-
2 Mose 4:14-16Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
14 Ale Yehowa do dɔmedzoe ɖe Mose ŋu gblɔ be: “Menye nɔviwòe nye Lewi vi Aron+ oa? Menya be ate ŋu aƒo nu nyuie. Eye ele mɔ dzi gbɔna go do ge wò. Ne ekpɔ wò la, eƒe dzi atso aseye.+ 15 Ekema nàƒo nu kplii, eye nàtsɔ nyaawo ade enu,+ eye manɔ kpli mi ne miele nu ƒom,+ eye mafia nu si miawɔ la mi. 16 Eya aƒo nu kple dukɔ la ɖe nuwò, eye wòanye wò nyanuɖela, ke wò la, ànɔ Mawu teƒe nɛ.+
-
-
2 Mose 4:30Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
30 Aron gblɔ nya siwo katã Yehowa gblɔ na Mose la na wo, eye wòwɔ dzesiawo+ le dukɔ la ŋkume.
-
-
2 Mose 15:20Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
20 Eye nyɔnunyagblɔɖila Miriam, si nye Aron nɔvi, tsɔ axatsɛ ɖe asi, eye nyɔnuawo katã tsɔ axatsɛwo ɖe asi le ɣe ɖum kplɔe ɖo.
-