-
Yosua 10:5Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
5 Ale Amoritɔwo+ ƒe fia atɔ̃ siwo nye Yerusalem-fia, Hebron-fia, Yarmut-fia, Lakis-fia, Eglon-fia kple woƒe aʋakɔwo katã ƒo ƒu, eye wova ƒu asaɖa anyi ɖe Gibeon ŋu be yewoakpe aʋa kplii.
-
-
Yosua 10:10Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
10 Eye Yehowa na wotɔtɔ le Israel ŋkume,+ eye wowu wo eteƒe mekɔ o le Gibeon, eye wokplɔ wo ɖo to todzimɔ si yi Bet-Horon, eye wonɔ wo wum va se ɖe keke Azeka kple Makeda ke.
-