2 Mana nàzu dukɔ gã aɖe, mayra wò, eye mana wò ŋkɔ nanyɔ; àva zu yayra na amewo.+3 Mayra ame siwo ayra wò, eye maƒo fi ade ame si ado ɖiŋu na wò la,+ eye woayra anyigbadziƒomeawo katã to dziwò.”*+
43 ekema nàsee le nɔwòƒe le dziƒo,+ eye nàwɔ nu siwo katã amedzroa bia wò la nɛ; ne anyigbadzidukɔwo katã nadze si wò ŋkɔ la,+ ne woavɔ̃ wò, abe ale si wò dukɔ Israel vɔ̃a wòe ene, ne woadze sii be, wò ŋkɔe woyɔ ɖe xɔ sia si metu la ŋu.