61 Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye,+
Elabena Yehowa si ami nam be magblɔ nya nyui na ame fafawo.+
Edɔm be mada gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu,
Ne maɖe gbeƒã ablɔɖe na ame siwo woɖe aboyoe
Eye maʋu ŋku na gamenɔlawo,+
2 Ne maɖe gbeƒã Yehowa ƒe amenuveƒe
Kple mía Mawu ƒe hlɔ̃biaŋkeke la,+
Ne mafa akɔ na konyifalawo katã,+
-
Luka 4:18, 19
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
18 “Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye, elabena esi ami nam be magblɔ nya nyui na ame dahewo. Edɔm be maɖe gbeƒã ablɔɖe na ame siwo woɖe aboyoe, mana ŋkuagbãtɔwo nakpɔ nu, mana ablɔɖe ame siwo wote ɖe anyi,+ 19 eye maɖe gbeƒã Yehowa ƒe amenuveƒe la.”+
-
Romatɔwo 8:20, 21
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
20 Elabena wobɔbɔ nuwɔwɔ la ɖe toflokonyenye te,+ menye le eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu me o, ke boŋ to ame si bɔbɔe ɖe anyi la dzi, hena mɔkpɔkpɔ 21 be woaɖe+ nuwɔwɔ la ŋutɔ hã tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me, eye wòakpɔ Mawu ƒe viwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la.