Memleɖa, October 11
Nye dukɔ, yi ɖe wò xɔgãwo me.—Yes. 26:20.
‘Xɔgã’ si woyɔ le afi sia ate ŋu afia míaƒe hamewo me. Le xaxa gãa mea, Yehowa awɔ ɖe ŋugbe si wòdo be yeakpɔ mía taa dzi ne míeyi edzi subɔ kple mía nɔviwo ɖekae. Eya ta menye ɖeko míadze agbagba anɔ ŋutifafa me kple mía nɔviwo fifia o, ke ele be míaku kutri alɔ̃ wo vevie tso dzi me hã. Esia ate ŋu axɔ mí ɖe agbe. “Yehowa ƒe ŋkeke gã la” ahe xaxa ava ameƒomea dzi. (Zef. 1:14, 15) Yehowa ƒe amewo hã ato nɔnɔme sesẽwo me. Gake ne míedzra ɖo fifia, akpe ɖe mía ŋu be míaɖe dzi ɖi eye míakpe ɖe ame bubuwo ŋu. Neva eme be míado dzi le nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe si ava mía dzi me. Ne mía nɔviwo le nɔnɔme sesẽwo me tom la, míawɔ mía tɔ sinua be míaƒe dɔme natrɔ ɖe wo ŋu eye míakpɔ woƒe hiahiãwo gbɔ na wo. Ne míelɔ̃ mía nɔviwo fifia, anɔ bɔbɔe na mí be míalɔ̃ wo le etsɔme hã. Ekema Yehowa ana míanɔ agbe tegbee le xexe si me afɔkuwo kple xaxawo maganɔ o me.—Yes. 65:17. w23.07 7 ¶16-17
Kwasiɖa, October 12
[Yehowa] ana miali ke, ana miasẽ ŋu, ana mianɔ te sesĩe.—1 Pet. 5:10.
Woɖɔ mawusubɔla wɔnuteƒewo le Biblia me zi geɖe be wosẽ ŋu le xɔse me. Gake menye ɣesiaɣie woawo ŋutɔwo se le wo ɖokui me nenema o. Le kpɔɖeŋu me, Fia David se le eɖokui me ɣeaɖewoɣi be ‘yeli ke sesĩe abe to ene,’ gake ɣeaɖewoɣi hãa, ‘dzidzi ƒoe.’ (Ps. 30:7) Togbɔ be Mawu ƒe gbɔgbɔ na ŋusẽ tɔxɛ Samson hãa, enyae be ne gbɔgbɔa mele ye dzi oa, ‘yeagbɔdzɔ azu abe ame bubuwo ke ene.’ (Ʋɔn. 14:5, 6; 16:17) Yehowae do ŋusẽ esubɔla wɔnuteƒe siawo wote ŋu nɔ te sesĩe. Apostolo Paulo kpɔe be ye hã yehiã ŋusẽ si tso Yehowa gbɔ. (2 Kor. 12:9, 10) Lãmegbegblẽwo ɖe fu na Paulo hã. (Gal. 4:13, 14) Ɣeaɖewoɣia, menɔa bɔbɔe nɛ be wòawɔ nu si sɔ o. (Rom. 7:18, 19) Eye ɣeaɖewoɣi hãa, etsia dzimaɖi eye wòvɔ̃na. (2 Kor. 1:8, 9) Ke hã ne Paulo gbɔdzɔa, ekpɔnɛ be ŋusẽ ɖoa ye ŋu. Le mɔ ka nu? Yehowa nana ŋusẽ si Paulo hiã sua esi ale be wòtea ŋu doa dzi. w23.10 12 ¶1-2
Dzoɖa, October 13
Yehowa . . . kpɔa keke dzi me ke.—1 Sam. 16:7.
Ne míesena le mía ɖokui me ɣeaɖewoɣi be míele ɖeke me o la, anyo be míaɖo ŋku edzi be Yehowa ŋutɔe he mí va eɖokui gbɔ. (Yoh. 6:44) Ekpɔa nu nyui aɖewo le mía me si míawo ŋutɔwo míekpɔna o, eye wònya míaƒe dzi. (2 Kron. 6:30) Eya ta ne egblɔ be míexɔ asi na yea, míate ŋu aka ɖe edzi. (1 Yoh. 3:19, 20) Hafi míava srɔ̃ nyateƒea, mía dometɔ aɖewo wɔ nanewo si na míekpɔtɔ bua fɔ mía ɖokui. (1 Pet. 4:3) Yehowa subɔla wɔnuteƒewo gɔ̃ hã kpɔtɔ le avu wɔm kple woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo. Ðe nèsena le ɖokuiwò me ɣeaɖewoɣi be Yehowa matsɔ yeƒe nu vɔ̃wo ake ye gbeɖe oa? Ne nenemae la, wò dzi nedze eme, elabe Yehowa subɔla wɔnuteƒe geɖewo wɔ avu kple seselelãme mawo. Le kpɔɖeŋu me, esi apostolo Paulo de ŋugble le eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋua, ese le eɖokui me be yeƒe nu wɔ nublanui ŋutɔ. (Rom. 7:24) Le nyateƒe me la, Paulo trɔ dzi me tso eƒe nu vɔ̃wo me eye wòxɔ nyɔnyrɔ̃. Ke hã, egblɔ tso eɖokui ŋu be yee nye “suetɔ le apostoloawo dome” eye yenye nu vɔ̃ wɔla “gãtɔ.”—1 Kor. 15:9; 1 Tim. 1:15. w24.03 27 ¶5-6