8 Yehowa gagblɔ na Aron be: “Metsɔ nu siwo wodzɔna nam la dzi kpɔkpɔ de asi na wò.+ Metsɔ nu kɔkɔe siwo katã Israel-viwo dzɔna la ƒe ɖe na wò kple viwòŋutsuwo be wòanye miaƒe gome ɖaa.+
19 Metsɔ nu kɔkɔe siwo katã Israel-viwo adzɔ na Yehowa+ la na wò kple viwòŋutsuwo kple viwònyɔnuwo be wòanye mia tɔ ɖaa.+ Dzenubabla* wònye le Yehowa ŋkume ɖaa na wò kple wò dzidzimeviwo.”