INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Wòe Zɔ
Esia nye dɔwɔnu siwo wotsɔ wɔa numekuku le Yehowa Ɖasefowo ƒe agbalẽwo me le gbe vovovowo me.
Ne èdi be yeawɔ agbalẽwo ƒe kɔpi la, taflatsɛ yi ɖe jw.org.
Gbeƒãɖeɖe
Gbegbɔgblɔ bubuwo va kpee: Betsimisaraka (Northern), Betsimisaraka (Southern), Konkomba, Matses, Mi'kmaq
  • Egbe

Braɖa, October 14

Wogblẽ Yehowa. . . . ƒe aƒe la ɖi.—2 Kron. 24:18.

Nu vevi aɖe si míate ŋu asrɔ̃ tso Fia Yehoas ƒe ŋutinyaa mee nye be ele be míadze xɔlɔ̃ ame siwo lɔ̃ Yehowa eye wowɔa nu si wòdi, elabe woakpe ɖe mía ŋu míawɔ nu nyui. Menye mía hatiwo ɖeɖe koe míade ha kple o, ke ele be míalɔ̃ faa adze xɔlɔ̃ ame siwo tsi wu mí alo ame siwo míetsi wu hã. Ðo ŋku edzi be Yehoyada dze xɔ̃ Yehoas eye wòkpe ɖe eŋu wòlɔ̃ Yehowa togbɔ be etsi wui sãsãsã gɔ̃ hã. Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe ame siwo nye xɔ̃nyewo kpena ɖe ŋunye be malɔ̃ Yehowa ɖe edzia? Ðe wodea dzi ƒo nam be mawɔ Mawu ƒe sewo dzia? Ðe woɖoa dze tso Yehowa kple nu si wosrɔ̃ le Biblia me ŋua? Ðe wowɔna ɖe Mawu ƒe sewo dzia? Ne mewɔ nane si mesɔ oa, ɖe woɖoa aɖaŋu nama?’ (Lod. 27:​5, 6, 17) Le nyateƒe mea, ne xɔ̃wòwo melɔ̃ Yehowa oa, ke mègade ha kpli wo o. Gake ne xɔ̃wòwo lɔ̃ Yehowa la, ke ku ɖe wo ŋu, elabe woakpe ɖe ŋuwò.—Lod. 13:20. w23.09 9-10 ¶6-7

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025

Kuɖa, October 15

Nyee nye Alfa kple Omega.—Nyaɖ. 1:8.

Le Helagbe mea, alfa ye nye woƒe ŋɔŋlɔdzesi gbãtɔ, eye omega ye nye ŋɔŋlɔdzesi mamlɛtɔ. Eya ta esi Yehowa zã nya “Alfa kple Omega” tsɔ ɖɔ eɖokuia, enɔ kpe ɖom edzi be ne yedze nane gɔmea, yeawu enu godoo. Esi Yehowa Mawu wɔ Adam kple Xawa megbea, egblɔ na wo be: “Midzi ne miasɔ gbɔ, miayɔ anyigba la dzi, eye miaɖu edzi.” (1 Mose 1:28) Esi Yehowa gblɔ nya maa, ɖeko wòle abe enɔ gbɔgblɔm be “Alfa” ene. Nu si tae nye be Yehowa na tame si wòɖoa dze ƒãa: Le ɣeyiɣi aɖe megbea, Adam kple Xawa ƒe dzidzimevi deblibo siwo nye toɖolawo ayɔ anyigba dzi eye woatrɔe wòazu paradiso. Ne tameɖoɖo ma va eme le etsɔmea, anɔ abe ɖe Yehowa gblɔ be “Omega” ene. Esi Yehowa wu “dziƒo kple anyigba kpakple wo me nuwo katã wɔwɔ” nu vɔa, egblɔ nya aɖe tsɔ ɖo kpe tame si wòɖoa dzi be ava eme. Efia be Yehowa nɔ kpe ɖom edzi be kaka ŋkeke adrelia nawu enua, tame si yeɖo ɖe amegbetɔwo kple anyigba ŋu la ava eme bliboe.—1 Mose 2:​1-3. w23.11 5 ¶13-14

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025

Yawoɖa, October 16

Midzra Yehowa ƒe mɔ dzi ɖo! Mita mɔ gã dzɔdzɔe ɖe gbegbe na mía Mawu la.—Yes. 40:3.

Mɔzɔzɔ tso Babilon yi Yuda manɔ bɔbɔe kura o, eye ate ŋu axɔ abe ɣleti ene sɔŋ ene. Gake Yehowa do ŋugbe na wo be yeaɖe mɔxenu siwo ana mɔzɔzɔa nasesẽ na woa ɖa. Yudatɔ nuteƒewɔlawo nyae be viɖe siwo yewoakpɔ ne yewotrɔ yi Israel anyo sãsãsã wu nu sia nu si yewoagblẽ ɖe megbe. Vevietɔ wua, wonyae be yewoakpɔ ablɔɖe asubɔ Yehowa abe ale si wòdi ene. Elabe Yehowa ƒe gbedoxɔ ɖeka pɛ hã menɔ Babilon o. Ðoɖo aɖeke menɔ anyi be nunɔlawo nasa vɔwo abe ale si Mose ƒe Sea bia ene o, eye vɔsamlekpui si dzi woasa vɔawo le gɔ̃ hã menɔ anyi o. Azɔ hã, trɔ̃subɔla siwo nɔ dua mea sɔ gbɔ sãsãsã wu Yehowa ƒe amewo eye wometsɔa ɖeke le Yehowa ƒe nudidiwo me o. Eya ta Yudatɔ mawuvɔ̃la geɖe nɔ mɔ kpɔm be yewoatrɔ ayi yewo denyigba dzi agbugbɔ tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi. w23.05 14-15 ¶3-4

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025
Wòe Zɔ
Esia nye dɔwɔnu siwo wotsɔ wɔa numekuku le Yehowa Ɖasefowo ƒe agbalẽwo me le gbe vovovowo me.
Ne èdi be yeawɔ agbalẽwo ƒe kɔpi la, taflatsɛ yi ɖe jw.org.
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe