21 Azɔ Mose do eƒe asi ɖe atsiaƒu la dzi;+ ale Yehowa na ɣedzeƒeya sesẽ ƒo zã blibo la katã hetutu atsiaƒu la ɖe megbe, eye wòna atsiaƒu la gɔme zu ƒuƒuiƒe,+ eye tsi la me ma ɖe akpa eve.+ 22 Eye Israel-viwo zɔ to ƒuƒuiƒe le atsiaƒu la me,+ esime tsia zu abe gli ene le woƒe ɖusime kple miame.+