11 O, Yehowa, meɖe kuku, ƒu to anyi ɖe wò subɔla ƒe gbedodoɖa kple wò subɔla siwo wòdzɔa dzi na be yewoavɔ̃ wò ŋkɔ la ƒe gbedodoɖa ŋu, eye na wòadze edzi na wò subɔla egbea dzro, eye na ŋutsu sia nave nunye.”+
14 Azɔ hã, tso gbe si gbe wòɖom nutodziɖulae+ le Yuda-nyigba dzi, tso Fia Artasasta+ ƒe ƒe blaevelia+ me va se ɖe ƒe blaetɔ̃ vɔ evelia+ me, si le ƒe wuieve la, mía kple nɔvinyewo míeɖu abolo si nutodziɖula dze na la kpɔ o.+