3 Mose 26:3, 4 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 3 “‘Ne mieyi edzi zɔ ɖe nye ɖoɖowo nu, eye mielé nye sewo me ɖe asi hewɔ wo dzi la,+ 4 ekema nye hã mana tsi nadza na mi le edzaɣi,+ anyigba la awɔ nu,+ eye ati siwo le edzi la atse nyuie. Lododowo 10:22 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 22 Yehowa ƒe yayrae wɔa ame kesinɔtɔ,+Eye metsɔa vevesese* aɖeke kpena ɖe eŋu o. Yesaya 1:19 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 19 Ne mielɔ̃ heɖo to la,Ekema miaɖu anyigba la dzi nu nyuiwo.+
3 “‘Ne mieyi edzi zɔ ɖe nye ɖoɖowo nu, eye mielé nye sewo me ɖe asi hewɔ wo dzi la,+ 4 ekema nye hã mana tsi nadza na mi le edzaɣi,+ anyigba la awɔ nu,+ eye ati siwo le edzi la atse nyuie.