-
2 Mose 40:36Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
36 Le Israel-viwo ƒe mɔzɔzɔ bliboa katã me la, ne alilikpo la ho le avɔgbadɔa dzi la, woawo hã wohona.+
-
-
4 Mose 2:9Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
9 “Aʋawɔla siwo katã ŋkɔ woŋlɔ le Yuda ƒe asaɖaa ƒe to etɔ̃ hatsotsoa me la le ame akpe alafa ɖeka blaenyi vɔ ade alafa ene. Woawoe aho gbã.+
-
-
4 Mose 2:16, 17Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
16 “Aʋawɔla siwo katã ŋkɔ woŋlɔ le Ruben ƒe asaɖaa ƒe to etɔ̃ hatsotsoa me la le ame akpe alafa ɖeka blaatɔ̃ vɔ ɖekɛ alafa ene blaatɔ̃, eye woawoe nye hatsotso evelia si aho.+
17 “Ne woaho takpegbadɔa adze mɔ la,+ ekema Lewi viwo nahoe eye woƒe asaɖa la nanɔ asaɖa bubuawo titina.
“Ale si woaƒu asaɖa anyii la, nenema nue woaho ɖo,+ ame sia ame nanɔ eteƒe, le to etɔ̃ ƒe hatsotso siwo me wole la nu.
-
-
4 Mose 2:24Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
24 “Aʋawɔla siwo katã ŋkɔ woŋlɔ le Efrayim ƒe asaɖaa ƒe to etɔ̃ hatsotsoa me la le ame akpe alafa ɖeka kple enyi alafa ɖeka, eye woawoe nye hatsotso etɔ̃lia si aho.+
-
-
4 Mose 2:31Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
31 “Aʋawɔla siwo katã ŋkɔ woŋlɔ le Dan ƒe asaɖaa ƒe to etɔ̃ hatsotsoa me la le ame akpe alafa ɖeka blaatɔ̃ vɔ adre alafa ade. Woawoe nye to etɔ̃ hatsotso mamlɛtɔ si aho.”+
-