December
Dzoɖa, December 1
Woafɔ ame kukuwo.—Luka 20:37.
Ðe Yehowa ate ŋu afɔ ame kukuwo ɖe tsitrea? Ɛ̃, ate ŋui! Eyae nye “Ŋusẽkatãtɔ.” (Nyaɖ. 1:8) Eya ta ate ŋu aɖu futɔ ɖe sia ɖe dzi, ku gɔ̃ hã. (1 Kor. 15:26) Susu bubu si tae míenya be Mawu ate ŋu afɔ ame kukuwo ɖe tsitree nye be meŋlɔa nu be gbeɖe o. Eyɔa ɣletivi ɖe sia ɖe ŋkɔ. (Yes. 40:26) Eye eɖoa ŋku ame siwo ku hã dzi. (Hiob 14:13; Luka 20:38) Ate ŋu aɖo ŋku nu suetɔ kekeake dzi le ame siwo wòafɔ ɖe tsitre ŋu, siwo dometɔ aɖewoe nye woƒe dzedzeme kple nɔnɔme si le wo si, nu siwo me woto le agbe me, kple nu siwo nɔ susu me na wo hafi woku. Edze ƒãa be míate ŋu aka ɖe ŋugbe si Yehowa do be yeava fɔ ame kukuwo ɖe tsitre le etsɔme dzi, elabe míenya be edi be yeafɔ wo ɖe tsitre, eye ate ŋui hã. Susu bubu si ta míate ŋu aka ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodo ma dzie nye be, efɔ amewo ɖe tsitre kpɔ. Le blemaa, ezã nuteƒewɔla ʋɛ aɖewo kple Yesu wofɔ amewo ɖe tsitre. w23.04 9-10 ¶7-9
Braɖa, December 2
Mina miaƒe nya nadze to ɣesiaɣi, eye dze nanɔ eme.—Kol. 4:6.
Ne míeƒo nu na amewo le ŋuɖɔɖo kple tufafa mea, woalɔ̃ faa be míaɖo dze kpli yewo eye woaɖo to mí. Gake ne ɖeko amea di be yeahe nya kpli mí alo aɖu fewu le mía ŋua, mehiã be míayi dzeɖoɖoa dzi o. (Lod. 26:4) Ke hã, menye amewo katãe awɔ nu alea o; wo dometɔ geɖe adi be yewoaɖo to. Nyateƒee, eɖea vi geɖe ne míesrɔ̃ ale si míafa tu. Eya ta ne wohe nya ɖe mía ŋu alo bia nya sesẽwo mí ku ɖe míaƒe dzixɔsewo ŋua, ele be míado gbe ɖa na Yehowa be wòado ŋusẽ mí míaɖo nya ŋu le tufafa me. Ðo ŋku edzi be ne èwɔ nu le tufafa mea, màva nɔ nya hem kpli wo ne nyaa nagblẽ ɖe edzi o. Ne míede bubu amewo ŋu eye míeɖo nya ŋu le tufafa mea, ate ŋu ana ale si wo dometɔ aɖewo bua Ðasefowo kple Biblia me nyateƒea natrɔ. Eya ta ‘nɔ dzadzraɖoɖi ɣesiaɣi be nàʋli’ wò dzixɔsewo ta, gake ‘nàwɔe le tufafa kple bubu deto me.’ (1 Pet. 3:15) Neva eme be nàɖoe kplikpaa be yeafa tu ɣesiaɣi! w23.09 19 ¶18-19
Kuɖa, December 3
Mido . . . dzigbɔgbɔ blewu.—Kol. 3:12.
Nu ene aɖewo ɖea dzesi le ame si gbɔa dzi ɖi ŋu. Gbãtɔ, ame si gbɔa dzi ɖi medoa dziku kabakaba o. Eléa eɖokui ne amewo do dziku nɛ eye mewɔa wɔɖenui o. Ewɔa nu ɖe amewo ŋu nyuie ne nu te ɖe edzi gɔ̃ hã. (2 Mose 34:6) Evelia, ame si gbɔa dzi ɖi tea ŋu ɖea dzi ɖi lalana. Eye ne nu si lalam wòle xɔ ɣeyiɣi wu ale si wòkpɔ mɔe hãa, metsia dzodzodzoe alo doa dziku o. (Mat. 18:26, 27) Etɔ̃lia, ame si gbɔa dzi ɖi mewɔa nu dzitsitsitɔe o. Ne ehiã be ame si gbɔa dzi ɖi nawɔ dɔ vevi aɖea, metsɔa dzitsitsi dzea egɔme o; nenema kee mewɔnɛ kple dzitsitsi be yeawu enu kaba o. Ke boŋ edia ɣeyiɣi wɔa ɖoɖo ɖe ale si wòawɔ dɔae ŋu. Esia wɔnɛ be wògbɔa dzi ɖi wɔa dɔa nyuie. Enelia, ame si gbɔa dzi ɖi kua kutri nɔa te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu eye metoa nyatoƒoe o. Eyia edzi doa dzi eye wòsubɔa Yehowa kple dzidzɔ. (Kol. 1:11) Ele be dzigbɔɖi ƒe akpa ene siawo katã nadze le mí Yehowa subɔlawo ŋu. w23.08 20-21 ¶3-6
Yawoɖa, December 4
Yehowae dzroa dziwo me kpɔna.—Lod. 17:3.
