-
Hiob 34:11Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
11 Elabena eɖoa eteƒe na ame ɖe eƒe nuwɔwɔ nu+
Eye wòhea ame ƒe nuwɔnawo me tsonu vaa edzi.
-
-
Romatɔwo 2:6Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
6 Aɖo eteƒe na ame sia ame ɖe eƒe dɔwɔwɔwo nu:+
-
-
2 Timoteo 4:14Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
14 Aleksandro, akɔblinutula la, wɔ nu vevi geɖem. Yehowa aɖo eteƒe nɛ ɖe eƒe nuwɔnawo nu.+
-
-
Nyaɖeɖefia 20:12, 13Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
12 Eye mekpɔ ame kukuwo, ame tsɛwo kple ame ŋkutawo siaa, le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye woʋu agbalẽwo. Eye woʋu agbalẽ bubu aɖe; eyae nye agbegbalẽ+ la. Eye wodrɔ̃ ʋɔnu ame kukuawo ɖe nu siwo woŋlɔ ɖe agbalẽawo me le woƒe dɔwɔwɔwo ŋuti la nu.+ 13 Eye atsiaƒu ɖe ame kuku siwo le eme la na, eye ku kple Tsiẽƒe* ɖe ame kuku siwo le wo me la na, eye wodrɔ̃ ʋɔnu wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe eƒe dɔwɔwɔwo nu.+
-