-
Yosua 3:15, 16Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
15 Eye esi Aɖaka la kɔlawo va ɖo Yordan nu, eye nunɔla siwo kɔ Aɖaka la ƒe afɔ nya ka tsiawo me ko la (Yordan ɖɔ gbagba gbɔ eƒe goawo katã ŋu+ le nuŋeɣi blibo la katã), 16 tsi siwo le sisim tso dzigbe gbɔna anyime la tɔ. Womli kɔ abe gli ene va ɖo keke Adam, si nye du si le Zaretan xa ke, eye tsi siwo nɔ sisim yi Araba-ƒu, si nye Dzeƒu* la, me la mie. Wo nu tso, eye dukɔ la tso tɔa le Yeriko ŋgɔ.
-