Susu vevi si tae wòle be míakpɔ míaƒe kpɔɖeŋudzia tae nye be, Yehowa dzroa dzia me kpɔna. Esia fia be ekpɔa nu yia ŋgɔ wu ale si míele dzedzem le amewo ŋkume eye wòkpɔa ame si míenye ŋutɔŋutɔ le ememe. Yehowa alɔ̃ mí ne míena eƒe aɖaŋuɖoɖo siwo ana míanɔ agbe tegbeea yɔ míaƒe dzi me fũu. (Yoh. 4:14) Ne míewɔe alea, Satana ƒe alakpanyawo kple agbe ƒaƒã nɔnɔ si bɔ ɖe xexea me magblẽ nu le mía ŋu gbeɖe o. (1 Yoh. 5:18, 19) Ne míeyi edzi te ɖe Yehowa ŋua, míava lɔ̃e ɖe edzi eye míade bubu geɖe eŋu. Esi míedi gbeɖe be míawɔ nu wòave mía Fofo la o taa, nu vɔ̃ ŋu bubu ɖeɖe dzaa anyɔ ŋu na mí. Nɔvinyɔnu Marta si le Croatia ɖo nɔnɔme aɖe me si ate ŋu ana wòaƒo eɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me. Egblɔ be: “Menɔ bɔbɔe nam be mabu nuwo ŋu nyuie eye mawɔ avu kple dzodzro vɔ̃ ma o. Gake Yehowa vɔvɔ̃ kpɔ tanye.” Aleke mawuvɔvɔ̃ kpɔ Marta tae? Egblɔ be yede ŋugble le nu si gbegbe wòagblẽ ne yeƒo ye ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me ŋu. Míawo hã míate ŋu awɔe nenema. w23.06 20-21 ¶3-4
Fiɖa, December 5
“Ne mekɔ ɖokuinye ŋu le mia dome le wo ŋkume la, ekema dukɔwo adze sii be nyee nye Yehowa,” Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ye gblɔe.—Eze. 36:23.
Yesu nyae be Yehowa ƒe tameɖoɖoe nye be yeakɔ yeƒe ŋkɔa ŋu tso vlodoame ɖe sia ɖe me. Esia tae míaƒe Aƒetɔ Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa be: “Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.” (Mat. 6:9) Yesu nya be ye Fofo ƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔe nye nya vevitɔ si le toa me. Le Yehowa ƒe nuwɔwɔwo katã domea, Yesue nye ame si kɔ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu wu ame bubu ɖe sia ɖe. Gake esi futɔwo va lée la, nya kae wotsɔ ɖe eŋu? Wobe egblɔ busunya! Yesu nya nyuie be enye nu vɔ̃ gã be ame nagblɔ busunya ɖe ye Fofo ƒe ŋkɔ kɔkɔea ŋu. Eya ta ete ɖe edzi vevie be wotsɔ nya ma le ye nu tsom. Anye susu ma koŋ tae le gaƒoƒo si do ŋgɔ hafi woalée mea, ‘wòxa nu vevie’ ɖo.—Luka 22:41-44. w24.02 11 ¶11
Memleɖa, December 6
Nunyae wotsɔna tua xɔe.—Lod. 24:3.
Le agbedu si ƒum míele mea, ele be míalɔ̃ Yehowa kple Yesu wu míaƒe ƒometɔwo. (Mat. 10:37) Gake esia mefia be míaɖe ta le míaƒe ƒomegbanɔamedziwo te o. Le nyateƒe mea, hafi míaƒe nu nadze Mawu kple Kristo ŋua, ele be míatsɔ agba siwo le mía dzi le ƒomea me. (1 Tim. 5:4, 8) Ne míewɔe alea, míakpɔ dzidzɔ. Yehowa ŋutɔe ɖoe alea, elabe enya be ne atsu kple asi lɔ̃ wo nɔewo eye wodea bubu wo nɔewo ŋu, ne dzilawo lɔ̃ wo viwo hemlaa wo, eye ɖeviwo ɖoa to wo dzilawoa, dzidzɔ anɔ ƒomea me. (Ef. 5:33; 6:1, 4) Èɖanye srɔ̃ŋutsu, srɔ̃nyɔnu, alo ɖevi o, ka ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi. Mègawɔ nu si wò ŋutɔ nèsusu o, nenema kee mègawɔ nu si wɔm ame akpa gãtɔ le alo nu si yeaɖi nunyalawo gblɔ dzi o. Àkpɔ aɖaŋuɖoɖo nyui geɖe le míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo me siwo akpe ɖe ŋuwò nàwɔ Biblia me gɔmeɖosewo ŋu dɔ nyuie. w23.08 28 ¶6-7
Kwasiɖa, December 7
Xlẽe kple gbe blewu zã kple keli, be nàwɔ nu siwo katã woŋlɔ ɖe eme la dzi pɛpɛpɛ; ekema wò mɔwo adze edzi na wò, eye àwɔ nu le nunya me.—Yos. 1:8.
Ehiã be nyɔnu Kristotɔ natu ŋutete vevi aɖewo ɖo. Ne nyɔnuvi srɔ̃ nu vevi aɖewo wɔwɔ tso eƒe ɖevime kea, aɖe vi nɛ le eƒe agbe me katã. Le kpɔɖeŋu me, srɔ̃ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ nyuie. Le teƒe aɖewoa, womekpɔnɛ be ehiã be nyɔnu nasrɔ̃ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ o. Gake ehiã eye wòle vevie be Kristotɔ ɖe sia ɖe nanya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ. (1 Tim. 4:13) Eya ta dze agbagba nàsrɔ̃ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ, ne esia wɔwɔ sesẽ na wò gɔ̃ hã. Aleke wòaɖe vi na wòe? Ne ènya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔa, àte ŋu akpɔ dɔ aɖewo awɔ. Azɔ hã, ana ale si nèsrɔ̃a Biblia kple ale si nèfiaa nui naganyo ɖe edzi. Vevietɔ wua, Biblia xexlẽ kple ŋugbledede le eŋu ana nàgate ɖe Yehowa ŋu geɖe wu.—1 Tim. 4:15. w23.12 20-21 ¶10-11
Dzoɖa, December 8
Yehowa nya ale si wòaɖe ame siwo tsɔ wo ɖokui na Mawu la tso tetekpɔ me.—2 Pet. 2:9.
Bia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàɖu tetekpɔ dzi. Esi míede blibo o taa, ele be míaku kutri vevie ɣesiaɣi be míaɖu didi si nɔa mía me be míawɔ nu si mesɔ oa dzi. Gake vɔ̃ɖitɔe la, Satana le agbagba dzem be esia wɔwɔ nasesẽ na mí. Edzea agbagba be yeato modzakaɖeɖe siwo mesɔ o dzi be yeakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nuŋububu dzi. Modzakaɖeɖe mawo ate ŋu ana míaƒo ɖi le Yehowa ŋkume eye woate ŋu awɔe hã be míawɔ nu vɔ̃ siwo nye ŋkubiãnya gɔ̃ hã. (Marko 7:21-23; Yak. 1:14, 15) Hafi míate ŋu aɖu tetekpɔ dzia, míehiã na Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu. Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa be: “Mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o, ke ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me.” (Mat. 6:13) Togbɔ be Yehowa di vevie be yeakpe ɖe mía ŋu hãa, ehiã be míawo ŋutɔwo míabiae. Eyome, ele be míaƒo asa na nu siwo akplɔ mí ade nu vɔ̃ wɔwɔ me. w23.05 6-7 ¶15-17
Braɖa, December 9
Ka etɔ̃ si wogbi mate ŋu atso bɔbɔe o.—Nyagb. 4:12.
