-
1 Mose 38:7-10Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
7 Ke Yuda ƒe ŋgɔgbevi Er ƒe nu medze Yehowa ŋu o; eya ta Yehowa wui. 8 Esia ta Yuda gblɔ na Onan be: “Dɔ kple nɔviwòa srɔ̃, eye nàxɔ nɔviwò si ku la srɔ̃ aɖe, ne nàdzi vi na nɔviwòa.”+ 9 Ke Onan nyae be womabu ɖeviawo be wonye ye tɔ o.+ Eya ta ne edɔ kple nɔvia srɔ̃a la, enana tsi la duduna ɖe anyigba, ale be wòagado ƒome ɖi na nɔvia o.+ 10 Nu si wòwɔ la vɔ̃ɖi le Yehowa ŋkume, eya ta ewu eya hã.+
-