɔxɔe eye woawoe míedi be woatsi susu me na mí. w23.11 12-13 ¶16-17
Braɖa, November 25
Nyɔnuwo . . . nado awu ɖe nɔnɔme nyui me . . . abe ale si wòdze nyɔnu siwo vɔ̃a Mawu la ene.—1 Tim. 2:9, 10.
Helagbe me nya si Paulo zã fia be nyɔnu Kristotɔwo nadzra ɖo ale be bubu nanɔ wo ŋu eye woƒe nudodo naɖee afia be wode bubu amewo ƒe seselelãmewo ŋu. Míekpɔa dzidzɔ ɖe mía nɔvinyɔnu Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me eye wowɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo ma dzi doa awu le nɔnɔme nyui mea ŋu ŋutɔ! Be nyɔnu Kristotɔ natsi le gbɔgbɔ mea, ehiã vevie hã be wòanye nugɔmesela. Nu kae wòfia be ame nanye nugɔmesela? Efia be ame nadze aɖaŋu, wòate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome eye wòatiae be yeawɔ nyuia. Bu Abigail ŋu kpɔ. Srɔ̃a wɔ nyametsotso aɖe si agblẽ nu le ƒome bliboa ŋu vevie. Gake Abigail dze aɖaŋu eye wòɖe afɔ enumake. Esia xɔ wo ɖe agbe. (1 Sam. 25:14-23, 32-35) Nugɔmesese akpe ɖe míawo hã ŋu be míanya ɣeyiɣi si míaƒo nu kple ɣeyiɣi si míazi ɖoɖoe. Eye ana míanya ale si míakpe ɖe amewo ŋu, evɔ mímaɖia wo nu o.—1 Tes. 4:11. w23.12 20 ¶8-9
Kuɖa, November 26
Mina míatso aseye le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ la ta.—Rom. 5:2.
Apostolo Paulo ŋlɔ nya mawo na hame si nɔ Roma. Nɔvi siwo nɔ Roma srɔ̃ nu tso Yehowa kple Yesu ŋu hexɔ wo dzi se eye esia ʋã wo wova zu Kristotɔwo. Esia ta Mawu ‘bu wo ame dzɔdzɔewo to xɔse me,’ eye wòtsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na wo. (Rom. 5:1) Tso ɣemaɣia, mɔkpɔkpɔ tɔxɛ si ŋu kakaɖedzi le va su wo si. Emegbe Paulo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Kristotɔ amesiamina siwo le Efeso eye wòhe woƒe susu yi mɔkpɔkpɔ si ŋugbe Mawu do na wo dzi. Egblɔ na wo be woaxɔ “domenyinu [si li] na ame kɔkɔewo.” (Ef. 1:18) Paulo ŋlɔ agbalẽ na Kolosetɔwo hã tsɔ he woƒe susu yi afi si woƒe mɔkpɔkpɔa ava eme na wo lea dzi. Egblɔ na wo be ‘wodzra mɔkpɔkpɔ ma ɖo ɖi na wo le dziƒowo.’ (Kol. 1:4, 5) Esia ɖee fia be mɔkpɔkpɔ si le Kristotɔ amesiaminawo si ye nye be woafɔ wo ɖe tsitre woava nɔ agbe tegbee le dziƒo eye woaɖu fia kple Kristo.—1 Tes. 4:13-17; Nyaɖ. 20:6. w23.12 9 ¶4-5
Yawoɖa, November 27
Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu.—Flp. 4:7.
Helagbe me nya si gɔme woɖe be ‘woadzɔ nane ŋu’ nye nya si wozãna tsɔ ɖɔa ale si asrafowo dzɔa du aɖe ŋu be wòanɔ dedie. Ne asrafowo le du aɖe ŋu dzɔma, dua me nɔlawo ɖea dzi ɖi eye wosena le wo ɖokui me be yewole dedie. Nenema kee ne Mawu ƒe ŋutifafa dzɔ míaƒe dzi kple tamesusu ŋua, míeɖea dzi ɖi elabe míenya be míele dedie. (Ps. 4:8) Ne míaƒe nɔnɔmea metrɔ enumake abe ale si wònɔ na Hana ene o hã, ŋutifafa aɖe sinu asu mía si. (1 Sam. 1:16-18) Eye ne míaƒe dzi dze emea, enɔa bɔbɔe na mí be míabu nuwo ŋu nyuie, eye míatso nya me le mɔ nyuitɔ nu. Nu kae míate ŋu awɔ? Ne nya vɔ̃ aɖe dzɔ ɖe dziwòa, do gbe ɖa vevie na Yehowa va se ɖe esime wòana eƒe ŋutifafa wò. (Luka 11:9; 1 Tes. 5:17) Ne èle nɔnɔme sesẽ aɖe me toma, nɔ gbedodoɖa dzi eye Yehowa ƒe ŋutifafa adzɔ wò dzi kple susu ŋu.—Rom. 12:12. w24.01 21 ¶5-6
Fiɖa, November 28
Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.—Mat. 6:9.
