INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 4 Mose 14:24
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 24 Ke makplɔ nye subɔla Kaleb+ ya ayi anyigba si dzi wòde la dzi godoo, eye eƒe dzidzimeviwo axɔe wòazu wo tɔ, elabena gbɔgbɔ bubue le eya me, eye wòyi edzi dze yonyeme kple dzi blibo.+

  • 5 Mose 1:34-38
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 34 “Le ɣeyiɣi sia katã me la, Yehowa se nya siwo gblɔm mienɔ la, eye wòdo dziku vevie heka atam be,+ 35 ‘Dzidzime vɔ̃ɖi sia me ŋutsuwo dometɔ aɖeke makpɔ anyigba nyui si ŋu meka atam ɖo be matsɔ ana mia fofowo la o,+ 36 negbe Kaleb, Yefune vi ko. Akpɔe, eye matsɔ anyigba si dzi wòde la ana eya kple viawo, elabena edze Yehowa yome kple eƒe dzi bliboe.+ 37 (Yehowa do dziku ɖe nye hã ŋunye le mia ta, eye wògblɔ be: “Wò hã màyi afi ma o.+ 38 Yosua, Nun vi si tɔ ɖe ŋkuwòme+ lae ayi.+ Do ŋusẽe,*+ elabena eyae ana Israel nanyi anyigba la dome.”)

  • Yosua 14:8
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 8 Togbɔ be nɔvinye siwo yi kplim la ɖe dzi le dukɔ la ƒo* hã la, nye ya medze Yehowa nye Mawu yome kple dzi blibo.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe