-
1 Mose 20:6, 7Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
6 Eye Mawu vavã la gblɔ nɛ le drɔ̃e me be: “Menyae be wò dzi me kɔ le nu sia wɔwɔ me, eya tae mexe mɔ na wò be nàgawɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye o. Esia tae nyemeɖe mɔ na wò nèka asi eŋu o ɖo. 7 Azɔ gbugbɔ ŋutsua srɔ̃ ɖo ɖee, elabena nyagblɔɖila+ wònye, ne wòaƒo koko ɖe tawò+ be nàtsi agbe. Ke ne mègbugbɔ nyɔnua ɖo ɖee o la, nyae be ku kee nàku, wò ŋutɔ kple wò amewo katã.”
-
-
Mateo 27:19Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
19 Azɔ hã, esi wòbɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpuia dzi la, srɔ̃a ɖo ame ɖee be: “Mègawɔ naneke ame dzɔdzɔe ma o, elabena mekpe fu geɖe le drɔ̃eƒe egbea le eta.”
-