7 Esi nunɔla Aron vi Eleazar viŋutsu Finehas+ kpɔe la, etso enumake le ha la dome yi ɖatsɔ akplɔ ɖe asi. 8 Eye wòti Israel ŋutsua yi eƒe agbadɔa me, eye wòtɔ akplɔ Israel ŋutsua kple nyɔnua siaa floi, to nyɔnua ƒe aŋɔme do. Eye fuwɔame la nu tso le Israel-viwo dome.+