Ne atsu kple asi de asixɔxɔ ƒomedodo si le woa kple wo Fofo si le dziƒo dome ŋua, ana woalɔ̃ faa be yewoawɔ ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖo dzi, eye esia ana be woaƒo asa na kuxi siwo ate ŋu awɔe be woƒe lɔlɔ̃ na wo nɔewo nu natsi. Ame siwo dea asixɔxɔ ƒomedodo si le wo kple Yehowa dome ŋua dzea agbagba be yewoasrɔ̃ eyama eye yewoaɖe eƒe dɔmenyonyo, dzigbɔɖi, tsɔtsɔke kple nɔnɔme bubuawo afia. (Ef. 4:32–5:1) Ne atsu kple asi ɖea nɔnɔme siawo fiaa wo nɔewoa, anɔ bɔbɔe be woƒe lɔlɔ̃ nagba go. Nɔvinyɔnu Lena si ɖe srɔ̃ ƒe 25 kple edzivɔe nye esia gblɔ be: “Ele bɔbɔe be nàlɔ̃ ame aɖe si lɔ̃ Yehowa eye nàde bubu eŋu.” Le kpɔɖeŋu me, esi wòva hiã be Yehowa natia ame siwo anye Mesia la dzilawoa, Yosef kple Mariae wòtia le David ƒe dzidzimevi gbogboawo dome. Nu ka tae? Elabe ƒomedodo kplikplikpli le wo ame evea siaa kple Yehowa dome. Eka ɖe edzi be woayi edzi alɔ̃ ye eye woatsɔ ye aɖo nɔƒe gbãtɔ le woƒe srɔ̃ɖeɖea me. w23.05 20-21 ¶3-4
Kuɖa, December 10
Miɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm le mia dome la.—Heb. 13:17.
Togbɔ be mía Kplɔla, Yesu de blibo hãa, ame siwo zãm wòle be woaxɔ ŋgɔ na mí le anyigba dzi ya mede blibo o. Ate ŋu asesẽ na mí be míaɖo to wo, vevietɔ ne wobia tso mía si be míawɔ nane si míekpɔ be mesɔ na mí o. Ɣeaɖeɣi wona mɔfiame aɖe apostolo Petro, gake medi be yeawɔ ɖe edzi o. Mawudɔla aɖe bia tso Petro si be wòaɖu lã aɖe si wobua lã makɔmakɔ le Mose ƒe Sea te, gake Petro gbe, menye zi ɖeka o, ke boŋ zi etɔ̃ sɔŋ! (Dɔw. 10:9-16) Nu ka tae? Esusui be mɔfiame yeyea mesɔ o. Apostolo Paulo ya ɖo to esime Kristotɔ tsitsi siwo le Yerusalem bia tso esi be wòakplɔ ŋutsu ene ne woayi gbedoxɔa me aɖakɔ wo ɖokuiwo ŋu wòafia be ele wɔwɔm ɖe Mose ƒe Sea dzi. Paulo medze agɔ aɖeke o elabe enyae be Kristotɔwo megale Mose ƒe Sea te o. Ke hã elɔ̃ faa wɔ ɖe mɔfiamea dzi. “Esi ŋu ke la, Paulo kplɔ ŋutsuawo kpe ɖe eɖokui ŋu, eye eya kpli wo wokɔ wo ɖokuiwo ŋu le kɔa nu.” (Dɔw. 21:23, 24, 26) Paulo ƒe toɖoɖoa na nɔviawo gawɔ ɖeka ɖe edzi.—Rom. 14:19, 21. w23.10 10 ¶15-16
Yawoɖa, December 11
Tsi metoa Yehowa kple ame siwo vɔ̃nɛ la dome o.—Ps. 25:14.
Ne wobia wò be nɔnɔme kae wòle be xɔlɔ̃wo naɖe afia ale be wo dome nakpɔtɔ anɔ kplikplikpli hã la, ɖewohĩ wò susu mayi vɔvɔ̃ dzi o. Gake ele be ame siwo di be yewo kple Yehowa dome nanɔ kplikplikplia ‘navɔ̃e.’ Ɣeyiɣi didi ka kee míele Yehowa subɔm o, ele be mí katã míayi edzi avɔ̃e. Ke nu kae wòfia be míavɔ̃ Mawu? Ame si vɔ̃a Mawu le mɔ nyuitɔ nua lɔ̃nɛ eye medina be yeawɔ naneke si agblẽ ye kplii dome o. “Mawuvɔvɔ̃” sia tɔgbie nɔ Yesu hã me. (Heb. 5:7) Mevɔ̃ Yehowa abe nu dziŋɔ aɖee wònye ene o. (Yes. 11:2, 3) Ke boŋ elɔ̃ Yehowa vevie eye wòdi be yeaɖo toe. (Yoh. 14:21, 31) Abe Yesu enea, míedea bubu gã Yehowa ŋu eye míesinɛ ɖa elabe enye Mawu lɔ̃ame, eƒe nunya ƒo ɖe sia ɖe ta, elɔ̃a dzɔdzɔenyenye, eye ŋusẽ le esi. Míenyae nyuie be Yehowa lɔ̃ mí, eye etsɔa ɖe le ale si míewɔna ɖe eƒe nudidiwo dzi me. Ne míeɖo to Yehowaa, ekpɔa dzidzɔ, gake ne mímeɖo toe oa, etena ɖe edzi.—Ps. 78:41; Lod. 27:11. w23.06 14 ¶1-2; 15 ¶5
Fiɖa, December 12
Esi ŋusẽ nya ɖo eŋu ko la, eƒe dzi de asi dada me eye wòhe vɔ̃ va eɖokui dzi, mewɔ nuteƒe na Yehowa. . . . o.—2 Kron. 26:16.
Esi nu dze edzi na Fia Uziya la, eva ŋlɔ Yehowa, ame si na ŋusẽ ɖo eŋu eye nu dze edzi nɛa be. Nu kae míesrɔ̃? Ele be míaɖo ŋku edzi be Yehowa gbɔe subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ siwo su mía si kple nu siwo katã le mía si le agbe mea tso. Eya ta mele be míatsɔ nu siwo míete ŋu wɔ anɔ adegbe ƒom o, ke boŋ míatsɔ wo ŋuti kafukafua katã ana Yehowa. (1 Kor. 4:7) Ele be míabɔbɔ mía ɖokui alɔ̃ ɖe edzi be míede blibo o, eye míehiã na ɖɔɖɔɖo. Nɔviŋutsu aɖe si le eƒe ƒe 60-awo me gblɔ be: “Medzea agbagba be magado dziku alo ana dzi naɖe le ƒonye ne amewo de dzesi nye vodadawo o. Ne mewɔ nane si mesɔ o eye woɖɔm ɖoa, mewɔa tɔtrɔ siwo hiã be nye nu nadze Yehowa ŋu.” Nya lae nye be ne míebɔbɔa mía ɖokui eye míeɖoa to Yehowa la, eme anyo na mí.—Lod. 22:4. w23.09 10 ¶10-11
Memleɖa, December 13
Ehiã be miado dzi, ale be ne miewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu vɔ la, miaƒe asi nasu ŋugbedodo la dzi.—Heb. 10:36.
Ehiã be Kristotɔ gbãtɔwo nado dzi. Woto kuxi siwo me ame akpa gãtɔ siwo nɔ anyi le woƒe ɣeyiɣia me toa me. Eye esi wonye Kristotɔwo taa, wogato kuxi bubuwo hã me. Le kpɔɖeŋu me, Yuda subɔsubɔhakplɔlawo, Roma dziɖuɖua, kple woawo ŋutɔwo ƒe ƒometɔwo ti wo yome. (Mat. 10:21) Eye le hamea me gɔ̃ hãa, ehiã be woaku kutri vevie be xɔsegbela siwo le agbagba dzem vevie be yewoato yewoƒe nufiafia dzi ade mama hamea mea nagakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o. (Dɔw. 20:29, 30) Togbɔ be enɔ nenema hãa, Kristotɔ mawo do dzi. (Nyaɖ. 2:3) Nu kae kpe ɖe wo ŋu? Wode ŋugble le Hiob kple ame siwo ŋu Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tsoe be wodo dzia ƒe kpɔɖeŋuwo ŋu. (Yak. 5:10, 11) Wodo gbe ɖa be Mawu nado ŋusẽ yewo. (Dɔw. 4:29-31) Woƒe susu nɔ ale si Yehowa aɖo eteƒe na wo ne wodo dzia ŋu. (Dɔw. 5:41) Míawo hã míate ŋu axlẽ nu tso dzidodo ƒe kpɔɖeŋu siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe kple esiwo le míaƒe agbalẽwo mea ŋu eye míade ŋugble le wo ŋu. w23.07 3 ¶5-6
Kwasiɖa, December 14
Eya ta miyi edzi mianɔ Fiaɖuƒe la kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dim gbã, eye woatsɔ nu bubu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.—Mat. 6:33.
Yehowa kple Yesu magblẽ mí ɖi o. Esi apostolo Petro gbe nu le Yesu gbɔa, nyametsotso vevi aɖe dze ŋgɔe; ‘Ðe wòana taa? Alo ɖe wòayi edzi anye Yesu ƒe nusrɔ̃la?’ Yesu ɖe kuku na Yehowa ɖe Petro ta be eƒe xɔse nu nagatsi o. Yesu gblɔ na Petro be yedo gbe ɖa ɖe eta eye yeka ɖe edzi be ado ŋusẽ nɔviawo hã. (Luka 22:31, 32) Ŋkuɖoɖo nya siwo Yesu gblɔ nɛ dzi anya do ŋusẽe ŋutɔ! Ne eva hiã be míatso nya me le nya vevi aɖe ŋua, Yehowa ate ŋu ato hamemetsitsiwo dzi akpe ɖe mía ŋu míayi edzi awɔ nuteƒe. (Ef. 4:8, 11) Ale si ko Yehowa kpɔ Petro kple apostolo mamlɛawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na woa, nenema kee wòakpɔ míawo hã míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí, ne míena esubɔsubɔ nye nu vevitɔ na mí. w23.09 24-25 ¶14-15
Dzoɖa, December 15
Ame si vea ame dahe nu la le nu dom na Yehowa, eye aɖo nu si wòwɔ la teƒe nɛ.—Lod. 19:17.
Yehowa dea dzesi dɔmenyonu ɖe sia ɖe si míewɔna na amewo, aleke kee wòɖale sue o gɔ̃ hã. Yehowa bua dɔmenyonuwɔna siawo be wonye fe yenyi le mía ŋu kple vɔsa siwo dzea ye ŋu, eye edo ŋugbe be yeaɖo eteƒe. Ne ènye subɔsubɔdɔwɔla alo hamemetsitsi tsãa, Yehowa ɖoa ŋku dɔ siwo nèwɔ nɛ kple lɔlɔ̃ si nèɖe fia dzi. (1 Kor. 15:58) Eye ekpɔa ale si nèyi edzi le nɔviawo lɔ̃mee. Yehowa di be mí katã míadze agbagba alɔ̃ ye kple mía nɔviwo geɖe wu. Ne míesrɔ̃a Mawu ƒe Nyaa edziedzi, míedea ŋugble le eŋu, eye míedoa gbe ɖa edziedzia, ana míagalɔ̃ Yehowa ɖe edzi. Ne míekpena ɖe mía nɔviwo ŋua, esia awɔe be míagalɔ̃ wo ɖe edzi. Ne míeva lɔ̃ Yehowa kple mía nɔviwo geɖe wua, awɔe be mía kpli wo dome anɔ kplikplikpli. Eye míanye wo xɔlɔ̃ tegbee! w23.07 10 ¶11; 11 ¶13; 13 ¶18
Braɖa, December 16
Ame sia ame atsɔ eya ŋutɔ ƒe agba.—Gal. 6:5.
