-
1 Mose 12:7, 8Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
7 Yehowa ɖe eɖokui fia Abram eye wògblɔ nɛ be: “Wò dzidzimeviwoe+ matsɔ anyigba sia ana.”+ Eya ta eɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma na Yehowa, ame si ɖe eɖokui fiae la. 8 Mlɔeba eʋu le afi ma yi tonuto la me le Betel+ ƒe ɣedzeƒe, eye wòtu eƒe agbadɔ ɖe afi ma, ale be Betel le ɣetoɖoƒe, eye Ai+ le ɣedzeƒe. Eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma na Yehowa+ heyɔ Yehowa ƒe ŋkɔ.+
-