Dzoɖa, October 13
Yehowa . . . kpɔa keke dzi me ke.—1 Sam. 16:7.
Ne míesena le mía ɖokui me ɣeaɖewoɣi be míele ɖeke me o la, anyo be míaɖo ŋku edzi be Yehowa ŋutɔe he mí va eɖokui gbɔ. (Yoh. 6:44) Ekpɔa nu nyui aɖewo le mía me si míawo ŋutɔwo míekpɔna o, eye wònya míaƒe dzi. (2 Kron. 6:30) Eya ta ne egblɔ be míexɔ asi na yea, míate ŋu aka ɖe edzi. (1 Yoh. 3:19, 20) Hafi míava srɔ̃ nyateƒea, mía dometɔ aɖewo wɔ nanewo si na míekpɔtɔ bua fɔ mía ɖokui. (1 Pet. 4:3) Yehowa subɔla wɔnuteƒewo gɔ̃ hã kpɔtɔ le avu wɔm kple woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo. Ðe nèsena le ɖokuiwò me ɣeaɖewoɣi be Yehowa matsɔ yeƒe nu vɔ̃wo ake ye gbeɖe oa? Ne nenemae la, wò dzi nedze eme, elabe Yehowa subɔla wɔnuteƒe geɖewo wɔ avu kple seselelãme mawo. Le kpɔɖeŋu me, esi apostolo Paulo de ŋugble le eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋua, ese le eɖokui me be yeƒe nu wɔ nublanui ŋutɔ. (Rom. 7:24) Le nyateƒe me la, Paulo trɔ dzi me tso eƒe nu vɔ̃wo me eye wòxɔ nyɔnyrɔ̃. Ke hã, egblɔ tso eɖokui ŋu be yee nye “suetɔ le apostoloawo dome” eye yenye nu vɔ̃ wɔla “gãtɔ.”—1 Kor. 15:9; 1 Tim. 1:15. w24.03 27 ¶5-6
Braɖa, October 14
Wogblẽ Yehowa. . . . ƒe aƒe la ɖi.—2 Kron. 24:18.
Nu vevi aɖe si míate ŋu asrɔ̃ tso Fia Yehoas ƒe ŋutinyaa mee nye be ele be míadze xɔlɔ̃ ame siwo lɔ̃ Yehowa eye wowɔa nu si wòdi, elabe woakpe ɖe mía ŋu míawɔ nu nyui. Menye mía hatiwo ɖeɖe koe míade ha kple o, ke ele be míalɔ̃ faa adze xɔlɔ̃ ame siwo tsi wu mí alo ame siwo míetsi wu hã. Ðo ŋku edzi be Yehoyada dze xɔ̃ Yehoas eye wòkpe ɖe eŋu wòlɔ̃ Yehowa togbɔ be etsi wui sãsãsã gɔ̃ hã. Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe ame siwo nye xɔ̃nyewo kpena ɖe ŋunye be malɔ̃ Yehowa ɖe edzia? Ðe wodea dzi ƒo nam be mawɔ Mawu ƒe sewo dzia? Ðe woɖoa dze tso Yehowa kple nu si wosrɔ̃ le Biblia me ŋua? Ðe wowɔna ɖe Mawu ƒe sewo dzia? Ne mewɔ nane si mesɔ oa, ɖe woɖoa aɖaŋu nama?’ (Lod. 27:5, 6, 17) Le nyateƒe mea, ne xɔ̃wòwo melɔ̃ Yehowa oa, ke mègade ha kpli wo o. Gake ne xɔ̃wòwo lɔ̃ Yehowa la, ke ku ɖe wo ŋu, elabe woakpe ɖe ŋuwò.—Lod. 13:20. w23.09 9-10 ¶6-7
Kuɖa, October 15
Nyee nye Alfa kple Omega.—Nyaɖ. 1:8.
Le Helagbe mea, alfa ye nye woƒe ŋɔŋlɔdzesi gbãtɔ, eye omega ye nye ŋɔŋlɔdzesi mamlɛtɔ. Eya ta esi Yehowa zã nya “Alfa kple Omega” tsɔ ɖɔ eɖokuia, enɔ kpe ɖom edzi be ne yedze nane gɔmea, yeawu enu godoo. Esi Yehowa Mawu wɔ Adam kple Xawa megbea, egblɔ na wo be: “Midzi ne miasɔ gbɔ, miayɔ anyigba la dzi, eye miaɖu edzi.” (1 Mose 1:28) Esi Yehowa gblɔ nya maa, ɖeko wòle abe enɔ gbɔgblɔm be “Alfa” ene. Nu si tae nye be Yehowa na tame si wòɖoa dze ƒãa: Le ɣeyiɣi aɖe megbea, Adam kple Xawa ƒe dzidzimevi deblibo siwo nye toɖolawo ayɔ anyigba dzi eye woatrɔe wòazu paradiso. Ne tameɖoɖo ma va eme le etsɔmea, anɔ abe ɖe Yehowa gblɔ be “Omega” ene. Esi Yehowa wu “dziƒo kple anyigba kpakple wo me nuwo katã wɔwɔ” nu vɔa, egblɔ nya aɖe tsɔ ɖo kpe tame si wòɖoa dzi be ava eme. Efia be Yehowa nɔ kpe ɖom edzi be kaka ŋkeke adrelia nawu enua, tame si yeɖo ɖe amegbetɔwo kple anyigba ŋu la ava eme bliboe.—1 Mose 2:1-3. w23.11 5 ¶13-14