38 Na woaƒo ŋutsu siwo wɔ nu vɔ̃ eye woku* la ƒe dzudzɔdosonuawo gbadzɛ, afa ɖe vɔsamlekpui la ŋu,+ elabena wotsɔ wo va Yehowa ŋkume, eye wozu nu kɔkɔewo. Woanye dzesi na Israel-viwo.”+
10 Migazu liʋiliʋĩlĩlawo, abe ale si wo dometɔ aɖewo lĩ liʋiliʋĩ,+ eye nutsrɔ̃la tsrɔ̃ wo la ene o.+11 Ke nu siawo dzɔ ɖe wo dzi abe kpɔɖeŋu ene, eye woŋlɔ wo ɖi be wòanye nuxlɔ̃ame na mí+ ame siwo dzi nuɖoanyi siawo ƒe nuwuwuwo va ɖo la.