Ele be Kristotɔ ɖe sia ɖe ŋutɔ natso nya me le dɔdamɔnu si asɔ nɛ ŋu. Ne Kristotɔ aɖe tia dɔdamɔnu aɖea, ele be wòakpɔ egbɔ be yewɔ ɖe Biblia ƒe se si nye be míatsri ʋu kple gbɔgbɔyɔyɔa dzi. (Dɔw. 15:20; Gal. 5:19, 20) Gake le nya bubu siwo ku ɖe dɔdamɔnuwo ŋu gomea, ame ŋutɔe atso nya me le nu si wòawɔ ŋu. Aleke kee míeɖase le mía ɖokui me tso dɔdamɔnu aɖe ŋu o, ele be míade bubu tiatia siwo mía nɔviwo wɔa ŋu. Eye nya vevi siawo nanɔ susu me na mí: (1) Mawu Fiaɖuƒea koe ate ŋu ana míanɔ lãmesẽ deblibo me. (Yes. 33:24) (2) Ele be Kristotɔ ɖe sia ɖe nakpɔ egbɔ be tiatia si yewɔe nye nyuitɔ. (Rom. 14:5) (3) Mele be míadrɔ̃ ʋɔnu amewo le nyametsotso si wowɔ ta o, eye mele be míawɔ naneke si aɖia wo nu o. (Rom. 14:13) (4) Kristotɔwo ɖea lɔlɔ̃ fiana, eye wosea egɔme be hamea ƒe ŋutifafa le vevie wu ame ŋutɔ ƒe susu.—Rom. 14:15, 19, 20. w23.07 24 ¶15
Kuɖa, December 17
Ame kɔkɔe wònye na Yehowa le ŋkeke siwo katã me wònye Naziritɔ.—4 Mose 6:8.
Ðe nèlɔ̃ Yehowa veviea? Anɔ eme be èlɔ̃e! Tso blema kea, ame geɖe ɖee fia be yewolɔ̃ Yehowa, abe wò ke ene. (Ps. 104:33, 34) Wo dometɔ geɖe tsɔ nuwo sa vɔe ale be yewoate ŋu asubɔe. Nu mae Israel-vi siwo nɔ anyi le blema siwo woyɔ be Naziritɔwo, alo ame siwo ɖe adzɔgbe, la wɔ. Naziritɔ nye Israel-vi dovevienu si tsɔ nanewo sa vɔe ale be yeate ŋu asubɔ Yehowa le mɔ tɔxɛ aɖe nu. Mose ƒe Sea ɖe mɔ be ŋutsu alo nyɔnu ate ŋu aɖe adzɔgbe tɔxɛ be yeazu Naziritɔ hena ɣeyiɣi aɖe. (4 Mose 6:1, 2) Ne Israel-vi aɖe ɖe adzɔgbe sia la, efia be awɔ ɖe se aɖewo siwo dzi Israel-vi susɔeawo mewɔna ɖo o la dzi. Ne nyaa le alea, nu kae aʋã Israel-vi aɖe be wòaɖe adzɔgbe sia? Anɔ eme be ale si amea lɔ̃ Yehowa kple ale si wòkpɔ ŋudzedze ɖe eƒe nunana gbogboawo ŋue aʋãe.—5 Mose 6:5; 16:17. w24.02 14 ¶1-2
Yawoɖa, December 18
Yehowa . . . [vea] ame siwo lɔ̃nɛ kple ame siwo léa eƒe sededewo me ɖe asi la nu.—Daniel 9:4.
Zi geɖe le Biblia mea, wozãa Hebrigbe me nya “nuteƒewɔwɔ,” alo “lɔlɔ̃ si nu metsina o,” wòfiaa kukuɖeameŋu vividoɖeameŋutɔe, eye wozãa nya sia edziedzi tsɔ ɖɔa ale si Mawu lɔ̃a esubɔlawoe. Wogate ŋu zãa nya ma ke tsɔ ɖɔa lɔlɔ̃ si mawusubɔlawo ɖena fiana wo nɔewo. (2 Sam. 9:6, 7) Míaƒe nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃a me gasẽna ɖe edzi ne ɣeyiɣiawo va le yiyim. Mina míakpɔ ale si esia dzɔ le Daniel gomee ɖa. Nu geɖe dzɔ le Daniel ƒe agbe me si do eƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa kpɔ. Gake sesẽtɔwo dometɔ ɖekae nye esi dzɔ le eƒe ƒe 90-awo me. Amegã siwo nɔ Fia Dario ŋu lé fu Daniel, eye womedea bubu Mawu si wòsubɔna hã ŋu o. Eya ta woɖo nugbe be yewoana woawu Daniel. Wona fia la de se si ado Daniel kpɔ nenye be ayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu loo alo awɔ nuteƒe na fiaa. Le se ma ƒe nya nua, efia be Daniel hã nadzudzɔ gbedodoɖa na eƒe Mawu Yehowa ŋkeke 30 sɔŋ, atsɔ aɖee afia be yewɔa nuteƒe na fia la. Daniel ɖoe kplikpaa be yeawɔ nuteƒe na Yehowa.—Dan. 6:12-15, 20-22. w23.08 4-5 ¶10-12
Fiɖa, December 19
Mina míayi edzi alɔ̃ mía nɔewo.—1 Yoh. 4:7.
Yehowa di be míayi edzi alɔ̃ mía nɔviwo vevie. Ne nɔvi Kristotɔ aɖe mewɔ nu ɖe mía ŋu nyuie oa, míate ŋu atsɔe ko be menye ɖe wòɖoe be yeawɔ nu wòave mí o, ke boŋ agbagba ko dzem eya hã le be yeadze Yehowa ŋu. (Lod. 12:18) Mawu lɔ̃a esubɔla wɔnuteƒewo togbɔ be wodaa vo hã. Eya ta megbea nu le mía gbɔ ne míeda vo alo léa mí ɖe dɔme o. (Ps. 103:9) Ðe mele be míawo hã míasrɔ̃ mía Fofo si tsɔna kena faa la atsɔ ake mía nɔviwo oa? (Ef. 4:32–5:1) Mina míaɖo ŋkui be, esi nuwuwua le aƒe tum taa, ele be míana mí kple mía nɔviwo dome nanɔ kplikplikpli. Ate ŋu adzɔ be amewo nati mía yome vevie, alo woalé mí ade gaxɔ me le míaƒe xɔse ta. Ne edzɔ alea, míagahiã mía nɔviwo vevie wu tsã.—Lod. 17:17. w24.03 15-16 ¶6-7
Memleɖa, December 20
Yehowae fiaa afɔɖoƒe ame.—Lod. 20:24.
