-
1 Korintotɔwo 10:20, 21Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
20 Ao; ke boŋ mele gbɔgblɔm be, nu si dukɔwo tsɔ saa vɔe la, gbɔgbɔ vɔ̃woe wotsɔa wo saa vɔe na, ke menye na Mawu o;+ eye nyemedi be miade ha kple gbɔgbɔ vɔ̃wo o.+ 21 Miate ŋu anɔ nu nom le Yehowa* ƒe kplu nu aganɔ nu nom le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplu nu o; miate ŋu anɔ nu ɖum le “Yehowa ƒe kplɔ̃”+ ŋu aganɔ nu ɖum le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplɔ̃ ŋu o.
-