-
4 Mose 19:19, 20Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
19 Ame si ŋu kɔ la nawui ɖe ame si ŋu mekɔ o la ŋu le ŋkeke etɔ̃a gbe kple ŋkeke adrea gbe, eye wòakɔ eŋu tso nu vɔ̃ me le ŋkeke adrea gbe;+ eye wòanya eƒe awuwo ahale tsi, eye eŋu akɔ le fiẽ.
20 “‘Ke ne ame aɖe ŋu mekɔ o, gake wògbe eɖokui ŋu kɔkɔ la, ekema woatsrɔ̃ ame* ma ɖa le ha la dome,+ elabena Yehowa ƒe kɔkɔeƒe lae wòƒo ɖii. Womewu nuŋukɔtsi la ɖe eŋu o, eya ta eŋu mekɔ o.
-