Biblia ƒo nu tso sɔhɛ siwo wɔ nuteƒe na Yehowa ŋu. Woyi edzi di Yehowa, si wɔe be woƒe nu dze eŋu eye nu dze edzi na wo le agbe me. Wo dometɔ ɖekae nye David. Tso eƒe ɖevime kee wòtiae be yeanye Mawu xɔlɔ̃, eye emegbe eva zu fia si wɔ nuteƒe. (1 Fia. 3:6; 9:4, 5; 14:8) Ne èsrɔ̃ nu tso David ŋua, eƒe kpɔɖeŋua aʋã wò nàyi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa. Àte ŋu asrɔ̃ nu tso Marko alo Timoteo hã ŋu. Wodze Yehowa subɔsubɔ gɔme tso woƒe ɖevime ke eye woyi edzi wɔ nuteƒe nɛ. Esia wɔe be woƒe nu dze Mawu ŋu. Nu siwo wɔm nèle fifiae ana nànya ale si nuwo ava nɔ na wò le etsɔme. Ne èɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu, ke menye ɖe wò ŋutɔ ɖokuiwò ŋu oa, ke akpe ɖe ŋuwò nàtso nya me nyuie. Àte ŋu akpɔ dzidzɔ le agbe me eye wò dzi nadze eme. Ðo ŋku edzi be Yehowa kpɔa dzidzɔ ɖe nu siwo nèwɔna nɛ ŋu. Naneke megale vevie wu be nàtsɔ wò agbe asubɔ mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo la o. w23.09 13 ¶18-19
Kwasiɖa, December 21
Miyi edzi . . . miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa.—Kol. 3:13.
Apostolo Paulo nyae be ye nɔvi Kristotɔwo hã mede blibo o. Le kpɔɖeŋu me, esi wòtrɔ dzi me va zu Kristotɔa, nɔviwo meka ɖe edzi be etrɔ zu yewo nɔvi ŋutɔŋutɔ o. (Dɔw. 9:26) Ƒe aɖewo megbea, nɔvi aɖewo gblɔ alakpanyawo tso eŋu kple susu be hamea me tɔwo nagaka ɖe edzi o. (2 Kor. 10:10) Paulo kpɔ eteƒe nɔvi siwo le ŋgɔ xɔm dometɔ aɖewo wɔ nu siwo ate ŋu aɖia hamea me tɔ aɖewo nu. (Gal. 2:11, 12) Edzɔ gɔ̃ hã be Marko, si nye Paulo ƒe zɔhɛ kplikplikpli, wɔ nu wòte ɖe edzi vevie. (Dɔw. 15:37, 38) Nɔnɔme siawo ate ŋu ana nu nate ɖe Paulo dzi, eye wòadzudzɔ hadede kple nɔvi mawo hafi. Gake mewɔe nenema o. Susu nyui nɔ esi ɖe nɔviawo ŋu, eye wòyi edzi subɔ Yehowa. Nu kae na Paulo medzudzɔ Yehowa subɔsubɔ o? Paulo lɔ̃ nɔviawo vevie. Eya ta etsɔ susu ɖo woƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu, ke menye woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo o. Ale si wòlɔ̃ nɔviawo wɔe hã be, eya ŋutɔ wɔ ɖe nya si wògblɔ le egbe ƒe mawunyakpukpuia me dzi. w24.03 15 ¶4-5
Dzoɖa, December 22
Mele be Aƒetɔ la ƒe kluvi nawɔ dzre o, ke boŋ wòafa tu na amewo katã.—2 Tim. 2:24.
Biblia me kpɔɖeŋu geɖe ɖe ale si gbegbe tufafa le veviea fia. Bu Isak ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Esi wònɔ Filistitɔwo ƒe du si nye Gerar mea, dua me tɔwo ʋã ŋui eye woxe vudo siwo fofoa ƒe subɔviwo ɖe. Isak mewɔ dzre kpli wo o, ke boŋ eʋu yi teƒe bubu eye wòɖe vudo bubuwo ɖe afi ma. (1 Mose 26:12-18) Filistitɔwo gaʋli ema hã kplii be yewo tɔe. Gake Isak wɔ nu le ŋutifafa me. (1 Mose 26:19-25) Nu kae kpe ɖe eŋu wòte ŋu fa tu togbɔ be woɖoe kplikpaa be yewoado dziku nɛ? Esrɔ̃ ale si wòawɔ nu kple amewo le ŋutifafa me tso fofoa Abraham gbɔ, eye wòsrɔ̃ ale si ‘wòafa tu anɔ anyi kpoo’ tso nɔa Sara gbɔ.—1 Pet. 3:4-6; 1 Mose 21:22-34. w23.09 15 ¶4
Braɖa, December 23
Meɖo tame, eye mawɔe hã.—Yes. 46:11.
Yehowa dɔ eƒe Ŋgɔgbevia ɖe anyigba dzi be wòafia nu amewo tso Fiaɖuƒea ŋu eye wòatsɔ eƒe agbe ana wòanye tafe aɖe mí tso nu vɔ̃ kple ku si me. Eyome efɔ Yesu ɖe tsitre yi dziƒo be wòanye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia. Nyati vevi si le Biblia mee nye be Yehowa akɔ eƒe ŋkɔa ŋu eye wòana tame si wòɖo ɖe anyigbaa ŋu nava eme to eƒe Fiaɖuƒea dzi. Naneke mate ŋu atrɔ esia o. Edo ŋugbe be nu sia nu ava eme abe ale si yeɖoe ene. (Yes. 46:10; Heb. 6:17, 18) Madidi o, anyigba azu paradiso, Adam kple Xawa ƒe dzidzimevi siwo nye ame dzɔdzɔewo ade blibo eye ‘woase agbe ƒe vivi tegbee.’ (Ps. 22:26) Gake menye nu siawo koe Yehowa awɔ o. Ana eƒe nuwɔwɔ siwo le dziƒo kple anyigba dzi siaa nawɔ ɖeka eye wo katã woaɖo toe eye woabɔbɔ ɖe eƒe dziɖuɖu te. (Ef. 1:8-11) Ðe ale si Yehowa na eƒe tameɖoɖoa le eme vam mewɔ nuku na wò oa? w23.10 20 ¶7-8
Kuɖa, December 24
“Mido ŋusẽ nu, . . . elabena meli kpli mi,” aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.—Hag. 2:4.
