-
1 Kronika 5:1, 2Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
5 Esiae nye Ruben,+ Israel ƒe ŋgɔgbevi, ƒe viwo. Eyae nye ŋgɔgbevia, gake esi wòƒo ɖi* fofoa ƒe aba ta la,+ wotsɔ eƒe ŋgɔgbevinyenye la na Israel viŋutsu Yosef+ ƒe viwo, ale be womeŋlɔ eƒe ŋkɔ abe ŋgɔgbevi ene le dzidzimeawo nu o. 2 Togbɔ be Yuda+ kpɔ ŋusẽ le nɔviawo dome, eye eya mee ame si wotia be wòanye dziɖula+ la dzɔ tso hã la, ŋgɔgbevinyenye la nye Yosef tɔ.
-