Esi Yesu di vevie be yeakɔ ye Fofo ƒe ŋkɔa ŋu taa, edo dzi esi wowɔ fui, wodzui eye woda alakpa ɖe esi. Enyae be yeɖo to ye Fofo le nu sia nu me eye susu aɖeke meli si tae ŋu nakpe ye o. (Heb. 12:2) Enya be Satana koŋue tɔ ŋku ye le ɣeyiɣi sesẽ ma me. (Luka 22:2-4; 23:33, 34) Satana susui be yeate ŋu agblẽ Yesu ƒe nuteƒewɔwɔ me; gake eda ƒu kura! Yesu ƒe nuteƒewɔwɔ ɖo kpe edzi be Satana nye alakpatɔ vɔ̃ɖi eye be amewo ayi edzi alɔ̃ Yehowa awɔ nuteƒe nɛ le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me. Ðe nèdi be yeawɔ nu atsɔ ado dzidzɔ na míaƒe Fia si le dzi ɖuma? Ne nenemaea, ke yi edzi nànɔ Yehowa ƒe ŋkɔa kafum eye nànɔ kpekpem ɖe ame geɖe ŋu be woava nya ame si tututu Yehowa nye. Ne èwɔe alea, ke èle Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome dzem. (1 Pet. 2:21) Eye abe ale si Yesu wɔe enea, wò hã àna Yehowa nakpɔ dzidzɔ eye àɖo kpe edzi be Satana nye alakpatɔ vɔ̃ɖi! w24.02 11-12 ¶11-13
Memleɖa, November 29
Nu kae matsɔ aɖo eteƒe na Yehowa ɖe nyui siwo katã wòwɔ nam la ta?—Ps. 116:12.
Le ƒe atɔ̃ siwo va yi mea, ame miliɔn ɖeka kple edzivɔ ye xɔ nyɔnyrɔ va zu Yehowa Ðasefowo. Ne èɖe adzɔgbe na Yehowa la, ke efia be ètiae be yeava zu Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃la, eye yeana Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nanye nu vevitɔ na ye le agbe me. Nu kae Kristotɔwo ƒe adzɔgbeɖeɖe sia bia? Yesu gblɔ be: “Ne ame aɖe di be yeadze yonyeme la, negbe nu le eɖokui gbɔ.” (Mat. 16:24) Woagate ŋu aɖe Helagbe me nya si gɔme woɖe be ame “negbe nu le eɖokui gbɔ” gɔme be “ame naganɔ agbe na eɖokui azɔ o.” Ele be Yehowa subɔla ɖeadzɔgbe natsri nu sia nu si medzea Yehowa ŋu o. (2 Kor. 5:14, 15) Ele be nàtsri “ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo,” si ƒe ɖee nye gbɔdɔdɔ manɔsenu. (Gal. 5:19-21; 1 Kor. 6:18) Ðe esia ana nàxaxa? Ne èlɔ̃ Yehowa, eye nèka ɖe edzi be eƒe seawo dzi wɔwɔ aɖe vi na yea, màbui nenema o.—Ps. 119:97; Yes. 48:17, 18. w24.03 2 ¶1; 3 ¶4
Kwasiɖa, November 30
Wò nu dzea ŋunye.—Luka 3:22.
Yehowa naa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ame siwo ƒe nu dzea eŋu. (Mat. 12:18) Míate ŋu abia mía ɖokui be, ‘Ðe metea ŋu ɖea Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea fiana le nye agbe mea?’ Ðe nède dzesii be yete ŋu gbɔa dzi ɖi na amewo fifia wu ɣeyiɣi si me mèkpɔ srɔ̃ nu tso Yehowa ŋu oa? Le nyateƒe mea, ne míeva le gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ɖem fia geɖe wua, míava kpɔe adze sii be míaƒe nu dzea Yehowa ŋu! Yehowa nana asixɔxɔ si le tafea ŋu ɖea vi na ame siwo ƒe nu dzea eŋu. (1 Tim. 2:5, 6) Ke ne míexɔ tafea dzi se eye míexɔ nyɔnyrɔ̃, evɔ míegasena le mía ɖokui me kokoko be míaƒe nu medzea Yehowa ŋu o ya ɖe? Ðo ŋku edzi be menye ɣesiaɣie míate ŋu aka ɖe míaƒe seselelãmewo dzi o, gake míate ŋu aka ɖe Yehowa ya dzi. Ebua ame siwo xɔ tafea dzi se la ame dzɔdzɔewoe eye edo ŋugbe be yeayra wo.—Ps. 5:12; Rom. 3:26. w24.03 30 ¶15; 31 ¶17