Esi Yudatɔ siwo dzo le Babilon va ɖo Yerusalem la, esesẽ na wo be woakpɔ woƒe ƒomea dzi. Azɔ hã, dukɔ siwo ƒo xlã woa nɔ wo yome tim, eye nuwo menɔ edzi yim nyuie le Persia Fiaɖuƒea me o. Eya ta esesẽ na wo dometɔ aɖewo be woalé fɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ gbugbɔgatudɔa ŋu. Esia ta, Yehowa ɖo nyagblɔɖila eve siwo nye Hagai kple Zakariya be woade dzo yeƒe amewo me, eye esia ɖe vi na wo. (Hag. 1:1; Zak. 1:1) Gake anɔ abe ƒe 50 ene megbea, dzi gaɖe le Yudatɔwo ƒo. Ɣemaɣia, Mawu ƒe Sea gbugbɔŋlɔla bibi Ezra tso Babilon va Yerusalem be yeade dzi ƒo na Mawu ƒe amewo be woagatsɔ dzo ɖe Yehowa ƒe dɔa ŋu. (Ezra 7:1, 6) Ale si ko Hagai kple Zakariya ƒe nyagblɔɖiawo kpe ɖe Mawu ƒe amewo ŋu le blema woyi edzi ka ɖe Yehowa dzi le nɔnɔme sesẽwo mea, nenema kee nyagblɔɖi mawo ana míawo hã míaka ɖe edzi egbea be Yehowa akpe ɖe mía ŋu le nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe me.—Lod. 22:19. w23.11 14-15 ¶2-3
Yawoɖa, December 25
Mido lɔlɔ̃, elabena enye ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo.—Kol. 3:14.
Aleke míawɔ mía nɔviwo nakpɔe be míelɔ̃ yewo? Mɔ ɖekae nye be míanɔ akɔ fam na wo. Ne míesea veve ɖe mía nɔviwo nua, aʋã mí be míayi edzi anɔ ‘akɔ fam na wo.’ (1 Tes. 4:18) Aleke míawɔ be lɔlɔ̃ si le mía si na mía nɔviwo nasẽ ɖe edzi? Eyae nye be míadze agbagba ɖe sia ɖe atsɔ woƒe vodadawo anɔ wo kem. Nu ka tae wòle vevie fifia be míana mía nɔviwo nakpɔe be míelɔ̃ yewo? Petro ɖo eŋu na mí esi wògblɔ be: “Nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ. Eya ta, . . . milɔ̃ mia nɔewo vevie.” (1 Pet. 4:7, 8) Esi xexe vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu tu aƒe geɖe wua, nu kawoe míanɔ mɔ kpɔm na? Yesu gblɔ tso eyomedzelawo ŋu be: “Dukɔwo katã alé fu mi le nye ŋkɔ la ta.” (Mat. 24:9) Be míanɔ te ɖe woƒe fulélea nua, ele vevie be míawɔ ɖeka. Esia awɔe be Satana mate ŋu ade mama mía me o, elabe lɔlɔ̃ te mí ƒo ƒui.—Flp. 2:1, 2. w23.11 13 ¶18-19
Fiɖa, December 26
Mawu ƒe hadɔwɔlawo míenye.—1 Kor. 3:9.
Ŋusẽ le nyateƒenya siwo le Mawu ƒe Nyaa me ŋu. Ne míefia nu amewo eye wova nya ame si tututu Yehowa nyea, nu nyui geɖe dona tsoa eme. Vivivia, woƒe ŋku dzi va kɔna, wova dea dzesi Satana ƒe alakpanyawo eye wova kpɔa mía Fofo si le dziƒo ƒe nɔnɔme nyuiwo dzea sii. Ewɔa nuku na wo ne wova se egɔme be seɖoƒe meli na Yehowa ƒe ŋusẽ o. (Yes. 40:26) Wova ɖoa ŋu ɖe eŋu, elabe eƒe mɔwo katã dzɔ. (5 Mose 32:4) Eƒe nunya goglo la wɔa dɔ ɖe wo dzi. (Yes. 55:9; Rom. 11:33) Eye woƒe dzi dzea eme ne wova srɔ̃e be Mawu nye lɔlɔ̃. (1 Yoh. 4:8) Ne wole tetem ɖe Yehowa ŋua, mɔkpɔkpɔ si le wo si be yewoava nɔ agbe tegbee la me gasẽna ɖe edzi. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖe ŋutɔe su mía si be míakpe ɖe amewo ŋu woate ɖe mía Fofo si le dziƒo ŋu. Ne míewɔe alea, Yehowa abu mí be míenye yeƒe “hadɔwɔlawo.”—1 Kor. 3:5. w24.02 12 ¶15
Memleɖa, December 27
Ne mèɖe adzɔgbe o la, enyo wu be nàɖe adzɔgbe, gake màwɔ edzi o.—Nyagb. 5:5.
Ne Biblia nusrɔ̃vie nènye alo dziwòlawo nye Yehowa Ðasefowo la, ɖe nèle nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu buma? Ne èle eŋu bum la, ke taɖodzinu nyui aɖee nye ema. Gake hafi nàxɔ nyɔnyrɔa, ele be nàɖe adzɔgbe na Yehowa. Aleke nàɖe adzɔgbe na Yehowae? Eyae nye be nàdo gbe ɖa ado ŋugbe nɛ be yeasubɔ eya ɖeka ko eye yeatsɔ eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me. Le nyateƒe mea, èle ŋugbe dom na Yehowa be yealɔ̃e kple “wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo, wò tamesusu blibo kple wò ŋusẽ blibo.” (Marko 12:30) Wò kple Yehowa ɖeɖe domee adzɔgbeɖeɖe sia le. Gake nyɔnyrɔxɔxɔ ya nye dutoƒonuwɔna; enana amewo kpɔnɛ be èɖe adzɔgbe na Yehowa. Ne èɖe adzɔgbea, ke ŋugbee nye ma nèdo na Yehowa eye ele mɔ kpɔm be nàwɔ ɖe edzi, eya ta ɖoe kplikpaa nàwɔ ɖe edzi.—Nyagb. 5:4. w24.03 2 ¶2; 3 ¶5
Kwasiɖa, December 28
Srɔ̃ŋutsu ɖe sia ɖe nalɔ̃ srɔ̃a abe ale si wòlɔ̃a eɖokui ene; ke srɔ̃nyɔnu hã nade bubu deto srɔ̃a ŋu.—Ef. 5:33.
