-
Hiob 2:1-3Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
2 Emegbe esi ŋkeke la ɖo be Mawu vavã la ƒe viwo*+ nava tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume la,+ Satana hã le wo dome va tɔ ɖe Yehowa ŋkume.+
2 Eye Yehowa bia Satana be: “Afi kae nètso?” Satana ɖo eŋu na Yehowa be: “Metso tsatsa ge le anyigba dzi kple tsa ɖi ge le edzi.”+ 3 Yehowa bia Satana be: “Èlé ŋku ɖe nye subɔla Hiob ŋua? Ame aɖeke mede enu le anyigba dzi o. Enye ame dzɔdzɔe si wɔa nuteƒe,*+ evɔ̃a Mawu, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi. Egalé eƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi kokoko,+ togbɔ be nède adã tame nam ɖe eŋu+ be magblẽ edome* naneke mawɔmawɔe hã.”
-