Fiɖa, October 10
Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze.—Lod. 9:10.
Nu kae wòle be mí Kristotɔwo míawɔ ne amamaɖeɖe ƒe foto aɖe dze le míaƒe mɔ̃wo dzi? Ele be míaɖee ɖa enumake! Esia anɔ bɔbɔe na mí ne ƒomedodo si le mía kple Yehowa domee nye nu vevitɔ na mí. Le nyateƒe mea, foto siwo menye amamaɖeɖefotowo o gɔ̃ hã ate ŋu anyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me. Nu ka tae wòle be míaƒo asa na wo? Elabe mímadi be míaɖe afɔ aɖeke si akplɔ mí ade gbɔdɔdɔ manɔsenu me o. (Mat. 5:28, 29) Hamemetsitsi aɖe si le Thailand si ŋkɔe nye David gblɔ be: “Mebiaa ɖokuinye be: ‘Ne fotoawo menye amamaɖeɖefotowo o hãa, ɖe wòadze Yehowa ŋu ne meyi edzi le wo kpɔma?’ Nuwo ŋu bubu alea kpena ɖe ŋunye mewɔa nu le nunya me.” Yehowa vɔvɔ̃ awɔe be míaƒo asa na nu siwo medzea eŋu o wɔwɔ eye akpe ɖe mía ŋu míawɔ nu le nunya me. Mawuvɔvɔ̃e nye “nunya ƒe gɔmedzedze.” w23.06 23 ¶12-13
Memleɖa, October 11
Nye dukɔ, yi ɖe wò xɔgãwo me.—Yes. 26:20.
‘Xɔgã’ si woyɔ le afi sia ate ŋu afia míaƒe hamewo me. Le xaxa gãa mea, Yehowa awɔ ɖe ŋugbe si wòdo be yeakpɔ mía taa dzi ne míeyi edzi subɔ kple mía nɔviwo ɖekae. Eya ta menye ɖeko míadze agbagba anɔ ŋutifafa me kple mía nɔviwo fifia o, ke ele be míaku kutri alɔ̃ wo vevie tso dzi me hã. Esia ate ŋu axɔ mí ɖe agbe. “Yehowa ƒe ŋkeke gã la” ahe xaxa ava ameƒomea dzi. (Zef. 1:14, 15) Yehowa ƒe amewo hã ato nɔnɔme sesẽwo me. Gake ne míedzra ɖo fifia, akpe ɖe mía ŋu be míaɖe dzi ɖi eye míakpe ɖe ame bubuwo ŋu. Neva eme be míado dzi le nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe si ava mía dzi me. Ne mía nɔviwo le nɔnɔme sesẽwo me tom la, míawɔ mía tɔ sinua be míaƒe dɔme natrɔ ɖe wo ŋu eye míakpɔ woƒe hiahiãwo gbɔ na wo. Ne míelɔ̃ mía nɔviwo fifia, anɔ bɔbɔe na mí be míalɔ̃ wo le etsɔme hã. Ekema Yehowa ana míanɔ agbe tegbee le xexe si me afɔkuwo kple xaxawo maganɔ o me.—Yes. 65:17. w23.07 7 ¶16-17
Kwasiɖa, October 12
[Yehowa] ana miali ke, ana miasẽ ŋu, ana mianɔ te sesĩe.—1 Pet. 5:10.
Woɖɔ mawusubɔla wɔnuteƒewo le Biblia me zi geɖe be wosẽ ŋu le xɔse me. Gake menye ɣesiaɣie woawo ŋutɔwo se le wo ɖokui me nenema o. Le kpɔɖeŋu me, Fia David se le eɖokui me ɣeaɖewoɣi be ‘yeli ke sesĩe abe to ene,’ gake ɣeaɖewoɣi hãa, ‘dzidzi ƒoe.’ (Ps. 30:7) Togbɔ be Mawu ƒe gbɔgbɔ na ŋusẽ tɔxɛ Samson hãa, enyae be ne gbɔgbɔa mele ye dzi oa, ‘yeagbɔdzɔ azu abe ame bubuwo ke ene.’ (Ʋɔn. 14:5, 6; 16:17) Yehowae do ŋusẽ esubɔla wɔnuteƒe siawo wote ŋu nɔ te sesĩe. Apostolo Paulo kpɔe be ye hã yehiã ŋusẽ si tso Yehowa gbɔ. (2 Kor. 12:9, 10) Lãmegbegblẽwo ɖe fu na Paulo hã. (Gal. 4:13, 14) Ɣeaɖewoɣia, menɔa bɔbɔe nɛ be wòawɔ nu si sɔ o. (Rom. 7:18, 19) Eye ɣeaɖewoɣi hãa, etsia dzimaɖi eye wòvɔ̃na. (2 Kor. 1:8, 9) Ke hã ne Paulo gbɔdzɔa, ekpɔnɛ be ŋusẽ ɖoa ye ŋu. Le mɔ ka nu? Yehowa nana ŋusẽ si Paulo hiã sua esi ale be wòtea ŋu doa dzi. w23.10 12 ¶1-2