Kuxi megbea srɔ̃ɖeɖe aɖeke me nɔnɔ o. Biblia na eme kɔ ƒãa be srɔ̃tɔwo “akpɔ xaxa le ŋutilã me.” (1 Kor. 7:28) Nu ka tae? Elabe ame eve siwo mede blibo o, siwo tso teƒe vovovowo eye wolɔ̃ nu vovovowo ye va wɔ ɖeka zu srɔ̃tɔwo. Ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, woava de dzesi nɔnɔme aɖewo le wo nɔewo ŋu siwo womenya tsã o, eye esia ate ŋu awɔe be womase nu gɔme na wo nɔewo ɣeaɖewoɣi o. Ne edzɔ alea, ele be srɔ̃tɔawo dometɔ ɖe sia ɖe nade dzesi vodadaa ƒe akpa si tso egbɔ, ale be woate ŋu akpɔ nyaa gbɔ. Gake nublanuitɔe la, ɖe wova nɔa asi fiam wo nɔewo boŋ, eye ɖewo va bua kaklã alo srɔ̃gbegbe gɔ̃ hã be eyae akpɔ kuxia gbɔ. Gake emae akpɔ kuxia gbɔ nyateƒea? Ao. Yehowa di be atsu kple asi naku ɖe wo nɔewo ŋu ne ame ɖeka ƒe nya me sẽ ŋutɔ gɔ̃ hã. w24.03 16 ¶8; 17 ¶11
Dzoɖa, December 29
Mɔkpɔkpɔ menana ame ɖua ŋukpe o.—Rom. 5:5.
Le wò nyɔnyrɔxɔxɔ megbea, èva nya Yehowa nyuie wu eye nèva lɔ̃e ɖe edzi. Esia wɔe be mɔkpɔkpɔ si le asiwò be yeava nɔ agbe tegbee le paradiso me le anyigba dzi la me gasẽ ɖe edzi. (Heb. 5:13–6:1) Ànya to nɔnɔme siwo ŋu woƒo nu tsoe le Romatɔwo 5:2-4 me kpɔ. Xaxa vovovowo va dziwò, gake èdo dzi eye ède dzesii be Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu. Esi nènya be Mawu lɔ̃ wò eye wò nu dzea eŋu taa, ègaka ɖe edzi geɖe wu be awɔ ŋugbe siwo wòdoa dzi. Esia wɔe be wò mɔkpɔkpɔa me gasẽ wu ale si wònɔ tsã. Eva zu nu ŋutɔŋutɔ si nèle mɔ kpɔm na vevie eye wòkpɔa ŋusẽ ɖe wò agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa dzi; ale si nèwɔa nu ɖe wò ƒometɔwo ŋu, ale si nètsoa nya me, kple ale si nèzãa wò ɣeyiɣi gɔ̃ hã dzi. Fifia esi nède dzesii be Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe ŋuwòa, mɔkpɔkpɔ si le asiwòa va le etɔxɛ. Apostolo Paulo ka ɖe edzi na wò be wò mɔkpɔkpɔa ava eme.—Rom. 15:13. w23.12 12-13 ¶16-19
Braɖa, December 30
[Yehowa] ana mianɔ te sesĩe.—1 Pet. 5:10.
Ne míele xaxa sesẽ aɖe me toma, etea ŋu dzɔna be míaƒe seselelãmewo, nuŋububu kple nuwɔnawo trɔna. Míaƒe seselelãmewo tea ŋu nɔna abe tɔdziʋu aɖe si ƒutsotsoewo le nyamam ene. Etea ŋu trɔna kabakaba. Aleke Yehowa kpena ɖe mía ŋu ne seselelãme siawo tɔgbi ɖea fu na mí? Eka ɖe edzi na mí be yeana míanɔ te sesĩe. Ne ahom tua, enɔa tɔdziʋu nyamam. Be woalé esia nua, wode nane tɔdziʋu geɖe gɔme be wòana tɔdziʋua nanɔ te ɖe ahom nu. Esia wɔnɛ be tɔdziʋua me nɔlawo nɔa dedie wu eye mɔzɔzɔa yina nyuie. Ke hã, nu si wode tɔdziʋua gɔme be wòate ŋu anɔ tea awɔ dɔ nyuie wu ne tɔdziʋua le zɔ ɖem. Le mɔ ma ke nua, Yehowa ana míanɔ te sesĩe le xaxaɣiwo ne míeyi edzi subɔe nuteƒewɔwɔtɔe. w24.01 22 ¶7-8
Kuɖa, December 31
Mawu ŋue meɖoa dzi ɖo; nyemavɔ̃ o.—Ps. 56:4.
Ne vɔvɔ̃ ɖo wòa, bia ɖokuiwò be: ‘Nu kawoe Yehowa wɔ xoxo?’ De ŋugble le eƒe nuwɔwɔwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne ‘míelé ŋku ɖe’ dziƒoxewo kple seƒoƒowo ŋua, míekpɔnɛ be Yehowa léa be na wo, evɔ mewɔ wo ɖe eƒe nɔnɔme nu o eye womate ŋu asubɔe hã o. Ŋugbledede alea ana míagaka ɖe edzi geɖe wu be Yehowa alé be na mí. (Mat. 6:25-32) De ŋugble le nu siwo Yehowa wɔ na esubɔlawo va yi hã ŋu. Àte ŋu asrɔ̃ nu tso nuteƒewɔla aɖe si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me ŋu, alo nàxlẽ Yehowa subɔla siwo li egbea dometɔ aɖe ƒe ŋutinya. Azɔ hã, de ŋugble le ale si Yehowa kpe ɖe ŋuwò va yi ŋu. Aleke wòkpe ɖe ŋuwò nèva nya nyateƒea? (Yoh. 6:44) Aleke wòɖo wò gbedodoɖawo ŋui? (1 Yoh. 5:14) Aleke Via malɔ̃nugbɔa ƒe vɔsa le vi ɖem na wòe?—Ef. 1:7; Heb. 4:14-16. w24.01 4 ¶6; 7 ¶17