INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 4 Mose 22:7
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 7 Ale Moabtɔwo kple Midiantɔwo ƒe ametsitsiwo tsɔ afakaho ɖe asi dze mɔ yi Bileam+ gbɔ hegblɔ Balak ƒe nyawo nɛ.

  • 4 Mose 25:1-3
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 25 Esi Israel-viwo le Sitim+ la, dukɔ la de asi ahasiwɔwɔ me kple Moab nyɔnuwo.+ 2 Nyɔnuawo va kpe dukɔ la na woƒe mawuwo ƒe vɔsawo,+ eye dukɔ la yi ɖaɖu nu, eye wode ta agu na woƒe mawuwo.+ 3 Ale Israel wɔ ɖeka kpli wo hede ta agu na Baal-Peor;+ eya ta Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu.

  • 4 Mose 25:17, 18
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 17 “Milé fu Midiantɔwo, eye miwu wo,+ 18 elabena woto ayemɔ dzi flu mi kplɔ mi de nu vɔ̃ me le Peor+ kple Midiantɔwo ƒe amegã ƒe vinyɔnu Kozbi ƒe nudzɔdzɔa me. Eyae nye wo nɔvinyɔnu si wowu+ le gbe si gbe Peor ƒe nudzɔdzɔa he fuwɔame vɛ.”+

  • 1 Korintotɔwo 10:8
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 8 Migana míaƒo mía ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu* me, abe ale si wo dometɔ aɖewo ƒo wo ɖokuiwo ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu* me, ale be wodze anyi, ame akpe blaeve vɔ etɔ̃ sɔŋ le ŋkeke ɖeka dzi la ene o.+

  • Nyaɖeɖefia 2:14
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 14 “‘Ke hã, nya ʋɛ aɖewo le asinye ɖe ŋuwò: eyae nye be ame siwo lé Bileam+ ƒe nufiafia me ɖe asi la le gbɔwò afi ma; ame sia fia Balak+ be wòada nukikli ɖe Israel-viwo ŋgɔ, ne woaɖu nu siwo wotsɔ sa vɔ na trɔ̃wo, eye woaƒo wo ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu* me.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe