INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Psalmo 14:1-7
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 14 Bometsila* gblɔna le eƒe dzi me be:

      “Yehowa aɖeke meli o.”+

      Wowɔa nu gbegblẽ, wowɔa ŋunyɔnuwo;

      Ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o.+

       2 Ke Yehowa léa ŋku ɖe amegbetɔviwo ŋu tso dziƒo

      Be yeakpɔe ɖa be ame aɖe li si sea nu gɔme, eye wòbiaa Yehowa ta sena hã.+

       3 Wo katã wodze ɖe aga;+

      Wo katã wogblẽ.

      Ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o,

      Ðeka hɔ̃ hã meli o.

       4 Ðe nu tovo wɔlawo dometɔ aɖeke medzea si nu oa?

      Wole nye dukɔ la ɖum hamham abe abolo ene.

      Womeyɔa Yehowa o.

       5 Ke ŋɔdzi gã alé wo,+

      Elabena Yehowa li kple ame dzɔdzɔewo ƒe dzidzime.

       6 Nu tovo wɔlawo le agbagba dzem be yewoagblẽ ame tsɛ ƒe ɖoɖowo me,

      Ke Yehowae nye eƒe sitsoƒe.+

       7 Oo, ne ɖe xɔname atso Zion ava na Israel ɖe!+

      Ne Yehowa gakplɔ eƒe aboyomewo gbɔe la,

      Ekema Yakob nekpɔ dzidzɔ, Israel netso aseye.

  • Romatɔwo 3:10
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 10 abe ale si woŋlɔe ɖi ene be: “Ame dzɔdzɔe aɖeke meli o, ɖeka hɔ̃ hã meli o;+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe