1 Mose 3:19 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 19 Fifia ate wò* hafi nàkpɔ abolo aɖu,* va se ɖe esime nàtrɔ azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe.+ Anyie nènye, eye anyie nàgatrɔ azu.”+ Psalmo 49:17 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 17 Elabena ne eku la, mate ŋu atsɔ naneke ɖe asi o;+Eye eƒe atsyɔ̃ la mayi kplii o.+ Nyagblɔla 5:15 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 15 Ale si ame le amama hafi tso dadaa ƒe dɔ me va la, nenemae wòaganɔ ayii.+ Eye mate ŋu atsɔ nu siwo wòkpɔ tso eƒe dɔ sesẽ wɔwɔwo me la ƒe ɖeke ɖe asi ayii o.+ Nyagblɔla 12:7 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 7 Ekema kewɔ la gbugbɔna yia anyi si wònye tsã la me,+ eye gbɔgbɔ* la hã gbugbɔna yia Mawu vavã, ame si tsɔe na la gbɔ.+ 1 Timoteo 6:7 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 7 Elabena míetsɔ naneke va xexea me o, eye míate ŋu atsɔ naneke adzoe hã o.+
19 Fifia ate wò* hafi nàkpɔ abolo aɖu,* va se ɖe esime nàtrɔ azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe.+ Anyie nènye, eye anyie nàgatrɔ azu.”+
15 Ale si ame le amama hafi tso dadaa ƒe dɔ me va la, nenemae wòaganɔ ayii.+ Eye mate ŋu atsɔ nu siwo wòkpɔ tso eƒe dɔ sesẽ wɔwɔwo me la ƒe ɖeke ɖe asi ayii o.+
7 Ekema kewɔ la gbugbɔna yia anyi si wònye tsã la me,+ eye gbɔgbɔ* la hã gbugbɔna yia Mawu vavã, ame si tsɔe na la gbɔ.+