-
4 Mose 31:27Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
27 Eye nàma nu siwo woha la ɖe akpa eve na ame siwo wodɔ ɖe aʋa la kple ha la me tɔ susɔeawo katã.+
-
-
1 Samuel 30:23-25Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
23 Ke David gblɔ be: “Nɔvinyewo, migawɔ alea o! Yehowae tsɔ nu siawo na mí, ekpɔ mía ta, eye wòtsɔ adzoha si va dze mía dzi la de asi na mí.+ 24 Eye ame kae aɖo to mi le nya sia me? Ke ame si de aʋa la ƒe gome nasɔ kple ame si tsi agbawo gbɔ la ƒe gome.+ Ame sia ame naxɔe sɔsɔe.”+ 25 Eye tso gbe ma gbe dzi la, nya si David gblɔ la zu se kple ɖoɖo le Israel va se ɖe egbe sia.
-