INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Wòe Zɔ
Esia nye dɔwɔnu siwo wotsɔ wɔa numekuku le Yehowa Ɖasefowo ƒe agbalẽwo me le gbe vovovowo me.
Ne èdi be yeawɔ agbalẽwo ƒe kɔpi la, taflatsɛ yi ɖe jw.org.
Gbeƒãɖeɖe
Gbegbɔgblɔ bubuwo va kpee: Betsimisaraka (Northern), Betsimisaraka (Southern), Konkomba, Matses, Mi'kmaq
  • Egbe

Kwasiɖa, October 12

[Yehowa] ana miali ke, ana miasẽ ŋu, ana mianɔ te sesĩe.—1 Pet. 5:10.

Woɖɔ mawusubɔla wɔnuteƒewo le Biblia me zi geɖe be wosẽ ŋu le xɔse me. Gake menye ɣesiaɣie woawo ŋutɔwo se le wo ɖokui me nenema o. Le kpɔɖeŋu me, Fia David se le eɖokui me ɣeaɖewoɣi be ‘yeli ke sesĩe abe to ene,’ gake ɣeaɖewoɣi hãa, ‘dzidzi ƒoe.’ (Ps. 30:7) Togbɔ be Mawu ƒe gbɔgbɔ na ŋusẽ tɔxɛ Samson hãa, enyae be ne gbɔgbɔa mele ye dzi oa, ‘yeagbɔdzɔ azu abe ame bubuwo ke ene.’ (Ʋɔn. 14:​5, 6; 16:17) Yehowae do ŋusẽ esubɔla wɔnuteƒe siawo wote ŋu nɔ te sesĩe. Apostolo Paulo kpɔe be ye hã yehiã ŋusẽ si tso Yehowa gbɔ. (2 Kor. 12:​9, 10) Lãmegbegblẽwo ɖe fu na Paulo hã. (Gal. 4:​13, 14) Ɣeaɖewoɣia, menɔa bɔbɔe nɛ be wòawɔ nu si sɔ o. (Rom. 7:​18, 19) Eye ɣeaɖewoɣi hãa, etsia dzimaɖi eye wòvɔ̃na. (2 Kor. 1:​8, 9) Ke hã ne Paulo gbɔdzɔa, ekpɔnɛ be ŋusẽ ɖoa ye ŋu. Le mɔ ka nu? Yehowa nana ŋusẽ si Paulo hiã sua esi ale be wòtea ŋu doa dzi. w23.10 12 ¶1-2

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025

Dzoɖa, October 13

Yehowa . . . kpɔa keke dzi me ke.—1 Sam. 16:7.

Ne míesena le mía ɖokui me ɣeaɖewoɣi be míele ɖeke me o la, anyo be míaɖo ŋku edzi be Yehowa ŋutɔe he mí va eɖokui gbɔ. (Yoh. 6:44) Ekpɔa nu nyui aɖewo le mía me si míawo ŋutɔwo míekpɔna o, eye wònya míaƒe dzi. (2 Kron. 6:30) Eya ta ne egblɔ be míexɔ asi na yea, míate ŋu aka ɖe edzi. (1 Yoh. 3:​19, 20) Hafi míava srɔ̃ nyateƒea, mía dometɔ aɖewo wɔ nanewo si na míekpɔtɔ bua fɔ mía ɖokui. (1 Pet. 4:3) Yehowa subɔla wɔnuteƒewo gɔ̃ hã kpɔtɔ le avu wɔm kple woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo. Ðe nèsena le ɖokuiwò me ɣeaɖewoɣi be Yehowa matsɔ yeƒe nu vɔ̃wo ake ye gbeɖe oa? Ne nenemae la, wò dzi nedze eme, elabe Yehowa subɔla wɔnuteƒe geɖewo wɔ avu kple seselelãme mawo. Le kpɔɖeŋu me, esi apostolo Paulo de ŋugble le eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋua, ese le eɖokui me be yeƒe nu wɔ nublanui ŋutɔ. (Rom. 7:24) Le nyateƒe me la, Paulo trɔ dzi me tso eƒe nu vɔ̃wo me eye wòxɔ nyɔnyrɔ̃. Ke hã, egblɔ tso eɖokui ŋu be yee nye “suetɔ le apostoloawo dome” eye yenye nu vɔ̃ wɔla “gãtɔ.”—1 Kor. 15:9; 1 Tim. 1:15. w24.03 27 ¶5-6

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025

Braɖa, October 14

Wogblẽ Yehowa. . . . ƒe aƒe la ɖi.—2 Kron. 24:18.

Nu vevi aɖe si míate ŋu asrɔ̃ tso Fia Yehoas ƒe ŋutinyaa mee nye be ele be míadze xɔlɔ̃ ame siwo lɔ̃ Yehowa eye wowɔa nu si wòdi, elabe woakpe ɖe mía ŋu míawɔ nu nyui. Menye mía hatiwo ɖeɖe koe míade ha kple o, ke ele be míalɔ̃ faa adze xɔlɔ̃ ame siwo tsi wu mí alo ame siwo míetsi wu hã. Ðo ŋku edzi be Yehoyada dze xɔ̃ Yehoas eye wòkpe ɖe eŋu wòlɔ̃ Yehowa togbɔ be etsi wui sãsãsã gɔ̃ hã. Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe ame siwo nye xɔ̃nyewo kpena ɖe ŋunye be malɔ̃ Yehowa ɖe edzia? Ðe wodea dzi ƒo nam be mawɔ Mawu ƒe sewo dzia? Ðe woɖoa dze tso Yehowa kple nu si wosrɔ̃ le Biblia me ŋua? Ðe wowɔna ɖe Mawu ƒe sewo dzia? Ne mewɔ nane si mesɔ oa, ɖe woɖoa aɖaŋu nama?’ (Lod. 27:​5, 6, 17) Le nyateƒe mea, ne xɔ̃wòwo melɔ̃ Yehowa oa, ke mègade ha kpli wo o. Gake ne xɔ̃wòwo lɔ̃ Yehowa la, ke ku ɖe wo ŋu, elabe woakpe ɖe ŋuwò.—Lod. 13:20. w23.09 9-10 ¶6-7

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025
Wòe Zɔ
Esia nye dɔwɔnu siwo wotsɔ wɔa numekuku le Yehowa Ɖasefowo ƒe agbalẽwo me le gbe vovovowo me.
Ne èdi be yeawɔ agbalẽwo ƒe kɔpi la, taflatsɛ yi ɖe jw.org.
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe