INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 3 Mose 17:15
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 15 Ne ame* aɖe ɖu lã si ku le eɖokui si alo lã si gbemelã+ aɖe vuvu la, ekema eɖanye dumevi alo amedzrovi o, ele be wòanya eƒe awuwo, eye eŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ;+ emegbe eŋu akɔ.

  • 3 Mose 22:3
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 3 Gblɔ na wo be: ‘Le miaƒe dzidzimewo katã me la, ne miaƒe dzidzimevi aɖe si ŋu mekɔ o te ɖe nu kɔkɔe siwo ŋu Israel-viwo akɔ na Yehowa ŋu la, ekema woatsrɔ̃ ame* ma ɖa le nye ŋkuta.+ Nyee nye Yehowa.

  • 3 Mose 22:8
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 8 Maɖu lã si ku le eɖokui si alo lã si gbemelã aɖe vuvu atsɔ agblẽ kɔ ɖo na eɖokui o.+ Nyee nye Yehowa.

  • 5 Mose 14:21
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 21 “Migaɖu lã si ku le eɖokui si la o.+ Àte ŋu atsɔe ana amedzro si le wò duwo* me wòaɖu; alo àte ŋu adzrae na du bubu me tɔ, elabena dukɔ kɔkɔe nènye na Yehowa wò Mawu.

      “Mègaɖa gbɔ̃vi le dadaa ƒe notsi me o.+

  • Ezekiel 4:14
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 14 Eye megblɔ be: “Ao, Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa! Tso nye ɖevime va se ɖe fifia la, nyemegblẽ kɔ ɖo na ɖokuinye,* alo ɖu lã kuku alo lã si lã aɖe vuvu la kpɔ o,+ eye lã makɔmakɔ* aɖeke mede nye nu me kpɔ o.”+

  • Ezekiel 44:31
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 31 Nunɔlawo mekpɔ mɔ aɖu lã kuku alo lã si lã aɖe vuvu, eɖanye xe alo lã afɔene o, la dometɔ aɖeke o.’+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe