INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 2 Fiawo 24:11
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 11 Babilon-fia Nebukadnezar va dua me esime eƒe dɔlawo ɖe to ɖe dua.

  • 2 Fiawo 24:13
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 13 Eye wòlɔ Yehowa ƒe aƒe la me kesinɔnuwo katã kple fia ƒe aƒe* la me kesinɔnuwo tso afi ma.+ Eye wògbã sikanu siwo Israel-fia Salomo wɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔa+ me kakɛkakɛ. Esia dzɔ abe ale si tututu Yehowa gblɔe ene.

  • 2 Kronika 36:7
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 7 Nebukadnezar lɔ Yehowa ƒe aƒe la ŋu dɔwɔnuawo dometɔ aɖewo yi Babilon, eye wòtsɔ wo da ɖe eƒe fiasã me le Babilon.+

  • 2 Kronika 36:18
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 18 Elɔ Mawu vavã la ƒe aƒe la ŋu dɔwɔnuawo katã, gãwo kple sueawo, kple Yehowa ƒe aƒe la me kesinɔnuwo kpakple fia la kple eƒe amegãwo ƒe kesinɔnuwo katã yi Babilon.+

  • Ezra 6:5
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 5 Azɔ hã, woagbugbɔ Mawu ƒe aƒe la me sikanu kple klosalonu siwo Nebukadnezar lɔ tso gbedoxɔ si nɔ Yerusalem me va Babilon+ la ayii, ne woatsɔ wo ada ɖe wo teƒe le gbedoxɔ si le Yerusalem la me, eye woada wo ɖe Mawu ƒe xɔ la me.’+

  • Daniel 1:1, 2
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 1 Le Yuda-fia Yehoyakim+ ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, Babilon-fia Nebukadnezar va Yerusalem, eye wòɖe to ɖee.+ 2 Eye Yehowa tsɔ Yuda-fia Yehoyakim kple Mawu vavã la ƒe aƒe la me nu aɖewo de asi nɛ,+ ale be wòtsɔ wo yi eƒe mawu ƒe me* le Sinar-nyigba*+ dzi. Etsɔ nuawo de eƒe mawu ƒe kesinɔnudzraɖoƒe.+

  • Daniel 5:2
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 2 Esi wain ɖo mo na Belsazar la, egblɔ be woatsɔ sikanu kple klosalonu siwo fofoa Nebukadnezar lɔ tso gbedoxɔ si nɔ Yerusalem me la vɛ,+ ne fia la kple eƒe amegãwo, srɔ̃awo kple eƒe ahiãwo nano nu le wo me.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe