INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 4 Mose 28:26-31
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 26 “‘Gbe si gbe mieŋe agblemenuku gbãtɔwo+ hetsɔ nuku yeye vɛ be woatsɔ asa nuɖuvɔ na Yehowa+ le miaƒe kwasiɖawo ƒe azãɖuɣi+ la, miawɔ takpekpe kɔkɔe. Migawɔ dɔ sesẽ aɖeke o.+ 27 Mitsɔ nyitsui eve, agbo ɖeka kple alẽtsui adre, siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka+ la sa numevɔ, ne wòanye ʋeʋẽ lilili* na Yehowa, 28 eye miatsɔ wɔ memee efa me mama ɖe ewo ƒe akpa etɔ̃ si wotsɔ ami dzabae asa nuɖuvɔ akpe ɖe nyitsu ɖe sia ɖe ŋu, eye miatsɔ efa me mama ɖe ewo ƒe akpa eve akpe ɖe agbo ɖeka la ŋu, 29 eye miatsɔ efa me mama ɖe ewo ƒe akpa ɖeka akpe ɖe alẽtsui adreawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu, 30 eye woatsɔ gbɔ̃tsui ɖeka alé avu ɖe mia ta.+ 31 Miasa vɔ siawo akpe ɖe numevɔ kple nuɖuvɔ kpakple wo ŋuti nunovɔ siwo miesana ɖaa la ŋu. Lã siwo miatsɔ vɛ la nasɔ blibo.+

  • 5 Mose 16:16
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 16 “Wò ŋutsuwo katã nava Yehowa wò Mawu la ŋkume zi etɔ̃ le ƒea me le teƒe si wòatia: le Amɔwɔ Maʋamaʋã Bolo Ŋkekenyui+ ɖuɣi, le Kwasiɖawo Ƒe Ŋkekenyui+ ɖuɣi kple Agbadɔŋkekenyui+ ɖuɣi, eye mele be wo dometɔ aɖeke nava Yehowa ŋkume asi gbɔlo o.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe